‘Nukae Le Dzɔdzɔm ɖe Dzinye?’
‘Nukae Le Dzɔdzɔm ɖe Dzinye?’
“Edze abe ɖeko mefɔ gbeɖeka ko ye nusianu trɔ le nye agbe me ene. Mese le ɖokuinye me be mezu ame yeye le ŋutilã yeye me.”—Sam.
NUKAE nye ƒewuimenɔɣi? Míagblɔe kpuie ko be enye ɣeyiɣi si tso ɖevimenɔɣi kple tsitsi dome. Enye ɣeyiɣi si me tɔtrɔ wɔnukuwo yia edzi le mewò—le ŋutilã, seselelãme, kple hadomegbenɔnɔ gɔ̃ hã gome. Le go ɖeka me la, gege ɖe ƒewuiwo me nyea dzidzɔ. Ne èbu eŋu kpɔ la, efia be èle ame tsitsi zum. Le go bubu me la, èdzea seselelãme yeyewo sese le wò agbenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi sia me gɔme, eye wo dometɔ aɖewo tɔtɔa ame ale gbegbe—wodzia ŋɔ na ame gɔ̃ hã.
Gake mele be nàvɔ̃ na wò ƒewuimenɔɣi o. Nyateƒee, ehea vevesese aɖewo vɛ ya. Gake eʋua mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo hã ɖi be nàte ŋu ato eme dzidzedzetɔe atsi. Na míakpɔ alesi nàte ŋu awɔ esiae ɖa—gbã, míadzro gbetɔame aɖewo siwo dze ŋgɔ ƒewuiviwo me.
Ðekakpui alo Ðetugbi me Ðoɖo
Le wò ƒewuimenɔɣi la, tɔtrɔwo yia dzi le mewò be wòadzra wò ɖo hena vidzidzi. Nudzɔdzɔ sia si nye ɖekakpui alo ɖetugbi me ɖoɖo la xɔa ƒe geɖe, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe wò nu geɖe dzi tsɔ wu wò vidzinuwo ƒe nɔnɔme blibo me ɖoɖo ko, abe alesi míava kpɔe ene.
Nyɔnuviwo ƒe ɖetugbime ɖoɖo dzea egɔme tso ƒe 10 va ɖo ƒe 12 me, eye ŋutsuvi geɖe ƒe ɖekakpuime ɖoɖo dzea egɔme tso ƒe 12 va ɖo ƒe 14 me. Esiawo nye eɖoɖo ɖe mama dedie nu ko ya. Agbalẽ si nye The New Teenage Body Book (Ƒewuiviwo ƒe Ŋutilã ŋu Gbalẽ Yeye) gblɔ be “wɔwɔme tɔxɛ aɖe le amesiame me si fiaa ɣeyiɣi si me ɖekakpuime ɖoɖo alo ɖetugbime ɖoɖo ƒe tɔtrɔ vovovoawo nava.” Egblɔ kpee be: “Vovototo gã aɖe te ŋu nɔa ɣeyiɣi si koŋ wonya na tɔtrɔawo me.” Eyata megblẽ naneke ne wò tɔtrɔawo dze egɔme do ŋgɔ—alo do megbe—na hatiwòwo tɔ o.
Ne tɔtrɔ sia nya dze egɔme ko la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò dzedzeme, alesi nèsena le ɖokuiwò me, kple alesi nèbua nuwoe dzi. De ŋugble tso agbe me ɣeyiɣi ƒe akpa tɔxɛ sia si doa dzidzɔ na ame gake wòhenye gbetɔame hã ŋu kpɔ.
‘Nukae Le Dzɔdzɔm ɖe Dzinye?’
Tɔtrɔ dzea egɔme kple lãmetsiwo ƒe dzidziɖedzi, vevietɔ esiwo nye estrogen le nyɔnuviwo me, si kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nyɔnunyenye dzi kple testosterone le ŋutsuviwo me, si kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ŋutsunyenye dzi. Lãmetsi siawo ƒe dzidziɖedzi hã kpe ɖe nusiwo hea tɔtrɔ wɔnuku siawo vanɛ ŋu. Le nyateƒe me, ne tɔtrɔ sia dze egɔme la, wò ŋutilã va nɔa tsitsim kabakaba wu esime nènye ɖevi.
Le ɣeyiɣi sia me la, wò vidzinuwo tea woƒe nɔnɔme blibo me ɖoɖo, gake tsitsi ƒe akpa aɖe koe nye esia. Àkpɔe hã be yele kɔkɔm ɖe edzi kabakaba. Ðewohĩ esi nènye ɖevi la, èkɔa sentimeta atɔ̃ ɖe edzi ƒe sia ƒe, manye nu wɔnuku be nànɔ kɔkɔm sentimeta ewo ƒe sia ƒe le wò ƒewuimenɔɣi o.
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, àkpɔ be yeƒe ŋutinuwo mesɔ ale o. Edzɔna alea. Ðo ŋku edzi be wò ŋutinu vovovoawo anɔ tsitsim ɖe ɖoɖo vovovo nu. Nuwo ƒe masɔmasɔ aɖe le wò tsitsi me ado mo ɖa. Gake wò dzi nedze eme—nuwo ƒe masɔmasɔ ma manɔ anyi ɖaa o. Ŋutinuwo ƒe masɔmasɔ le ƒewuimenɔɣi nu ava yi godoo.
Le tɔtrɔɣi siawo me la, nyɔnuviwo kpɔa dzinu alo ɖoa asi anyi, si nyea ʋu, tsi, kple nu xoxoewo ƒe dodo le woƒe vidzidɔ me ɣleti sia ɣleti. * Zi geɖe la, aŋɔme ɖua ame eye ame ƒe lãmetsiwo dzi ɖena kpɔtɔna le dzinukpɔkpɔ me. Esi nusia kpɔa ŋusẽ ɖe ametia ŋutɔ kple ame ƒe seselelãme dzi ta la, dzinukpɔkpɔ ƒe gɔmedzedze ate ŋu ana woaɖi vo. Teresa, si xɔ ƒe 17 fifia gblɔ be: “Kasia makpɔ ko medze ŋgɔ nɔnɔme yeye aɖe. Ena metɔtɔ henɔ veve sem. Eye nusia dzɔna ɣleti sia ɣletia!”
Mele be dzidzi naƒo wò ne ète dzinukpɔkpɔ o. Enye dzesi be wò ŋutinuwo le dɔ wɔm nyuie. Vivivi la, àva nya nusi nàwɔ le dzinukpɔkpɔ ƒe fuɖenamewo me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo kpɔ be kamedede ɖea asiɖoɖoanyi me vevesese dzi kpɔtɔna. Gake amesiame kple alesi wònɔna nɛe. Ðewohĩ àkpɔ be ahiã be yeatso ŋusẽ zazã fũ dzi akpɔtɔ kura le ɣeyiɣi sia me. Srɔ̃ alesi “nàɖo to” wò lãmee eye nàwɔ alesi wòbia.
Le ƒewuiwo me la, nyɔnuviwo kple ŋutsuviwo siaa tsia dzi ɖe woƒe dzedzeme ŋu vevie. Teresa ɖe eƒe dzimenya gblɔ be: “Ɣeyiɣi sia mee meva te ɖetsɔtsɔ le alesi ame bubuwo buamee me—eye metsia dzi ɖe alesi amewo susuna le nye dzedzeme ŋu la ŋuti.” Eyi edzi be: “Mekpɔ be nye dzedzeme gaɖea dzi le ƒonye kokoko zi geɖe. Nye ɖa menɔa abe alesi medii ene o, nye awuwo megasɔam o, eye nyemegate ŋu kpɔa awu si dzrom hã o!”
Wò ŋutinuwo aɖe dzi le ƒowò le mɔ bubuwo hã nu. Le kpɔɖeŋu me, wò lãmenu siwo nana fifia tea wò va wɔa dɔ wu henana nèdzea fifia kabakaba. Tsilele edziedzi kple egbɔkpɔkpɔ be yenya yeƒe nudodowo edziedzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màɖe ya, alo, aʋẽ o. Axatomemi alo atike siwo menaa wodzea fifia akpa o zazã hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.
Gakpe ɖe eŋu la, wò lãmenu siwo wɔa ami la wɔa dɔ fifia wu tsã, eye wònana nyatsu ɖea fu na wò. Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Ann fa konyi be: “Le ɣeyiɣi si me tututu medi be madze nyuie la, mekpɔnɛ be nyatsu wɔ ŋkume nam. Nye ŋutɔe le esusum nenema loo alo nukunu aɖee wònye dzɔna le ɣeyiɣi si me mesɔ nam kura o mea?” Nyatsu ɖe fu na Teresa hã. Egblɔ be: “Enana wòwɔna nam be nyemedze tugbe o eye nyemevona le ɖokuinye me o elabena mexɔe se be eya ŋue amewo ƒe ŋku nɔna ne wole kpɔyem!”
Ðikekemanɔmee la, nyatsu te ŋu ɖea fu na ŋutsuviwo hã. Le nyateƒe me, eŋunyala
aɖewo gblɔ be eɖea fu na ŋutsuviwo wu nyɔnuviwo gɔ̃ hã. Èɖanye ɖekakpui alo ɖetugbi o, wò ŋutilã ƒe amiteƒe si ƒe ɖewoe nye wò mo, kɔ, abɔta, kple wò akɔta kɔklɔ edziedzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Gakpe ɖe eŋu la, tamekɔklɔ enuenu ate ŋu ana be ami masra ɖe wò ŋutilã ƒe akpa bubuwo o. Eye atike siwo ŋu wotrɔ asi le be wòaxe mɔ na nyatsu hã li. Teresa gblɔ be: “Dzinyelawo kpe ɖe ŋunye mekpɔ nusiwo aɖe wo ɖa kple ami si malili ɖe wo dzi. Wokpe ɖe ŋunye hã be magaɖu nusiwo vivina gake nunyiame mele wo me o. Nenye be nyemeɖu nusiawo o eye meno tsi sɔgbɔ la, zi geɖe nyatsuawo vɔna.”Tɔtrɔ bubu si ɖea fu na ŋutsuviwo koŋ enye woƒe gbe ƒe tɔtrɔ. Wò gbeɖiɖikawo ate ŋu atri ahadidi ɖe edzi bɔbɔe le wò ƒewuiwo me si ana wò gbe me nava lolo. Nusia dzɔ ɖe Bill dzi gake mede dzesii o. Egblɔ be: “Nyemenya be nye gbe trɔ o negbe ne meƒo nu na amewo le telefon dzi eye wova kpɔ be menye nɔnye alo daanyee o hafi.”
Ɣeaɖewoɣi la, gbe si le tɔtrɔm me anɔ xexem—gbe vi atrɔ enumake anɔ tome tɔm. Tyrone ɖo ŋku eƒe sɔhɛmenɔɣi dzi gblɔ be: “Enye nusi kpea ŋu nam ale gbegbe. Ɣesiaɣi si nane awɔ dɔ ɖe dzinye lae wòdzɔna. Medzea agbagba be nuwo naganɔ dɔ wɔm ɖe dzinye o gake nyemete ŋu wɔnɛ o.” Tyrone gblɔ kpee be: “Le ƒe ɖeka alo ɖewohĩ ƒe eve megbe la, enu yi.” Ne wò gbe me xena alea la, mègana wòaɖe dzi le ƒowò o! Wò hã tɔwò ava trɔ aɖo eƒe nɔnɔme nyui me kpuie.
‘Nukatae Mesena le Ðokuinye me Alea?’
Enye nusi bɔ be seselelãme vovovowo naa ƒewuiviwo tsia mavomavo. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àkpɔ be mia kple wò ɖevime xɔlɔ̃ veviwo dome anɔ mamam vivivi. Menye dzre aɖekee dzɔ ɖe mia dome hafi o. Ðewohĩ meganye nu ɖeka tɔgbee doa dzidzɔ na mi ame evea o. Dziwòlawo—amesiwo gbɔ nèsina yina tsã hena akɔfafa kple dedienɔnɔ—gɔ̃ hã ate ŋu ava dze na wò zi ɖeka abe tsigãdzitɔwo kple amesiwo ŋu màgate ŋu ate ɖo o ene.
Esiawo katã ate ŋu ana ƒewuivi nase le eɖokui me be yetsi akogo. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Numekula aɖewo gblɔ be wosea akogotsitsi le ƒewuiwo me enuenu wu le ɣeyiɣi sia me tsɔ wu le ame ƒe ɖevime alo tsitsime.” Le vɔvɔ̃ be amewo abu wò ame sagae ta la, màdi be yeakɔ nu le wò tamesusu kple wò seselelãmewo dzi o. Alo ɖewohĩ madzro wò be nàte ɖe amewo ŋu o, kple susu be ame aɖeke malɔ̃ be yeadze xɔ̃ ye o.
Ƒewuivi gbogbotɔ tsia akogo ɣeaɖewoɣi, eye nenema ke wòdzɔna ɖe ame tsitsi geɖewo hã dzii. Nu vevitɔ si wòle be wòanɔ susu me na wò enye be seselelãme siawo nu ate ŋu ava yi le ɣeyiɣi aɖe megbe. * Ðo ŋku edzi be esi nènye ƒewuivi ta nusianu kloe le tɔtrɔm le ŋuwò. Wò nukpɔsusu le agbe ŋu, le amewo ŋu, kple le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi. Le nyateƒe me la, àdze ame saga aɖee na ɖokuiwò ɣeaɖewoɣi ne èkpɔ ahuhɔ̃e me! Àse le ɖokuiwò me abe alesi Steve si xɔ ƒe 17 ʋu emee ene be: “Esesẽna be nàgblɔ be yenya ye ɖokui esime wò amea nèle tɔtrɔm kabakaba.”
Mɔ nyuitɔ siwo nu nànɔ te ɖe akogotsitsi nu le la dometɔ ɖeka enye be nàte ɖe amewo ŋu. Esia ate ŋu abia be nànya ame bubu siwo mia kple wo mienye hatiwo o. Ðe nènya ame tsitsi aɖewo siwo lɔ̃na be woava asrã yewo kpɔa? Àte ŋu awɔ aƒemedɔ aɖe na wo vevietɔ, ne wohiã na kpekpeɖeŋua? Biblia de dzi ƒo na amesiame—sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa—be ‘woakeke wo ɖokui’ be woate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia ame bubuwo. (Korintotɔwo II, 6:11-13) Esia wɔwɔ ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo ɖi na wò.
Mawunyakpukpui sia nye gɔmeɖose geɖe siwo kpe ɖe Kristotɔ sɔhɛwo ŋu be wote ŋu nɔ te ɖe ƒewuimekuxiwo nu la dometɔ ɖeka ko. Ne èle nyati si kplɔe ɖo xlẽm la, de ŋugble tso alesi Mawu ƒe Nya la ate ŋu awɔ dɔ ɖe wò agbe dzi vevie esime nèle tsitsim ŋu.—g04 7/8.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 13 Le gɔmedzedzea me la, ate ŋu adzɔ be nàɖo asi anyi wu zi ɖeka le ɣleti me alo axɔ wu ɣleti ɖeka hafi nàɖo asi anyi. Asiɖoɖoanyia ate ŋu ado le agbɔsɔsɔ vovovo hã me. Esiawo ƒe ɖeke megana dzidzi naƒo wò o. Gake ne mele dodom ɖe ɖoɖo nu o ƒe ɖeka alo ƒe eve la, ahiã be nàkpɔ ɖɔktawo.
^ mm. 24 Ne èkpɔ be yetsia akogo ɣesiaɣi alo ne èbua ɖokuiwò wuwu ŋu enuenu la, ke di kpekpeɖeŋu. Gblɔe na dziwòlawo alo ame tsitsi kpɔnuteƒe si nàte ŋu agblɔ wò dzimenyawo na la enumake.
[Aɖaka si le axa 16]
Dzilawo Mede Blibo O
“Esi menɔ ɖevime la, mesusu be dzinyelawo de blibo. Gake esi meɖo ƒewuiwo me la, mekpɔ be menye ɖe wonya nusianu alo te ŋu wɔa nusianu ale o. Nusi mewɔnɛ enye be mekpɔ be dzinyelawo mede blibo o, eye nusia ɖe fu nam. Nublanuitɔe la, esia nyanya na mekea ɖi woƒe nukpɔsusu kple nyametsotsowo. Ke hã nusiwo mesrɔ̃ to fukpekpe me la na be megava le bubu blibo tsɔm na wo. Ao, menye ɖe wode blibo o, gake zi geɖe la, woƒe nyawo nɔa eteƒe. Eye ne woƒe nyawo mele eteƒe o gɔ̃ hã la, dzinyelawo ko woganye. Míeva le xɔ̃wo boŋ zum, eye meka ɖe edzi be nusiae dzɔna zi geɖe le ɖeviwo kple wo dzilawo dome.”—Teresa, si xɔ ƒe 17.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli le sɔhɛ geɖewo kple ame tsitsiwo dome