Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Aʋa si Woho ɖe AIDS ŋu Me

Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Aʋa si Woho ɖe AIDS ŋu Me

Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Aʋa si Woho ɖe AIDS ŋu Me

Ðɔkta Gerald J. Stine ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye AIDS Update 2003 me be: “Medzɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me kpɔ be wosrɔ̃ nu gbogbo ŋutɔ aɖe tso dɔléle manyatana aɖe ŋu le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me abe esia ene o.” Egblɔ be “numekuku siwo wowɔ le HIV/AIDS dɔlélea ŋu nye ŋgɔyiyi ɖedzesi si wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me.” Ŋgɔyiyi kae wowɔ?

EGBEGBETIKE ŋuti nunya deŋgɔ ƒe amesisusu kpe ɖe numekulawo ŋu be wowɔ atike hamehame aɖewo si na mɔkpɔkpɔ yeye su HIV dɔlékuia xɔlawo si. Gakpe ɖe eŋu la, nu nyui geɖewo do tso numeɖeɖe na amewo tso AIDS dɔlélea ŋu ƒe ɖoɖowo me le dukɔ geɖe me. Gake ɖe dzidzedze si kpɔm wole le agbagbadzedze siawo me le eɖem fia be madidi o dɔléle vɔ̃ɖi sia nu ayia? Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋgɔyiyi siwo wowɔ egbea kple nufiafia amewo tso AIDS dɔlélea ŋu ate ŋu atsi eƒe kaka nua? De ŋugble le nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Dɔa Ŋuti Tikewɔwɔ

September 29, 1986, ƒe Time magazine me nyati aɖe ƒe tanya enye “Aʋa si Woho ɖe Aids ŋu Dziɖuɖu Ŋuti Mɔkpɔkpɔ Sue Aɖe.” “Mɔkpɔkpɔ sue” sia su amewo si esime wokpɔ azidothymidine (AZT), si nye HIV dɔlékui nulétike, la zazã zi gbãtɔ na dɔa léla aɖewo la me tsonuwo. Nukutɔe la, HIV xɔla siwo zã azidothymidine la ƒe agbenɔƒe dzi ɖe edzi. Tso ɣemaɣi la, HIV dɔlékui nulétikewo (si woyɔna kpuie be ARV) dzi ame akpe alafa geɖewo ƒe agbenɔƒe ɖe edzi. (Kpɔ aɖaka si nye “Dɔ Kae HIV Dɔlékui Nulétikewo Wɔna?” le axa 7) Dzidzedze kae wokpɔ le atike siawo zazã le dɔyɔyɔ na HIV xɔlawo me?

Time magazine ka nya ta be togbɔ be AIDS ŋuti numekulawo kpɔ dzidzɔ ɖe azidothymidine zazã na dɔa xɔlawo ŋu le gɔmedzedzea me hã, “wonya nyuie be azidothymidine maɖe AIDS ɖa keŋkeŋ o.” Nyateƒee woto. Azidothymidine tikea meva nyo na dɔa léla aɖewo o, eyata wova to HIV dɔlékui nulétike bubuwo vɛ. Emegbe la, United States ƒe Nuɖuɖu Kple Atike Nyawo Gbɔkpɔdɔwɔƒe da asi ɖe HIV dɔlékui nulétike vovovo aɖewo ƒe ƒuƒoƒo dzi be woazã na amesiwo ŋu HIV dɔlékuia tsi ɖo. HIV dɔlékui nulétike vovovoawo ƒe ƒuƒoƒo, siwo nyea dɔlékui nulétike vovovo etɔ̃ alo esiwo wu nenema zazã na dɔnɔawo dze lãmesẽdɔwɔla siwo kpɔa AIDS nyawo gbɔ la ŋu ŋutɔ. Le nyateƒe me, le dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1996 me tso AIDS ŋu me la, ɖɔkta aɖe ɖe gbeƒãe gɔ̃ hã be ɖewohĩ atikea ate ŋu ava aɖe HIV dɔlékuia ɖa kura le ŋutilãa me!

Nublanuitɔe le ƒe ɖeka ko me la, eva ɖe dzesi be atike vovovo etɔ̃awo ƒe ƒuƒoƒo zazã ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ gɔ̃ hã mate ŋu aɖe HIV ɖa keŋkeŋ o. Ke hã Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe HIV/AIDS Nuléle Ŋuti Ðoɖowɔhawo (UNAIDS) ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be “HIV dɔlékui nulétike vovovoawo ƒe ƒuƒoƒo zazã na HIV xɔlawo kpe ɖe wo ŋu be woƒe agbenɔƒe dzi ɖe edzi, woƒe lãme sẽna wu, eye wote ŋu wɔa nu geɖewo.” Le kpɔɖeŋu me, le United States kple Europa la, HIV dɔlékui nulétikewo zazã wɔe be amesiwo AIDS wuna dzi ɖe kpɔtɔ wu alafa memama 70 sɔŋ. Gakpe ɖe eŋu la, numekuku geɖewo ɖee fia be HIV dɔlékui nulétike tiatia aɖewo zazã ɖe alesi vidzĩ ate ŋu axɔ HIV dɔlékuia tso dadaa ƒe dɔmee la dzi kpɔtɔ ale gbegbe.

Ke hã amesiwo ŋu HIV dɔlékuia le dometɔ miliɔn geɖewo mekpɔa HIV dɔlékui nulétikeawo zãna o. Nukatae?

“Dɔléle si Wɔa Fu Hiãtɔwo Wu”

HIV dɔlékui nulétikewo nana amewo woazã bɔ le dukɔ siwo me ganyawo de amewo dzi le me. Gake Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ bu akɔnta be le dukɔ madeŋgɔ aɖewo me la, amesiwo hiã HIV dɔlékui nulétikeawo dometɔ 5 pɛ le alafa me koe kpɔnɛ zãna. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe amedɔdɔwo gblɔ le atikea mama alea si meda sɔ o ŋu be enye “egbexexea me madzɔmadzɔnyenye gã” kple “agbenyuimanɔmanɔ ƒe nuwɔna gbɔme.”

Atikea mama ameŋkumekpɔkpɔtɔe ate ŋu anye nuwɔna si ayi edzi le dukɔ ɖeka me tɔwo gɔ̃ hã dome. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail ka nya ta be Canadatɔ 1 le 3 ɖesiaɖe siwo AIDS wuna me mekpɔ HIV dɔlékui nulétike aɖeke zã kpɔ o. Togbɔ be wonaa atike siawo le Canada femaxee hã la, woŋe aɖaba ƒu ameƒomevi aɖewo dzi. Globe la gblɔ be amesiwo wotso ɖi atikea mazãmazã na woe la “nye amesiwo hiã atikea vevie wu: siwo nye dukɔa me tɔ siwo nɔ anyi do ŋgɔ na duta yevuwo ƒe vava, nyɔnuwo kple ame dahewo.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Guardian gblɔ be nyɔnu Afrikatɔ aɖe si ŋu HIV le gblɔ be: “Nyemese nusia gɔme o. Nukatae wòle be yevuŋutsu siawo siwo dɔa ŋutsu gbɔ nayi edzi anɔ agbe evɔ nye ya maku?” Eƒe nyabiasea ƒe ŋuɖoɖo ku ɖe atikewo wɔwɔ kple wo mama ŋuti ganyawo ŋu.

Ga si woazã ɖe HIV dɔlékui nulétike vovovo etɔ̃awo ŋu le ƒe ɖeka me le mama dedie nu le United States kple Europa anɔ tso dɔlar 10,000 yi dɔlar 15,000. Togbɔ be wole atike vovovo siawo siwo atikewɔla bubuwo kpɔ ame bubuwo tɔ dzi wɔ dzram fifia le dukɔ madeŋgɔ aɖewo me dɔlar 300 na ƒe ɖeka ƒe zazã alo esi mede nenema o hã la, asi sia kpɔtɔ kɔkɔ akpa na amesiwo ŋu HIV le dometɔ geɖe siwo le teƒe siwo HIV dɔlékui nulétikewo hiã le wu. Ðk. Stine ƒe nyataƒoƒo le nɔnɔmea ŋu enye be: “AIDS nye dɔléle si wɔa fu hiãtɔwo wu.”

Atikewo Wɔwɔ ƒe Dɔ La

Mele bɔbɔe be atikewɔlawo nakpɔ atikewɔla bubuwo ƒe atike dzi awɔ ahadzra asi bɔbɔe o. Se sesẽwo le dukɔ geɖewo me tsi tre ɖe ame bubuwo ƒe atikewo dzi kpɔkpɔ awɔ mɔɖeɖe maxɔmaxɔe ŋu. Atikewɔƒe gã aɖe ƒe tatɔ gblɔ be: “Esia nye aʋahoho ɖe ame bubu ƒe gakpɔmɔnu ŋu.” Ŋutsua gblɔ be ame bubu ƒe atike dzi kpɔkpɔ awɔ anɔ dzadzram na dukɔ madeŋgɔwo akpɔ viɖe “nye nu manyomanyo wɔwɔ ɖe atike mawo tovɛlawo ŋu.” Adzɔha siwo toa atikewo vɛ ʋli nya hã be yewoƒe viɖekpɔkpɔ si le to yim la ate ŋu awɔe be yewomakpɔ ga na atike yeyewo ŋuti nu me kuku kple wo wɔwɔ o. Wo dometɔ bubuwo fa konyi be ate ŋu adzɔ ŋutɔŋutɔ be amewo nabu mo na hokpɔtsɔe HIV dɔlékui nulétike siwo woɖo be woatsɔ ayi dukɔ madeŋgɔwo mee la atsɔ ayi dukɔ deŋgɔwo me aɖadzra le vivime.

Hokpɔtsɔe HIV dɔlékui nulétike taʋlilawo le gbɔgblɔm be woate ŋu azã ga si atikewɔlawo gblɔna be yewozãna ɖe atikewɔwɔ ŋu la ƒe alafa memama 5 yi 10 pɛ ko ɖe atike yeyewo wɔwɔ ŋu. Wogblɔ hã be ɖokuisitikewɔhawo medina be yewoawɔ numekuku tso dɔléle siwo le fu ɖem na dukɔ dahewo ŋu ahawɔ wo ŋu tikewo o. Esia na Daniel Berman si nye Atike Veviwo Kpɔkpɔ Azã ƒe ɖoɖo ƒe zimenɔla gblɔ be: “Ehiã be dukɔwo dome ɖoɖo aɖe nanɔ anyi si akpɔ egbɔ be atike yeyewo ƒe asi ɖiɖi ɖo afisi amewo nate ŋu aƒlee le dukɔ madeŋgɔwo me.”

Be woakpɔ alesi HIV dɔlékui nulétikewo hiãe le xexeame godoo gbɔ la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ wɔ ɖoɖo be kaka ƒe 2005 ƒe nuwuwu naɖo la, HIV/AIDS léla siwo ŋu yewokpe ɖo wokpɔ HIV dɔlékui nulétikewo le zazãm la aɖo ame miliɔn etɔ̃. Nathan Ford, si nye Atikewɔwɔ na Amesiame ƒe Habɔbɔ me tɔ gblɔ be: “Mele be ɖoɖo si wowɔ be va ɖo ƒe 2005 me woawɔ atike na ame miliɔn etɔ̃ hã nagazu taɖodzinu bubu si gbɔ Dukɔ Ƒoƒuawo mete ŋu ɖo o. HIV/AIDS léla siwo wobu akɔnta be wohiã atikea egbea la ƒe xexlẽme ƒe afã ko xexlẽme sia nye, gake va ɖo [ƒe 2005 me la] xexlẽme sia ayi dzi bobobo.”

Mɔxenu Bubuwo

Ne woɖo HIV dɔlékui nulétikewo ɖe dukɔ madeŋgɔwo me zã hã la, mɔxenu bubuwo li siwo wòle be woaɖe ɖa. Ebia nuɖuɖu kple tsi nyui hafi woate ŋu azã atike aɖewo, gake ŋkeke etɔ̃agbe hafi ame akpe alafa geɖewo gakpɔa nu ɖuna le dukɔ aɖewo me. Ehiã be woami HIV dɔlékui nulétikewo (zi geɖe wonyea atikekui 20 alo esiwo wu nenema gbesiagbe) ɖe game aɖe tututu dzi gbesiagbe, gake gaƒoɖokui mele dɔnɔ geɖewo si o. Ehiã be woanɔ ŋku lém ɖe dɔnɔa ƒe lãme ŋu hafi anya atike vovovo siwo wòazã le ɣeyiɣi aɖe me. Gake lãmesẽdɔwɔlawo mede ha kura le dukɔ geɖewo me o. Edze ƒã be mɔxenu sesẽwo li siwo wòle be woaɖe ɖa le HIV dɔlékui nulétikewo nana dukɔ madeŋgɔwo me.

Dɔnɔ siwo le dukɔ deŋgɔwo me hã doa go kuxiwo le atike vovovowo ƒe ƒuƒoƒo siawo zazã me. Numekukuwo ɖee fia be dɔnɔ gbogbo aɖewo memia atike siwo wòle be woami la katã ɖe ɣeyiɣi dzi o. Atikeawo mamimami ɖe ɣeyiɣi dzi ate ŋu ana dɔlékuiawo nagbe atike sese. Ame bubuwo ate ŋu axɔ HIV dɔlékui maseatike mawo le amewo ŋu.

Ðk. Stine tɔ asi kuxi bubu si dzea ŋgɔ amesiwo ŋu HIV dɔlékuia le la dzi. Egblɔ be: “Nusi wɔ moya le HIV dɔlékui nulétikeawo zazã ŋue nye be ɣeaɖewoɣi la, atikeawo zazã naa wosea veve wu vevesese si dɔlélea ŋutɔ gɔ̃ hã hena vɛ, vevietɔ ne wodze atikeawo zazã gɔme hafi dɔlélea ƒe dzesiwo te dzedze le ame ŋu.” Zi geɖe dɔléle siwo HIV dɔlékui nulétikeawo zazã hena ƒua HIV xɔlawo dometɔ aɖewoe nye suklidɔ, lãmemi ƒe kaka ɖe teƒe siwo mele be wòanɔ o, ʋumemi ƒe agbɔsɔsɔ, kple ƒumasẽmasẽdɔ. Dɔléle siwo atikeawo zazã hena vɛ dometɔ aɖewo vɔ̃ɖi ŋutɔ.

Mɔxexe Nɛ Ŋuti Gbagbadzedzewo

Aleke agbagbadzedze be woaɖe AIDS ƒe kaka dzi akpɔtɔ to nuxɔxlɔ̃ amewo be woatrɔ agbenɔnɔ siwo ate ŋu ana woaxɔ dɔlélea me kpɔ dzidzedzee? Wobu akɔnta be nuxɔxlɔ̃ amewo atraɖii le Uganda tso AIDS ŋu le ƒe 1990-awo me na HIV ƒe kaka dzi ɖe kpɔtɔ le dukɔ ma me tso alafa memama 14 dzi va ɖo alafa memama 8 lɔƒo le ƒe 2000 me. Nenema ke agbagba siwo Senegal dukɔa dze le nuƒoƒo tso HIV dɔlékuia xɔxɔ ŋu na dukɔmeviawo me kpe ɖe dukɔ ma ŋu be ame tsitsi siwo ŋu HIV le gakpɔtɔ nye ame 1 le alafa me kokoko. Agbagbadzedze siawo me tsonuwo de dzi ƒo ale gbegbe.

Ke hã nuxɔxlɔ̃ amewo tso AIDS ŋu mele afɔ tsɔm tututu le dukɔ bubuwo me o. Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2002 me tso sɔhɛ 11,000 ŋu le Canada ɖee fia be sekɛndri sukuvi siwo le ƒe gbãtɔ me ƒe afã xɔe se be AIDS nye dɔléle si woate ŋu ada. Numekuku aɖe si Britaintɔwo wɔ le ƒe ma ke me hã ɖee fia be ŋutsuvi siwo xɔ tso ƒe 10 yi 11 dometɔ 42 le alafa me mese naneke tso HIV alo AIDS ŋu kpɔ o. Eye sɔhɛ siwo nya nu tso HIV kple AIDS ŋu eye wonyae be womedanɛ o gɔ̃ hã megava vɔ̃na na exɔxɔ o. Ðɔkta aɖe gblɔ be: “Le sɔhɛ geɖewo gome la, HIV dɔlékuia ŋu nya le na wo ko abe kuxi geɖe siwo me wotona la dometɔ ɖeka, abe nunyuimakpɔɖu, dzikpɔla manɔamesi, sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ manɔamesi ene.”

Eyata mewɔ nuku o be Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be “susu hehe yi sɔhɛwo koŋ dzi ate ŋu anye mɔnu nyuitɔ kekeake si dzi woato alé dɔvɔ̃a nu, vevietɔ le dukɔ siwo me wòbɔ ɖo wu me.” Mɔ ka nue woato akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woawɔ nuxlɔ̃ame siwo woxɔ tso AIDS ŋu la dzi? Eye ɖe woate ŋu akpɔ mɔ be woava dae gbaɖegbea?—g04 11/22.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Le ƒe si va yi me la, amesiwo hiã HIV dɔlékui nulétikewo le Afrika dometɔ 2 le alafa me koe xɔe, evɔ amesiwo hiãe dometɔ 84 le alafa me ye xɔe le Amerika-dukɔwo me

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Dɔ Kae HIV Dɔlékui Nulétikewo Wɔna? *

Le amesi le lãmesẽ me gome la, lãmenugbagbevi si woyɔna be T cell, siwo wɔa avu kple dɔlékui siwo gena ɖe ame ƒe lãme la, doa ŋusẽ ame ƒe dɔlélenutsiŋutete be wòaɖu dɔlékuiwo dzi. HIV dɔlékuia dzea T cell siawo koŋ dzi. Lãmenugbagbeviawoe HIV dɔlékuia zãna hafi te ŋu dzina ɖe edzi, eye esia nana be T cell siawo gbɔdzɔna henɔa tsɔtsrɔ̃m ʋuu nu va gblẽna le ame ƒe dɔlélenutsiŋutete ŋu kura. Dɔ si HIV dɔlékui nulétikewo wɔnae nye be woana be HIV dɔlékuiawo nagate ŋu anɔ ame ƒe lãmenugbagbeviwo zãm atsɔ anɔ wo ɖokui dzimee ɖe edzi o.

Fifia la, HIV dɔlékui nulétike hamehame ene koŋue li wonaa amewo. Esi woyɔna be nucleoside analogues kple non-nucleoside analogues xea mɔ na HIV dɔlékuiawo be woaganɔ gegem ɖe ame ƒe domenyiŋusẽfianu me o. Esi woyɔna be protease inhibitors xea mɔ na HIV dɔlékui siwo ge ɖe lãmenugbagbeviawo me be womakpɔ nunyiame ahayi HIV dɔlékuiwo dzi ge zã o. Esi woyɔna be fusion inhibitors xea mɔ na HIV dɔlékuiawo be woagage ɖe lãmenugbagbeviawo me o. HIV dɔlékui nulétikeawo xea mɔ na HIV dɔlékuiawo be woagadzi ɖe edzi o si wɔnɛ be HIV dɔlékuia mete ŋu kpɔa ŋusẽ tsina va ɖoa dɔa ƒe sesẽƒe si nye AIDS kaba o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 28 Womeŋlɔa HIV dɔlékui nulétikewo na dɔlékui sia xɔlawo katã o. Amesiwo ŋu HIV le alo susui be ele yewo ŋu la nakpɔ ɖɔkta hafi adze atike ƒomevi ɖesiaɖe wɔwɔ gɔme. Nyɔ! mekafua atike gobi aɖeke na ame o.

[Nɔnɔmetata]

KENYA​—Ðɔkta aɖe le nu me ɖem na AIDS léla aɖe tso HIV dɔlékui nulétike zazã ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Sven Torfinn/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata]

KENYA​—AIDS léla aɖe le HIV dɔlékui nulétikewo xɔm le kɔdzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Sven Torfinn/Panos Pictures

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

AIDS Kple Nyɔnuwo

Fifia la, ame tsitsi siwo ŋu HIV/AIDS le dometɔ 50 le alafa me nye nyɔnuwo

Esi wokpɔ AIDS le nyɔnuwo ŋu le ƒe 1982 me la, wosusui be abui siwo wozã na dɔa xɔlawo la ke zazã dzie woto xɔe. Eteƒe medidi o wova kpɔe dze sii be nyɔnuwo ate ŋu axɔ dɔlélea to gbɔdɔdɔ me eye be ele bɔbɔe ŋutɔ be nyɔnuwo koŋ naxɔ HIV dɔlékuia. Le xexeame godoo fifia la, ame tsitsi siwo ŋu HIV/AIDS le dometɔ 50 le alafa me nye nyɔnuwo. UNAIDS habɔbɔa ka nya ta be: “Dɔvɔ̃a le kakam ɖe nyɔnu tsitsiwo kple nyɔnuvi ƒewuivi siwo hadomegbenɔnɔ, dekɔnu, seselelãme, kple ganyawo na wòle bɔbɔe ŋutɔ be woaxɔ dɔvɔ̃a la dome ale gbegbe, evɔ woawo ke ƒe ŋkumee wòkpɔ be woakpɔ dɔnɔwo kple amesiwo ɖo kudonu la dzi.”

Nukatae alesi gbegbe dɔlélea le ta kekem ɖe nyɔnuwo domee la zu taɖui na AIDS dɔwɔlawo? Zi geɖe la, nukpɔsusu totrowo nɔa amewo si ɖe nyɔnu siwo ŋu HIV dɔlékuia le ŋu wu ŋutsu siwo ŋu wòle, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔ aɖewo me. Ne fu le nyɔnu ƒo la, ekema via ƒe lãmesẽ ɖo afɔku me; ne vi le esi xoxo la, wo dzi kpɔkpɔ zua agba, vevietɔ ne dzilaɖekɛe wònye. Gawu la, amewo menya nu boo aɖeke tso nɔnɔme tɔxɛ siwo me nyɔnu siwo ŋu HIV dɔlékuia le tona kple atikewɔwɔ na wo ŋu o.

Dekɔnu aɖewo gana nɔnɔmea sesẽna ɖe edzi na nyɔnuwo. Le dukɔ geɖewo me la, wobui be mesɔ be nyɔnuwo naɖo dze tso gbɔdɔdɔ ŋu o, eye ne womelɔ̃ ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nya si wodo ɖe wo gbɔ dzi o la, wote ŋu zia wo dzi dɔa wo gbɔ sesẽe. Zi geɖe la, mɔɖeɖe li na woƒe ŋutsuwo ya be nyɔnu geɖe nanɔ wo si, eye esia naa wokakaa HIV dɔlékuia le manyamanya me na nyɔnu siawo. Afrika ŋutsu aɖewo dɔa nyɔnuviwo gbɔ kple susu be HIV mele wo ŋu yewoaxɔ o alo susunɛ vodadatɔe be ɖetugbi nɔaƒewo gbɔ dɔdɔ daa AIDS. Mewɔ nuku o be Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be: “Ele be dɔlélea nuléle ŋuti ɖoɖowo naku ɖe ŋutsuwo (kple nyɔnuwo siaa) ŋu hafi woate ŋu akpɔ nyɔnuwo ta.”

[Nɔnɔmetata]

PERU​—Vidada si ŋu HIV le kple vianyɔnuvi si ŋu HIV mele o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Annie Bungeroth/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata]

THAILAND​—Sukuviwo va srã AIDS léla aɖe kpɔ le woƒe nusɔsrɔ̃ tso dɔlélea ŋu me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Ian Teh/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata]

KENYA​—Kpekpe aɖe wɔwɔ kple Nyɔnu AIDS Lélawo ƒe habɔbɔ me tɔwo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Sven Torfinn/Panos Pictures

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

AIDS Ŋuti Nukpɔsusu Totrowo

Amesiwo ŋu HIV dɔlékuia le dzena dɔnɔwoe. Ðk. Gerald J. Stine gblɔ be: “Le mama dedie nu la, exɔna tsoa ƒe 10 yi 12 hafi amesi ŋu HIV dɔlékuia le ɖona dɔa ƒe sesẽƒe si nye AIDS. Le ɣeyiɣi si me HIV dɔlékuia mekpɔ ɖo sesẽƒea haɖe o la, dzesi boo aɖeke medzena le eŋu amewo kpɔna o, gake woate ŋu akakae ana ame bubuwo.”

Ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ ƒe dɔlélee AIDS nye. Le ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze la, wode dzesii gbã be ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwoe xɔa AIDS dɔlélea. Gake egbea la, ŋutsu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ koŋue le HIV dɔlékuia kakam le xexeame ƒe teƒe geɖe.

Gbɔdɔdɔ to nume “kpɔa ame ta.” Mɔxexe na Dɔléle Kple Enuléle Dɔwɔƒewo gblɔ be “numekuku geɖe ɖee fia be woate ŋu axɔ HIV dɔlékuia kple nulɔdɔ bubuwo to gbɔdɔdɔ to nume me.” HIV xɔxɔ to vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume me mebɔ abe to gbɔdɔdɔnuwɔna bubuwo me ene ya o. Ke hã nuwɔnaa va bɔ ale gbegbe be ɖɔkta aɖewo bui be anye mɔnu bubu si dzi HIV dɔlékuia to le kakam.

Atike li daa AIDS. Togbɔ be HIV dɔlékui nulétikewo ate ŋu ana HIV maɖo eƒe sesẽaƒe si nye AIDS kaba le dɔnɔ aɖewo me o hã la, abɔtasitike alo edatike aɖeke meli fifia o.

[Nɔnɔmetata]

CZECH REPUBLIC​—Ʋuɖeɖe hena AIDS, si nu woléna evɔ womedanɛ ƒe dodokpɔ wɔwɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Liba Taylor/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

ZAMBIA​—Nyɔnuvi eve siwo ŋu HIV dɔlékuia le le lalam axɔ atike

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Pep Bonet/Panos Pictures