Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Tagbɔdɔ Le Fu Ðem na Wò Ame Aɖe

Ne Tagbɔdɔ Le Fu Ðem na Wò Ame Aɖe

Ne Tagbɔdɔ Le Fu Ðem na Wò Ame Aɖe

ÐEKO gbemagbe hã dze egɔme abe dɔwɔŋkeke bubu ɖesiaɖe ƒe ŋdi me ene na Johnson ƒomea. * Wo ame ene siwo le ƒomea me fɔ eye wodzra ɖo na gbemagbe ƒe dɔwo gɔmedzedze. Gail ɖo ŋku edzi na viaŋutsu Matt si xɔ ƒe 14 be etsi megbe na woƒe suku bɔs ɖoɖo. Ame aɖeke menɔ mɔkpɔkpɔ me kura na nusi dzɔ emegbe o. Le gaƒoƒo afã me la, Matt tsɔ aŋɔsimɔ wu aŋɔ ɖe woƒe xɔdɔme ƒe gli ŋu, edi be yeatɔ dzo woƒe ʋudaɖoƒe, eye wòdi be yeade ka ve na ye ɖokui hã ɖe xɔvi si le xɔa tame la me.

Gail kple srɔ̃aŋutsu Frank wodze ʋu si tsɔ Matt yi kɔdzii yome eye wonɔ agbagba dzem be yewoase nusi dzɔ ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ma la gɔme. Gake nublanuitɔe la, dɔa ƒe gɔmedzedze koe nye ema. Matt wɔ nu vovovo siwo fia be tagbɔ le fu ɖem nɛ, si wɔe be eya hã va zu nublanuitɔ siwo tagbɔdɔ le fu ɖem na la dometɔ ɖeka. Nusiwo me wòto le ƒe atɔ̃ siwo me dɔa wɔ fui ƒe ɖewoe nye ete kpɔ zi nane be yeawu ye ɖokui, setɔwo lée zi eve, wosikae ɖe tagbɔdɔdaƒe adre kpɔ, eye wo kple tagbɔdɔdala bibiwo wowɔ kpekpe zi gbɔ zi nane. Zi geɖe la, exɔlɔ̃ kple ƒometɔ siwo tɔtɔ la menyaa nusi woagblɔ alo awɔ o.

Wobu akɔnta be le ame 4 ɖesiaɖe me le xexeame godoo la, tagbɔdɔ aɖe fu na ame 1 le eƒe agbe me ƒe ɣeyiɣi aɖe me. Ne míebu amesiwo gbegbe ŋu akɔntabubu ma fia be dɔ sia agblẽ nu le ŋuti la, míakpɔ be ate ŋu adzɔ be tagbɔdɔ ƒomevi aɖe naɖe fu na dziwòla, viwò, nɔviwò, alo xɔ̃wò aɖe. Nukae nàte ŋu awɔ ne dɔ sia le fu ɖem na wò ame aɖe?

Nya eƒe dzesiwo. Ate ŋu adzɔ be womakpɔ tagbɔdɔ ƒe ame ŋu nɔnɔ ƒe dzesiwo adze sii enumake o. Ne xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo kpɔ dzesiawo la, ɖewohĩ woate ŋu agblɔ be lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ gbɔe tɔtrɔ siawo tso alo be lãmedɔe, alo amea ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔe alo nɔnɔme sesẽ aɖewo me tom amea le tae. Matt dada kpɔ dzesi aɖewo le Matt ŋu kpɔ va yi si fia be nanewo menɔ edzi yim nyuie o, gake edzilawo susui be ƒewuiwo me ɖoɖo ƒe tɔtrɔ aɖe si nu ava yi ɣeyiɣi kpui aɖe koe wònye. Gake ne tɔtrɔ gãwo va le ame ƒe alɔ̃dɔdɔ, nuɖuɖu, alo nuwɔna me la, ate ŋu afia be nane si sẽ wu le amea wɔm. Ne dɔ sia dalawo kpɔ miaƒe amea gbɔ la, ate ŋu adzɔ be woadae nɛ eye nuwo naka ɖe eme nɛ kura.

Srɔ̃ nu tso dɔa ŋu. Zi geɖe la, ŋutete boo menɔa tagbɔdɔlélawo ŋutɔ ŋu be woaku nu me le woƒe dɔa ŋu o. Eyata nusiwo nàsrɔ̃ le dɔa ŋuti tso egbegbe nyatakakatsoƒe siwo ŋu kakaɖedzi le me akpe ɖe ŋuwò nàse nusi me tom wò amea le la gɔme. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nàƒo nu le eŋu na amewo nyuie tẽ. Le kpɔɖeŋu me, Gail tsɔ atikegbalẽviwo na Matt tɔgbui kple mamaa, si na woƒe dzi dze eme be yewonya nusi le dzɔdzɔm ɖe ɖevia dzi eye be woakpɔ nusi woawo hã ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋui.

Di edalawo. Togbɔ be tagbɔdɔ aɖewo nɔa anyi didina hã la, atike si sɔ zazã ate ŋu ana eléla geɖe nanɔ agbe si da sɔ eye woate ŋu anɔ dɔ wɔm. Gake nublanuitɔe la, dɔa nɔa amewo ŋu ƒe geɖe kpeɖeŋutɔ makpɔmakpɔe. Abe alesi wòhiã be woayi dzidɔdala gbɔe ne dzidɔ sesẽ le ame ŋu ene la, nenema ke wòhiã be woakplɔ tagbɔdɔlélawo ayi amesiwo te ŋu danɛ gbɔe. Le kpɔɖeŋu me, tagbɔdɔdalawo ate ŋu ana atike ame, si ne wozã wo ɖe ɖoɖo nu la, ate ŋu ana amea nadze akɔ anyi, eye wòaɖe amea ƒe dzodzodzoetsitsi dzi akpɔtɔ, eye wòana wòabu tame ɖe ɖoɖo nu. *

De dzi ƒo na dɔnɔa be wòadi kpekpeɖeŋu. Amesiwo ŋu tagbɔdɔ le manya be yewohiã kpekpeɖeŋu o. Àte ŋu adoe ɖe dɔnɔa gbɔ be wòakpɔ ɖɔkta, axlẽ nyati aɖewo siwo akpe ɖe eŋu, alo wòaɖo dze kple ame aɖe si dzi dɔ sia tɔgbe dze kpɔ gake wòte ŋu kpe edzi, alo amesi te ŋu kpɔ dɔ sia léla aɖe gbɔ nyuie. Ðewohĩ wò ame si dze dɔa malɔ̃ axɔ aɖaŋu siwo nàɖo nɛ o. Gake dze agbagba ɖesiaɖe nàde nu eme ne èkpɔ be ate ŋu awɔ nuvevi eɖokui alo ame bubuwo.

Mègaɖe vodada nɛ o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mete ŋu se alesi nu vovovo siwo ƒe ɖewoe nye domenyiŋusẽ, nuto si me wole, kple hadomegbenɔnɔ gblẽa nu le ame ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ nyuie ŋu me bliboe o. Nu vovovo siwo ƒe ƒuƒoƒo ate ŋu ana tagbɔdɔ naɖe fu na ame la dometɔ aɖewoe nye ne nuvevi aɖe wɔ ame ƒe ahɔhɔ̃, atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono, nuto si me wole me nu siwo ate ŋu ana nu nate ɖe ame dzi, lãmetsiwo ƒe ɖoɖo nu manɔmanɔ le ame me, kple alesi wòate ŋu anɔ bɔbɔe be woaxɔ tagbɔdɔ tso ƒome mee. Maɖe vi aɖeke be nànɔ fɔ bum amewo ɖe nusiwo nèsusu be wowɔ tae dɔa dze wo dzi ta o. Anyo wu be nàbu nusi nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu ahade dzi ƒo na wo ŋu boŋ.

Nusi nèle mɔ kpɔm na nesɔ. Ate ŋu aɖe dzi le dɔnɔa ƒo ne èle mɔ kpɔm na nane si mate ŋu awɔ o tso egbɔ. Nenema ke ebubu be ŋutete aɖeke mele amea ŋu o wu alesi dze hã ana eƒe nu nawɔ nublanui na eɖokui. Eyata na nusiwo nèle mɔ kpɔm na tso egbɔ la nesɔ. Mele be woaɖe mɔ ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋu ya o. Abe ame bubu ɖesiaɖe ene la, tagbɔdɔlélawo hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso woƒe nuwɔnawo metsonuwo me. Ŋutasesẽnuwo wɔwɔ ana wòahiã be amea nage ɖe setɔwo si me alo be womagaɖe mɔ nɛ ɖe amewo dome nuwɔna aɖewo ŋu o ɖe eya ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe takpɔkpɔ ta.

Kadodo nenɔ mia dome. Ele vevie be nuƒoƒo kadodo nanɔ mia dome, togbɔ be ɣeaɖewoɣi amea ase wò nyawo me bubui hã. Ɣeaɖewoɣi mànya alesi tagbɔdɔléla awɔ nu ɖe wò nyawo ŋui o eye eƒe seselelãmewo masɔ ɖe nusi le dzɔdzɔm nu o. Gake ne èɖea vodada nɛ ɖe nya siwo wògblɔ ta la, ɖeko wòana wòaganɔ fɔ bum eɖokui tsɔ kpe ɖe eƒe blanuilélea ŋu. Ne mele wò nyawo me sem o la, zi kpoo eye nàse eƒe nyawo nɛ. Lɔ̃ ɖe eƒe seselelãme kple susu dzi esi màbu fɔe o. Dze agbagba nàgbɔ dzi ɖi nɛ. Aɖe vi na mia kple wò amea ne ɣesiaɣi èɖenɛ fiana ko be yetsɔ ɖe le eme nɛ. Aleae wònɔ le Matt gome. Le ƒe aɖewo megbe la, eda akpe na amesiwo ŋu wògblɔ le be “wonɔ kpekpem ɖe ŋunye esime nyemedi woƒe kpekpeɖeŋu o.”

Bu ƒomea me tɔ bubuwo ƒe nuhiahiãwo ŋu. Ne edzɔ be ehiã be ƒomea natrɔ woƒe susu ɖe dɔnɔa ŋu la, ate ŋu adzɔ be woƒe susu nadzo le ƒomea me tɔ susɔeawo dzi. Va de asi na ɣeyiɣi aɖe la, ewɔ na Matt daa Amy be “le ye nɔvia ƒe dɔa ta womegabua ye ŋu o.” Eɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi kpɔtɔ bene yemagagblẽ ye ɖokui ɖi o. Gake edze abe ɖe edzilawo di be wòawɔ geɖe wu, abe ɖe wodi be wòawɔ efoa tɔ akpee ene. Ðevi aɖewo siwo ŋu woɖe susu le le nɔnɔme sia me tenɛ kpɔ be yewoawɔ nu gbegblẽ ale be woatrɔ susu ɖe yewo hã ŋu. Ƒome siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la hiã kpekpeɖeŋu le tenɔnɔ ɖe hiahiã vovovo siwo gbɔ wòle be woakpɔ nu me. Le kpɔɖeŋu me, esi Matt ƒe nya la xɔ susu me na Johnson ƒe ƒomea la, wo nɔvi siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ me kpe ɖe Amy ŋu tsɔa beléle tɔxɛ nɛ.

De dzi ƒo na amea be wòawɔ nusiwo ana eƒe susu nanɔ te. Ele be woawɔ ɖoɖo nyui alé ŋku ɖe nuɖuɖu, kamedede, alɔ̃dɔdɔ, kple hadome nuwɔnawo hã ŋu bene woatsɔ akpe ɖe amea ƒe susu ƒe ŋutenɔnɔ ŋu. Zi geɖe la, ŋɔdzi menɔa nusiwo mesesẽ o wɔwɔ kple xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo me o. Ðo ŋku edzi be ahanono ate ŋu agaho dɔa eye wòaɖe fu na atike si zãm wòle. Johnson ƒe ƒomea dzea agbagba be yewoawɔ nusi ana ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ƒe susu nanɔ te, vevietɔ wo viŋutsua koŋ.

Lé be na ɖokuiwò. Fu siwo le amesi ŋu tagbɔdɔ le dzikpɔkpɔ me ate ŋu agblẽ nu le wò ŋutɔ ŋuwò. Eyata ele vevie be nàlé ŋku ɖe wò ŋutilã me, seselelãme, kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu. Yehowa Ðasefowoe Johnson ƒe ƒomea nye. Gail kpɔ be yeƒe xɔse kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ le kuxi si dze ŋgɔ ƒomea gbɔ kpɔkpɔ me. Egblɔ be: “Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖea nuteɖeamedziwo ɖa, wonye ɣeyiɣi si woɖona ɖi be woaɖe susu le nusiwo le fu ɖem na ame enumake ŋu abu nusiwo le vevie wu kple míaƒe mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔa ŋu. Medoa gbe ɖa vevie zi gbɔ zi geɖe biana be makpɔ gbɔdzɔe eye ɣesiaɣi la, tɔtrɔ aɖe vana si ɖea vevesesea dzi kpɔtɔna. Le Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me, mekpɔ susu me ƒe akɔdzeanyi si màxɔe se be makpɔ le nɔnɔme si me tom míele ta o.”

Fifia Matt zu ɖekakpui eye wòtsɔa susu yeye bua nuwo ŋui. Egblɔ be, “Mekpɔ be mezu ame ɖɔʋu wu le nusiwo me meto ta.” Matt daa Amy kpɔ be nusi dzɔ la ɖe vi na ye hã. Egblɔ be: “Ena nyemegaɖea ɖeklemi amewo fũ o. Mènya nusi le fu ɖem na ame aɖe si tae wòle nane wɔm ɖo o. Yehowa Mawu koe nya.”

Ne tagbɔdɔ le fu ɖem na wò ame aɖe la, ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be lɔlɔ̃ be woase amea ƒe nya nɛ, kpekpe ɖe eŋu, kple lɔlɔ̃ faa be yeakpe ɖe amea ŋu nazãmabumabui ate ŋu akpe ɖe eŋu wòato eme ado—eye nuwo nadze edzi nɛ hã.—g04 9/8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 7 Enyo be woabu atikea ƒe viɖewo kple nusiwo wòate ŋu agblẽ siaa ŋu. Nyɔ! metɔa asi atike aɖeke dzi dea ewɔwɔ ƒe dzi ƒo na ame o. Ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be atike ɖesiaɖe si yewoawɔ la metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o.

[Aɖaka si le axa 21]

Tagbɔdɔ ƒe Dzesi Aɖewo

Ne dzesi siwo gbɔna dze le wò ame aɖe ŋu la, ekema ahiã be woana wòakpɔ ɖɔkta alo tagbɔdɔdala aɖe:

• Blanuiléle alo dzibibi kabakaba ɣeyiɣi didi aɖe

• Ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga

• Dzidzɔkpɔkpɔ alo blanuiléle wòagbɔ eme

• Dzikukpɔkpɔ vevie si gbɔ eme

• Ŋutasesẽnuwɔwɔ

• Atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono

• Vɔvɔ̃, dzimaɖitsitsi, kple dzodzodzoetsitsi siwo gbɔ eme

• Vɔvɔ̃ si mesɔ o be woava lolo akpa

• Tɔtrɔ gãwo le amea ƒe nuɖuɖu kple alɔ̃dɔdɔ me

• Drɔ̃e baɖabaɖawo kuku edziedzi

• Tɔtɔ le amea ƒe tamebubu me

• Tɔtete ɖe edzi be nane siwo meli o la li alo be amea nagblɔ be yele nane kpɔm alo yele nane sem evɔ naneke meli nenema o

• Ku kple ame ɖokui wuwu ƒe susu ƒe tame vava na ame

• Tenɔnɔ ɖe kuxiwo kple gbesiagbedɔwo nu ƒe ŋutete manɔamesi

• Gbegbe be kuxi aɖeke meli o evɔ wodze gaglãa hafi

• Lãmegbegblẽ edziedzi gake mànya nusitae o

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ne mele wò nyawo me sem o la, zi kpoo eye nàse eƒe nyawo nɛ