Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo Nyinyi Le Mawu Ƒe Amehehe Me

Ðeviwo Nyinyi Le Mawu Ƒe Amehehe Me

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðeviwo Nyinyi Le Mawu Ƒe Amehehe Me

“Alesi Nàde See eye Viwòwo Mada le Edzi O”

“Gɔmeɖose Atɔ̃ Siwo Wòle Be Nàfia Viwò le Eƒe Ƒe Atɔ̃ Xɔxɔ Me”

“Seselelãme Ŋuti Hehe Atɔ̃ si Wòle Be Woana Ðevi Ðesiaɖe”

“Dzesi Atɔ̃ Siwo Fia be Èwɔa Vi na Viwòwo”

“Aɖabaƒoƒo Ðeka ƒe Amehehe si Wɔa Dɔ Nukutɔe”

NE ÐE vihehe le bɔbɔe la, anye ne ame aɖeke mado vivi ɖe magazine me nyati siwo dze le etame la ŋu boo o. Anye ne agbalẽ gbogbo siwo woŋlɔ tso vihehe ŋu akpa gãtɔ manɔ anyi o. Ke hã vihehe menɔ bɔbɔe ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Ƒe akpe geɖewo va yi kura gɔ̃ hã la, wogblɔ be “vi tsibome enye dziku na fofoa kple nuxaxa na dada.”—Lododowo 17:25.

Togbɔ be vihehe ŋuti ɖaŋuɖoɖowo bɔ egbea hã la, dzila geɖe menya alesi tututu woahe wo viwoe o. Kpekpeɖeŋu kae Biblia na?

Nusi Amehehe Fia Ŋutɔŋutɔ

Biblia na dzilawo ƒe ɖoƒe le vihehe ŋu me kɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, Efesotɔwo 6:4 gblɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” Ŋɔŋlɔ sia tɔ asi vifofo koŋ dzi be eyae wòle na be wòaxɔ ŋgɔ le ɖeviwo nyinyi me. Ke hã vidada akpe asi ɖe srɔ̃a ŋu le wo viwo hehe me.

The Interpreter’s Dictionary of the Bible gblɔ le vihehe ŋu be: “Le Biblia me la, amehehe do ƒome kplikplikpli kple hehenana, nufiafia, kple sidzedze nana le go aɖe me, eye wòdo ƒome kple mokaka, ɖɔɖɔɖo, kple tohehe hã le go bubu me. Vihehe koŋue wolɔ̃a nya sia zazã na.” Eyata amehehe fia nu geɖe wu be woaka ŋkume na ame ko; elɔ hehenana ɖesiaɖe si hiã be ɖevi nate ŋu atsi azu ame ɖɔʋu ɖe eme. Gake aleke dzilawo awɔ be womado dziku na wo viwo o?

Nye Ame si Sea Veve ɖe Ame Nu

Nukae doa dziku na ɖevi? Bu nya sia ŋu kpɔ. Wò dɔwɔhati aɖe li si doa dziku kabakaba eye megbɔa dzi ɖi hã o. Wò nuwɔna aɖeke medzea eŋu o. Edze abe edia vodada le wò nuƒoƒo kple wò nuwɔna ɖesiaɖe ŋu ene. Zi geɖe la, wò dɔwɔna medzea eŋu o eye enana nèsenɛ le ɖokuiwò me be viɖe aɖeke mele ŋuwò o. Ðe nɔnɔme ma mado dziku na wò ahaɖe dzi le ƒowò oa?

Nenema tututue ɖevi ate ŋu ase le eɖokui me ne edzilawo ɖea ɖeklemii ɣesiaɣi alo nɔa eɖɔm ɖo kple dziku. Ele eme baa be ɖeviwo hiã na ɖɔɖɔɖo ɣeaɖewoɣi ya eye Biblia na ŋusẽ dzilawo be woaɖɔ wo ɖo hã. Ke hã dzikudodo na ɖevi anɔ nyanyram ɖee alo asẽ ŋuta le eŋu ate ŋu agblẽ nu le eŋu le seselelãme, gbɔgbɔ me, kple kura gɔ̃ hã ŋutilã me siaa.

Edze be Wò Susu Nanɔ Viwòwo Ŋu

Ele be dzilawo nakpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu. Mose V, 6:7 gblɔ le Mawu ƒe sewo ŋu na vifofowo be: “Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Enye ɖeviwo ƒe dzɔdzɔmedidi be yewoakpɔe be yewo dzilawo tsɔ ɖe le eme na yewo vevie. Dzeɖoɖo kple viwòwo gbesiagbe le dziɖeɖi me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse woƒe seselelãmewo me. Awɔe be wòanɔ bɔbɔe na wò be nàkpe ɖe wo ŋu Biblia ƒe gɔmeɖosewo nade dzi gbɔ na wo eye wòaʋã wo ‘woavɔ̃ Mawu eye woalé eƒe seawo me ɖe asi.’ (Nyagblɔla 12:13) Esia nye Mawu ƒe amehehe tsɔtsɔ nyi woe ƒe akpa aɖe.

Ne míatsɔ vinyinyi asɔ kple xɔtutu la, ekema xɔtunuawo dometɔ ɖekae nye amehehe. Ne dzilawo zãe nyuie la, woate ŋu aƒã nɔnɔme nyuiwo ɖe wo viwo me eye woadzra wo ɖo ɖe dodokpɔ siwo woado goe le agbe me ŋu. Lododowo 23:24, 25 gblɔ le nusi atso eme ŋu be: “Ame dzɔdzɔe fofo tsoa aseye, eye ne ame aɖe dzi vi nyanu la, ekpɔa dzidzɔ le eŋu. Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye.”—g04 11/8.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

“YEHOWA ƑE SUSU TSƆTSƆ NYI AMEE”

Woyɔ “Yehowa ƒe susu tsɔtsɔ nyi amee,” (NW) alo, “Aƒetɔ la ƒe . . . nuxɔxlɔ̃,” le Efesotɔwo 6:4. Woɖe Helagbe me nya si wozã le afisia na “susu tsɔtsɔ nyi amee,” alo, “nuxɔxlɔ̃,” gɔme le Biblia aɖewo me be “susu ƒe nu ŋu nɔnɔ,” “aɖaŋuɖoɖo,” kple “nuxɔxlɔ̃.” Nyagbɔgblɔ siawo katã fia be menye Biblia xexlẽ alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo me nyawo sɔsrɔ̃ edziedzi koe nye nusi wòle be ƒomewo nawɔ o. Ehiã be dzilawo nakpɔ egbɔ be yewo viwo se nusi Mawu ƒe Nya la fia la gɔme, wonya toɖoɖo ƒe vevienyenye, alesi gbegbe Yehowa lɔ̃ woe, kple alesi wòkpɔa wo tae la nyuie.

Aleke woawɔ aɖo nusiawo gbɔ? Judy si si vi etɔ̃ le la kpɔ be ehiã be yeawɔ nu ayi ŋgɔe wu ŋkuɖoɖo Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi edziedzi na ye viwo. Egblɔ be: “Mekpɔ be medzɔa dzi na wo ne mele nya ma ke gblɔm na wo edziedzi o. Meva dze mɔnu bubu siwo nu mato afia nu wo la didi gɔme. Mɔnuawo dometɔ ɖekae nye be medi Nyɔ! magazinea me nyati siwo ƒo nu tso nya mawo ŋu le mɔ bubu nu. Ewɔe be menya alesi magblɔ ŋkuɖodzinya siwo ɖeviawo hiã la na wo eye mado dziku na wo o.”

Angelo, amesi ƒe ƒome to kuxi sesẽwo me, gblɔ alesi wòfia ŋugbledede le Mawu ƒe Nya la ŋu vianyɔnuwoe be: “Míexlẽa mawunyakpukpuiwo ɖekae eye emegbe meɖea nya aɖewo tso eme eye meɖea alesi woku ɖe vinyenyɔnuawo ƒe nɔnɔmewo ŋui me na wo. Emegbe ne woawo ŋutɔ wole Biblia xlẽm la, mekpɔna be woyia wo ɖokui me ʋĩ nɔa ŋugble dem le nusi wòfia na wo ŋu.”