Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fofo si Ƒomevi Ðeviwo Hiã

Fofo si Ƒomevi Ðeviwo Hiã

Fofo si Ƒomevi Ðeviwo Hiã

ÐEVIWO hiã fofo si alɔ̃ wo, amesi akpɔ vovo ɖe wo ŋu, eye wòawɔ nusianu si wòate ŋui atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatsi azu ame ɖɔʋu siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Gake togbɔ be ɖeviwo hiã fofo siawo tɔgbe hã la, wometsɔ vevienyenye si dze na nya sia o.

Nyateƒee, nyɔnuwoe dzia vi, eye vidada nyuiwo wɔa akpa vevi aɖe ŋutɔ. Gake esi The Wilson Quarterly magazine nɔ nu ƒom tso alesi vifofowo hã wɔa akpa vevi aɖee ŋu la, egblɔ be: “Fofowo kple wo viwo dome ƒomedodo me ƒe gbegblẽ koŋ gbɔe kuxi siwo ɖea fu na Amerikatɔwo wu la dometɔ geɖe tso”—eye, míate ŋu agblɔ be eya ke gbɔe xexeame ƒe akpa bubuawo tɔ hã tso.

Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Jornal da Tarde ƒo nu tso numekuku aɖe ŋu, si me wokpɔ le be sɔhɛwo ƒe agbenɔnɔ kuxiwo dometɔ geɖe—abe gedidi, tosesẽ, numanyamanya le suku, kple ɖekematsɔleme ene—nye “nusiwo tsoa vifofo ƒe anyimanɔmanɔ gbɔ” zi geɖe. Eye Italytɔwo ƒe agbalẽ si nye Gli imperfetti genitori (Dzila Madeblibowo) si Marcello Bernardi ŋlɔ te gbe ɖe edzi be nu nyuitɔe nye be ɖeviwo hiã dzila evea siaa ƒe amenyinyi hafi woatsi nu nadze edzi na wo.

Woate Ŋu Atrɔ Asi Le Ƒomegbenɔnɔ Ŋu Wòanyo

Ne vifofo si metsɔ ɖeke le eme na eƒe ƒomea o gbɔe ƒomekuxi aɖewo tso alo eya gbɔe akpa gãtɔ tso hã la, mefia be womate ŋu aɖɔ nuwo ɖo eye ƒomegbenɔnɔ nanyo o. Aleke woawɔe? Nukae wòle be vifofo nawɔ?

Eme kɔ kɔte be ɖeviwo hiã ƒome ƒe ɖoɖoa, ehiã be woakpɔ be ame aɖe tsɔ ɖe le yewoƒe nyonyo me. Ne nuwo meyi nenema o, abe alesi wòdzɔnae zi geɖe egbea ene la, egblẽa nu le ɖeviwo ŋu ŋutɔ. Togbɔ be ele nenema hã la, mɔkpɔkpɔ mebu o, vifofo la ɖale ƒomea me hetsɔ ɖe le eme na wo alo meli kura o alo eli gake metsɔ ɖeke le eme na wo o. Biblia gblɔ le Psalmo 68:6 be: ‘Tsyɔ̃eviwo fofo enye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.’ *

Alesi Nàwɔ Akpɔ Kpekpeɖeŋu

Míate ŋu akpɔ alesi Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hiã bene nuwo nadze edzi na ame eye be enye nusi ate ŋu asu ame si le nusiwo me Lidia si nye Poland nyɔnuvi si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me to la me. Aleke nuwo nɔ le aƒeme le woƒe ƒomea me? Aleke wowɔ woƒe ƒomea xɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu?

Lidia fofo Franciszek lɔ̃ ɖe edzi be le ɖeviawo ƒe ɖevime la, yemetsɔ ɖeke le yeƒe ƒomea ƒe nya me o, abe alesi ye vinyɔnua gblɔe ene. Egblɔ be: “Nyemetsɔ ɖeke le nusi mía viawo wɔna me o. Nyemeɖe lɔlɔ̃ fia wo o, eyata kadodo aɖeke menɔ mía dome o.” Eyata esime Lidia xɔ ƒe 14 la, wo kple tsɛa kple ƒea nɔa aglotuƒewo dem, wonɔa atama zãm, wonɔa aha sesẽ nom, eye wonɔa kɔ dam gake menya o.

Mlɔeba Franciszek va kpɔ afɔku si me viawo nɔ gegem ɖo, eye dzika tso eƒo wòdi be yeawɔ nane le eŋu. Egblɔ be, “Medo gbe ɖa na Mawu be nekpe ɖe ŋunye.” Nukutɔe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, Yehowa Ðasefowo va eƒe aƒeme eye wo kple srɔ̃a wolɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia. Mlɔeba dzilawo va nɔ Biblia ƒe nufiafiawo tsɔm nɔ dɔ wɔm le woƒe agbenɔnɔ me. Ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe ɖeviawo dzi?

Franciszek ɖe eme be: “Wova de dzesii be medzudzɔ ahanono eye meva nɔ vifofo nyui zum. Wodi be yewoanya nu le Yehowa Ðasefowo ŋu ayi ŋgɔe. Woawo hã va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye woɖe asi le hadede vɔ̃wo ŋu.” Wo viŋutsu Rafał gblɔ le fofoa ŋu be: “Meva lɔ̃e abe xɔ̃nye ene.” Egblɔ kpee be: “Enumake gbevuviwo ƒe hadede megaɖi naneke nam o. Míaƒe ŋku biã ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu.”

Fifia Franciszek zu Kristotɔ hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me eye wògatsɔa ɖe le eƒe ƒomea kple wo me tɔ ɖesiaɖe ƒe gbɔgbɔmetsitsi me. Srɔ̃a kple Lidia wonye mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo. Rafał kple ƒea Sylwia tsɔa luʋɔ blibo kpɔa gome le Biblia sɔsrɔ̃, nyaŋuɖoɖo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, kple woƒe xɔse ŋu nya gbɔgblɔ na amewo me.

Eya Ŋutɔ Wɔna Ðe Nusi Wòfiana Dzi

Na míagade ŋugble le nusi dzɔ le Macarena fofo Luis gome hã ŋu. Ðo ŋku edzi be eyae nye ɖetugbi ƒe 21 vi si le Spain si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me. Luis ŋutɔ fofo si nye ahatsunola ƒe kɔe Luis tsɔ. Abe alesi Macarena gblɔe ene la, wo kple exɔlɔ̃wo wodona maklãmaklãe ɣeaɖewoɣi wòxɔa ŋkekewo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖeko wònɔa nu wɔm ɖe srɔ̃a ŋu abe eƒe subɔvi ene, menye abe srɔ̃a lɔlɔ̃a ene o. Woƒe srɔ̃ɖeɖea me de gbegblẽ ge kloe, eye wònye nuxaxa gã aɖe na Macarena kple eyometɔewo.

Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Luis lɔ̃ be ye kple Yehowa Ðasefowo yewoasrɔ̃ Biblia. Eɖe nu me be: “Meva dia ɣeyiɣi nɔa srɔ̃nye kple vinyewo gbɔ. Míeɖoa dze ɖekae, míeɖua nu ɖekae, eye míesrɔ̃a Biblia ɖekae. Míewɔa aƒemedɔwo hã ɖekae eye míeɖea modzaka ɖekae.” Macarena gblɔ be: “Meva nɔ ekpɔm be fofo lɔ̃ame si tsɔ ɖe le eme na eƒe ƒomea va ɖo mía si.”

Nu vevi aɖe si míade dzesii enye be menye ɖeko Luis de dzi ƒo na eƒe ƒomea me tɔwo be woasubɔ Mawu ko evɔ o ke eya ŋutɔ hã tsɔ nusi wòfiaa wo la dea dɔwɔwɔ me. Macarena ɖe nu me be: “Eɖe asi le dɔ aɖe si ƒe fetu lolo ŋu elabena exɔa ɣeyiɣi nɛ akpa eye wòdi be yeƒe susu nanɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo ŋu wu.” Eƒe afɔɖeɖe sia ɖe vi geɖe. Macarena gblɔ be: “Eƒe kpɔɖeŋua fiam be magato ŋku gã o eye be matsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.” Fifia Macarena zu mɔɖela, eye dadaa kple eyometɔwo nye Kristo-hamea me tɔ siwo doa vevie nu.

Ketekedɔwɔƒe ƒe Amegã la ƒe Nyametsotso

Eme kɔ kɔte be fofo si ƒomevi hiã ɖeviwoe nye fofo si bua viawo ŋu ne ele nya me tsom. Japantɔ dɔmemegã Takeshi Tamura si ƒe nya míegblɔ le nyati si va yi me la viŋutsu si nye ƒewuivi la va nɔ ha vɔ̃wo dem eye wòdze ƒã be egbɔna ɖe gege ge ɖe afɔku gã aɖe me. Nusia nɔ dzɔdzɔm le ƒe 1986 me, si nye ƒe si me Takeshi ɖoe be yeaɖe asi le yeƒe amegãnɔƒe si nɔ ye si la ŋu le Japan Dukɔa ƒe Ketekedɔwɔƒe. Ewu ƒe 18 ye nye sia si Takeshi tso nya me nenema, aleke wòse le eɖokui me le nyametsotso ma ŋu egbea?

Egblɔ nyitsɔ laa be: “Ðewohĩ emae nye nyametsotso nyuitɔ kekeake si mewɔ le nye agbe me. Vovokpɔkpɔ ɖe vinyeŋutsua ŋu be míewɔa nuwo ɖekae, si me Biblia sɔsrɔ̃ kplii hã le, ɖe vi geɖe. Míezu xɔlɔ̃wo eye etso eƒe hadedeawo me eye wòɖe asi le eƒe agbenɔnɔ masɔmasɔa hã ŋu.”

Ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, Takeshi srɔ̃nyɔnu va zu Yehowa Ðasefo, eye le eƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ta la, srɔ̃a va te Biblia sɔsrɔ̃ heva te ɖetsɔtsɔ le eme na ƒomea. Emegbe eya ŋutɔ, viaŋutsu, kple vianyɔnu, wo katã wova zu Ðasefowo. Fifia Takeshi kple viaŋutsu wonye hamemegãwo le hame siwo me wole me, eye srɔ̃a kple vianyɔnu nye mɔɖelawo.

Vifofowo Hiã Kpekpeɖeŋu

Togbɔ be vifofo geɖe nyae be yewole yewo viwo gblẽm ɖi hã la, womenya nusi woawɔ na wo o. Spaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ La Vanguardia me nyati aɖe ƒe tanya gblɔ be: “Dzila [Spaintɔ] 42 le Alafa me Lɔ̃ Ðe Edzi be Yewomenya Alesi Yewoahe Yewo Vi Ƒewuiviwoe O.” Gake woate ŋu agblɔ nya ma ke le vifofo siwo ƒe viwo meɖo ƒewui me haɖe o kple ɖevi suesuewo fofowo hã ŋu. Ðevi sue siawo hã hiã fofo siwo kpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu ƒe anyinɔnɔ, togbɔ be ame geɖe mebunɛ alea o hã.

Nu bubu kawoe míagate ŋu asrɔ̃ le fofo nyui nyenye ŋu? Amekawoe nye kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖolawo na vifofowo, eye nukae woate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ? Míaɖo biabia siawo ŋu le míaƒe nyati mamlɛa me.—g04 8/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Taflatse xlẽ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta si nye “Dzilaɖekaƒomewo Ate Ŋu Akpɔ Dzidzedze!”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Fofo siwo na nusiwo wo viwo hiã la wo

Franciszek kple woƒe ƒomea

Luis kple woƒe ƒomea

Takeshi kple woƒe ƒomea