Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Zɔzɔ Kple Mawu Ðea Vi tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me”

“Zɔzɔ Kple Mawu Ðea Vi tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me”

“Zɔzɔ Kple Mawu Ðea Vi tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me”

WOGBLƆNA zi geɖe be mɔzɔzɔe agbe nye. Ðe nèsena le ɖokuiwò me abe ame geɖewo ene be yetra mɔa? Míedoa go nyaƒoɖeamenu sesẽ geɖe le xexe sia me. Esi amesiwo dome míele le ŋutasẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ dzi vɔ̃ɖitɔe wu la, míase le mía ɖokui me be ŋusẽ siwo míate ŋu ate kame kplii o le mía dzi zim. Aleke míawɔ ate ŋu anɔ te sesĩe le ʋunyaʋunyawɔwɔ ɣeyiɣi siawo me? Aleke míate ŋu ana míaƒe agbe me mɔzɔzɔ nato mɔ nyuitɔe?

Nya siawo ƒe ŋuɖoɖo dodzidzɔname fakɔname le Biblia me. Eɖee fia be mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe le mía si—míate ŋu azɔ kple Mawu. Ame aɖewo aɖu fewu le mía ŋu le nya sia me. Ne èbu eŋu kpɔ la, aleke amegbetɔ tsɛ azɔ kple ŋusẽkatãtɔ si nye xexeame katã Wɔla lae? Biblia fia be míate ŋui. Le nyateƒe me la, zɔzɔ kple Mawu fia be woanɔ agbe nyuitɔ kekeake si ahe dzidzɔ gãtɔ kekeake si woate ŋu akpɔ le xexe sia si me xaxa bɔ ɖo gɔ̃ hã me la vɛ. Gake nukawoe wòlɔ ɖe eme? Eye yayra kawoe doa go tso zɔzɔ kple Mawu me?

Woaɖo nya siawo ŋu le nuƒo dodzidzɔname si nye “Zɔzɔ Kple Mawu Ðea Vi tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me” me. Woadze dutoƒonuƒo sia ƒoƒo gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpewo me. Woawɔ takpekpe siawo alafa nanewo le xexeame godoo. Be nànya ewɔƒe si tsɔ ɖe gbɔwò la, kpɔ Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me alo ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Woyɔ afisiwo woawɔ takpekpeawo le le Ghana kple Togo ɖe magazine sia ƒe kpeɖeŋutɔ, Gbetakpɔxɔ, ƒe tata si nye March 1, 2004, tɔ me.—g04 5/22.