Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Ƒome Tanyenye Fia?

Nukae Ƒome Tanyenye Fia?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Nukae Ƒome Tanyenye Fia?

BIBLIA gblɔ be “nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu.” (Korintotɔwo I, 11:3; Efesotɔwo 5:23) Gake amesiwo gblɔna be yewodea bubu Biblia ŋu dometɔ geɖewo bunɛ be menye ɖeko srɔ̃ŋutsu ƒe tanyenye nya la zu tsigãdzinu ko o ke boŋ afɔku hã le eŋu. Atsu kple asi aɖe gblɔ bena: “Ne wowɔ ɖe nufiafia si nye be nyɔnuwo ‘nabɔbɔ wo ɖokui tso dzi me’ [na wo srɔ̃wo] dzi wògbɔ eme la, ate ŋu ana woava nɔ eŋudɔ wɔm le mɔ gbegblẽ nu le ŋutilã kple seselelãme siaa gome.” Nublanuitɔe la, tanyenye zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu bɔ ŋutɔ. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Wobua srɔ̃nyɔnuwo ƒoƒo be esɔ le dukɔ geɖewo me—be enye ŋutsuwo ƒe gomenɔamesi si wokafuna le hadzidziwo, lododowo kple srɔ̃kpekpe wɔnawo me.”

Ame aɖewo gblɔna be tanyenye ƒe gɔmeɖose si le Biblia mee he ŋutasẽnuwɔna siawo vɛ. Ðe Biblia ƒe nufiafia ku ɖe tanyenye ŋu doa vlo nyɔnuwo eye wòde aƒeme ŋutasesẽ dzia? Nuka tututue wòfia be woanye ƒome ƒe ta? *

Tanyenye Menye Ŋutasẽdziɖuɖu O

Biblia me tanyenye nye lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo ke menye ŋutasẽdziɖuɖu kura o. Bubu mademade Mawu ƒe se ŋu boŋue va na ŋutsuwo sẽa ŋuta le nyɔnuwo ŋu zi geɖe. (Mose I, 3:16) Tso esime wonya amegbetɔ tso Eden-bɔa me megbe la, ŋutsuwo wɔ woƒe ŋusẽ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu hetafa ame bubuwo siwo dome nyɔnuwo kple ɖeviwo nɔna zi geɖe.

Gake Mawu meɖo tame alea ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Yehowa léa fu amesiwo wɔa woƒe ŋusẽ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu. Ebu fɔ Israel-ŋutsu siwo ‘wɔ nu tovo’ ɖe wo srɔ̃wo ŋu. (Maleaxi 2:13-16) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu gblɔ be “[yeƒe] luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5) Eyata srɔ̃ŋutsu siwo ƒoa wo srɔ̃wo kple amesiwo wɔa nu tovo ɖe wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu mate ŋu atsɔ Biblia ado taflatsee ɖe woƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo ta o.

Nukae Tanyenye Vavã Lɔ Ðe Eme?

Tanyenye nye ɖoɖo vevi aɖe si Mawu zãna tsɔ kpɔa egbɔ be nuwo le ɖoɖo nu le xexeame katã. Amesiame abu akɔnta na ame aɖe negbe Mawu ŋutɔ koe mabu akɔnta na ame aɖeke o. Ŋutsuwo le Kristo te, ɖeviwo le wo dzilawo te, eye Kristotɔwo katã le dziɖuɖuwo te. Yesu gɔ̃ hã le Mawu te.—Romatɔwo 13:1; Korintotɔwo I, 11:3; 15:28; Efesotɔwo 6:1.

Ame ɖokui bɔbɔ ɖe kpɔkplɔ te le vevie be ɖoɖo nanɔ hadomegbenɔnɔ me eye be nuwo nali ke. Nenema ke ɖokuibɔbɔ ɖe ƒomea ƒe ta te hiã vevie hena ƒome like kpɔdzidzɔ si me ŋutifafa le ƒe anyinɔnɔ. Srɔ̃ŋutsu alo vifofo ƒe anyimanɔmanɔ metrɔ nya sia o. Le ƒome mawo me la, vidada va zua ta. Ne dzila eveawo meli o la, vi tsitsitɔ alo ƒometɔ bubu aɖe te ŋu va zua ƒomea ƒe ta. Le go siawo katã me la, ne ƒomea me tɔwo katã de bubu amesi wotsɔ ŋusẽ na ŋu la, eɖea vi na woamawo.

Eyata nya vevitɔa enye be woagagbe tanyenye ƒe ɖoɖoa o, ke boŋ be woadze agbagba awɔ tanyenyea ŋudɔ nyuie eye woade bubu si dze eŋu. Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo be woanye ta na woƒe ƒomewo “abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene.” (Efesotɔwo 5:21-23) Alea Paulo fia mɔ si nu Kristo wɔ nu ɖe hamea ŋu le wònye tanyenye ƒe dzidzenu si de blibo. Kpɔɖeŋu kae Kristo ɖo?

Togbɔ be nunya kple nuteƒekpɔkpɔ le Yesu si nye Mesia la kple amesi ava zu Fia le etsɔme si wu eƒe nusrɔ̃lawo eye wònye amesi xɔ ŋusẽ tso Mawu gbɔ hã la, Yesu lɔ̃ wo, esea veve ɖe wo nu hekpɔa nublanui na wo. Eƒe nya me mesẽna o, mesẽa ŋuta, alo biaa nu geɖe fũ tsoa ame si ɣeaɖekeɣi o. Meɖua gã ɖe ame dzi o eye mehea amewo ƒe susu yia eɖokui dzi edziedzi be yee nye Mawu ƒe Vi o. Yesu ƒe dɔme fa eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me. Esia na be ‘eƒe kɔkuti la le bɔbɔe, eye eƒe agba le wodzoe.’ (Mateo 11:28-30) Eyata enye amesi ŋu wote ŋu tena ɖo eye wòsea nu gɔme na ame. Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ be Yesu lɔ̃ hamea ale gbegbe be “wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta.”—Efesotɔwo 5:25.

Aleke Woate Ŋu Asrɔ̃ Yesu ƒe Tanyenyee?

Aleke ƒome ƒe tawo ate ŋu asrɔ̃ Kristo ƒe nɔnɔmewoe? Ƒome ƒe ta si léa fɔ ɖe eƒe dɔ ŋu la tsɔa ɖe le alesi eƒe ƒomea anɔ dedie le ŋutilã kple gbɔgbɔ me la me. Edzea agbagba vona ɖe wo ŋu hekpɔa wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nuhiahiã alo nusi ƒomea katã hiã la gbɔ alesi dze. Etsɔa ɖe le srɔ̃a kple viawo ƒe nyonyo me wua eya ŋutɔ ɖokui tɔ. * (Korintotɔwo I, 10:24; Filipitɔwo 2:4) Ne ŋutsua ŋutɔ tsɔa Biblia ƒe gomeɖosewo kple nufiafiawo wɔa dɔe gbesiagbe la, ana srɔ̃a kple viawo nade bubu eŋu ahakpe asi ɖe eŋu. Alesi wòle wo kplɔm lɔlɔ̃tɔe awɔe be agbagba ɖesiaɖe si wo katã woadze be woakpɔ kuxi ɖesiaɖe gbɔ la nakpɔ dzidzedze. Ne ŋutsua zã eƒe tanyenyea le mɔ si Ŋɔŋlɔawo fia nu alea la, atu ƒome kpɔdzidzɔ si wɔa nu hena Mawu ƒe ŋutikɔekɔe kple kafukafu ɖo.

Ƒome ƒe ta si nye nunyala bɔbɔa eɖokui hã. Ne ehiã la, aɖe kuku faa, togbɔ be asesẽ nɛ be wòalɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi hã. Biblia gblɔ be “adaŋudela geɖewo” hea dziɖuɖu vɛ. (Lododowo 24:6) Nyateƒee, ɖokuibɔbɔ ana hã be ƒomea ƒe ta naɖo to srɔ̃a kple viawo eye wòalɔ̃ faa abia woƒe susu le nyawo ŋu ne ehiã. To Yesu sɔsrɔ̃ me la, Kristotɔ si nye ta la akpɔ egbɔ be alesi yekplɔa ƒomeae manye dzidzɔ kple dedienɔnɔ ɖeɖe hehe vɛ na yeƒe ƒomea ko o, ke boŋ anye bubu kple ŋutikɔkɔe hã na ƒome Gɔmeɖoanyila, Yehowa Mawu.—Efesotɔwo 3:14, 15.—g04 7/8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Togbɔ be srɔ̃ŋutsu kple vifofo ƒe wɔƒe le ƒomea me koŋ mee wodzro le nyati sia me hã la, vidada ɖekɛwo kple tsyɔ̃evi siwo wòle na be woakpɔ wo nɔviwo dzi ate ŋu aɖe vi tso gɔmeɖose siwo wona ƒome ƒe tawo me.

^ mm. 14 Agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona si Yehowa Ðasefowo ta la ɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe alesi woalé be na ƒomea lɔlɔ̃tɔe ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Srɔ̃ŋutsu si sea nu gɔme na ame la bua srɔ̃a kple viawo ƒe nukpɔsusu ŋu