Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vifofowo ƒe Anyimanɔmanɔ​—Enye Kuxi si Le Dzidzim Ðe Edzi

Vifofowo ƒe Anyimanɔmanɔ​—Enye Kuxi si Le Dzidzim Ðe Edzi

Vifofowo ƒe Anyimanɔmanɔ​—Enye Kuxi si Le Dzidzim Ðe Edzi

VIFOFO geɖe le le woƒe ƒomewo gblẽm ɖi. Le ƒe 1990-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, USA Today nyadzɔdzɔgbalẽ gblɔ be United States ye nye “dukɔ si me tɔmanɔsiviwo bɔ ɖo wu le xexeame katã.” Gake xexeame katã ƒe kuxie vifofowo ƒe anyimanɔmanɔ nye.

Esi woxlẽ amewo le Brazil le ƒe 2000 me la, wobu akɔnta be le ƒome miliɔn 44.7 siwo le dukɔ ma me dome la, wo dometɔ miliɔn 11.2 sɔŋ ye nye ƒome siwo nyɔnuwo nye ta na. Ðevi 25 le alafa me nye ɖevi siwo wo dadawo ɖeɖeko le nyinyim le Nicaragua. Eye le Costa Rica la, ɖevi siwo woawo ŋutɔ wo fofowo gbe xɔxɔ la ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi tso alafa memama 21.1 dzi va ɖo alafa memama 30.4 le ƒe 1990-awo me.

Nusi le dzɔdzɔm le xexeame katã ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo koe dze le dukɔ etɔ̃ siawo me kɔntabubuawo me. Bu vifofowo ƒe anyimanɔmanɔ ƒe akpa bubu hã ŋu kpɔ.

Woli Gake Wometsɔ Ðeke Le Eme O

Taflatse xlẽ nya si le aɖaka si ƒe tanyae nye “Papa, Ɣekaɣie Nàgava?” me. Nao, amesi xɔ ƒe 23 fifia ɖe nu me be: “Hafi madze gɔmedzesuku gɔme la, ƒã hafi mekpɔa Papa. Meɖo ŋku edzi be gbeɖeka esi wòganɔ dzodzom la, meɖe kuku nɛ be, ‘Nàgbɔ va sea.’”

Alesi nuwo le le ƒomewo me, abe alesi Nao kple fofoa dome le ene, ye na Polandtɔ agbalẽŋlɔla Piotr Szczukiewicz gblɔ be: “Edze abe vifofo nye akpa vevi aɖe wɔla si bu le ƒomea me ene.” Ele eme baa be vifofo geɖe nɔa woƒe ƒomewo gbɔ eye wonaa woƒe nuhiahiãwo wo ya. Gake abe alesi Franseawo ƒe magazine si nye Capital gblɔe ene la, “ƒododzikpɔkpɔ koe vifofo geɖe buna woƒe dɔdasii, ke wo viwo hehe ya wometsɔ ɖeke le eme o.”

Nusi dzɔna zi geɖee nye be vifofoa nɔa aƒea me gake metsɔa ɖeke le eme na viawo o. Eƒe susu nɔa nu bubu kura ŋu. Franseawo ƒe magazine si nye Famille chrétienne gblɔ be: “Ne [vifofo la] li ŋutɔŋutɔ hã la, matsɔ ɖeke le eme na viawo o.” Nukatae vifofo geɖe mebua woƒe ƒomewo ŋu alo wometsɔa ɖeke le eme na wo o?

Abe alesi magazine si míeyɔ va yi gblɔe ene la, nu vevi si koŋ gbɔe wòtsoe nye be vifofoa “menya nusi nye vifofo kple srɔ̃ŋutsu ƒe dɔdasi o.” Vifofo geɖe bunɛ be fofo nyui ƒe dɔdasi koe nye be wòaxɔ fetu nyui atsɔ ava aƒemee. Abe alesi Józef Augustyn si nye agbalẽŋlɔla si nye Polandtɔ gblɔe ene la, “vifofo geɖe bunɛ be yewonye dzila nyuiwo elabena yewonaa ga wotsɔ kpɔa ƒomea dzii.” Gake vifofo ƒe agbanɔamedzi ƒe akpa aɖe koe nye ema.

Le nyateƒe me la, le ɖeviwo gome la, menye fetu si wo fofowo xɔna alo nusiwo wonaa ɖeviawo ƒe asixɔxɔe wotsɔ bua wo fofowo be wonye fofo nyuiwo o. Nusiwo boŋ ɖeviawo dina ŋutɔŋutɔ—nusiwo ƒe asixɔxɔ gbɔ ŋutilã me nunanawo ŋu sã—lae nye wo fofo ƒe lɔlɔ̃, ɣeyiɣi, kple ɖetsɔleme. Nusiawoe nye nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ na wo.

Ðokuimedzodzro Hiã

Japantɔwo ƒe Sukudenyawo Ŋuti Ðaŋudeƒe Gã ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be “ele be vifofowo nagbugbɔ ŋku alé ɖe alesi wonɔa agbee ŋu, si fia be woalé ŋku ɖe alesi wotsɔ wo ɖokui sa vɔe na dɔ si wowɔna ŋu.” Gake biabia lae nye be, Ðe fofowo alɔ̃ faa awɔ asitɔtrɔ le wo viwo ta? Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Gießener Allgemeine ƒo nu tso numekuku aɖe si me wokpɔ le be vifofo siwo wobia gbee la ƒe akpa gãtɔ gbe be yewomatsɔ yewo viwo ƒe nuhiahiãwo aɖo nɔƒe gbãtɔ na dɔ si yewowɔna o la ŋu.

Nusi adze na ɖeviwo abe ɖe wo fofo metsɔ ɖeke le eme na wo o ene te ŋu gblẽa nu le ɖeviawo ŋu vevie. Lidia, si nye ɖetugbi si xɔ ƒe 21 fifia, ɖo ŋku alesi fofoa ƒe nɔnɔme nɔ le eƒe ɖevime esime wonɔ Poland dzi nyuie. Eɖe nu me be: “Meƒoa nu na mí gbeɖe o. Etsɔ eƒe mɔ eye míawo hã míetsɔ mía tɔ. Menya be disko koe medena le nye vovoɣiwo o.” Macarena si hã nye ɖetugbi si tso Spain si xɔ ƒe 21 fifia la gblɔ be le yeƒe ɖevime la, ye fofo “dzona ɖaɖua agbe kple exɔlɔ̃wo le kwasiɖanuwuwuwo eye wòtsia anyi ŋkeke aɖewo zi geɖe.”

Nusiwo Hiã Wu Dada ɖe Nɔƒe Gbãtɔ

Vifofo akpa gãtɔ akpɔe be yewomekpɔa vovo ɖe yewo viwo ŋu o eye be yewometsɔ ɖeke le eme na wo o. Ƒewuivi aɖe fofo si nye Japantɔ gblɔ be: “Madi be vinye nase eme nam. Menɔa eŋu bum ɣesiaɣi, ne nye ŋku biã ɖe dɔ ŋu hã.” Gake ɖe didi ko be vi nase nusita fofoa menɔa anyi o me na ye la akpɔ kuxia gbɔa?

Ðikeke aɖeke mele eme o ehiã agbagbadzedze blibo—be woatsɔ nanewo asa vɔe—bene woakpɔ ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Edze kɔte be nusiwo le ɖeviwo hiãm wu—siwo nye lɔlɔ̃, vovokpɔkpɔ ɖe wo ŋu, kple ɖetsɔtsɔ le eme na wo—kpɔkpɔ na wo mele bɔbɔe o. Yesu Kristo gblɔ be: “Menye abolo [alo, nuɖuɖu] ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Nenema ke wònye nyateƒee be ŋutilãmenuwo ɖeɖe mate ŋu ana ɖeviwo natsi azu ame ɖotawo o. Wò fofo, ɖe nèlɔ̃na faa tsɔa nusi adze nu vevi ŋutɔ aɖe na wò—wò ɣeyiɣi kple ɖewohĩ ŋgɔyiyi le dɔ me—saa vɔe bene nàkpɔ vovo ɖe viwòwo ŋua?

February 10, 1986, ƒe Mainichi Daily News gblɔ alesi vifofo aɖe va de dzesi asixɔxɔ blibo si le viawo ŋu la ŋu nya. Egblɔ be: “Japan Dukɔa ƒe Keteke Dɔwɔƒe ƒe amegã aɖe ɖoe be yeaɖe asi le dɔ ŋu boŋ tsɔ wu be yeaɖe aga atso yeƒe ƒomea gbɔ.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ nya siwo dɔmemegã la gblɔ be: “Amesiame ate ŋu awɔ dɔdzikpɔlagã la ƒe dɔ. Gake nye ɖeka koe nye vinyewo fofo.”

Le nyateƒe me, afɔɖeɖe gbãtɔ be woazu vifofo nyui ye nye be woanya vifofo si tɔgbe ɖeviwo hiã. Mina míalé ŋku ɖe nusi vifofo ma tɔgbe nyenye bia ŋu.—g04 8/22.

[Aɖaka si le axa 3]

“Papa, Ɣekaɣie Nàgava?”

Nenemae Nao, nyɔnuvi ƒe atɔ̃ vi aɖe si le Japan bia fofoa esime wòyina dɔ me gbeɖeka. Togbɔ be aƒea mee fofoa le hã la, ƒã hafi ɖevia kpɔnɛ. Zi geɖe la, Nao mlɔa anyi hafi fofoa gbɔna vaa aƒeme eye wògafɔna dzona hafi wònyɔna.