Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia me Nyateƒea Tsɔtsɔ Yi na Pigmiwo

Biblia me Nyateƒea Tsɔtsɔ Yi na Pigmiwo

Biblia me Nyateƒea Tsɔtsɔ Yi na Pigmiwo

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CAMEROON GBƆ

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoatsɔ Mawu Fiaɖuƒe gbedasia ayi na ‘ameƒomeviwo katã’ le dukɔ siwo wu 230 me le xexeame godoo. (Timoteo I, 2:4; Mateo 24:14) Amesiawo dometɔ aɖewoe nye “Pigmi” alo ame kpuikpui siwo le Afrika, amesiwo ƒe kɔkɔme nyea meta 1 kple sentimeta 20 va ɖo meta 1 kple sentimeta 40 ko. Afisiwo koŋ amesiawo lee nye Central African Republic, Congo-tɔsisia ƒe nutome, kple Cameroon ƒe anyiehe ɣedzeƒe nutome ƒe avetsuwo me.

Zi gbãtɔ si woŋlɔ nu tso gododo Pigmiawo ŋue nye esime Egipte-fia Farao Neferirkare dɔ amewo be woava kpɔ afisi nye Nil-tɔsisia ƒe dzɔƒe. Amedɔdɔawo gbɔ va gblɔ be yewodo go amesiwo le kpuie ŋutɔ le Afrika ƒe ave totrowo me. Eye emegbe Helatɔ agbalẽŋlɔla Homer kple xexemenunyala Aristotle hã ƒo nu tso Pigmiawo ŋu. Ƒe alafa 16 kple 17 lia mee Europatɔwo va do go amesiawo.

Le míaƒe ɣeyiɣiawo me la, Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le Afrika-vewo me. Togbɔ be Pigmiawo ɖoa to ne wogblɔ Fiaɖuƒegbedasia na wo hã la, agbagba siwo wodzena be woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo le wo dome ŋu la ƒe akpa gãtɔ medze edzi o. Pigmiawo ƒe teƒe ɖeka manɔmanɔ gbɔe wòtso—woʋuna yia teƒeteƒewo le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me.

Pigmiwo nye ame fafawo kple amesiwo ŋu kpena, eye wobui be woƒe xexlẽme le Afrika anɔ ame 150,000 kple 300,000 domee. Dziɖuɖuwo, dukɔwo dome habɔbɔwo, kple sɔlemehawo ɖo sukuwo na Pigmiwo koŋ tsɔ kpe ɖe xɔvi siwo asɔ na wo la ŋu. Ke hã agbagbadzedze geɖe siawo be woana woanɔ teƒe ɖeka la ƒe akpa gãtɔ medze edzi o.

Ame aɖe si tɔ to vovo le Cameroon wòɖe dzesie nye Janvier Mbaki, Pigmi gbãtɔ si wonya be eva zu Ðasefo le afisia. Esi wòxlẽ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi si me nutatawo le tsɔ kpe ɖe agbalẽ bubuwo ŋu la, ewɔ ɖe Biblia me gbedasia dzi. * Janvier xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2002 me, eye fifia enye mɔɖela, si nye ŋkɔ si Yehowa Ðasefowo yɔna na woƒe subɔla siwo ɖea gbeƒã ɣeawokatãɣi. Enye subɔsubɔdɔwɔla hã le Kristo-hame si me wòle le Mbang, si nye duvi aɖe si le dukɔ ma ƒe anyiehe ɣedzeƒe kpa dzi la me. Etsɔme hafi míanya ne Pigmi bubuwo le Cameroon atso nya me be yewoasubɔ Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la, si nye amesi lɔ̃ ‘ameƒomeviwo katã.’—g04 8/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Yehowa Ðasefowoe tae gake womegatanɛ fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Janvier Mbaki—Pigmi gbãtɔ si wonya le Cameroon be ezu Ðasefo la le gbeƒã ɖem