Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒewuiviwo ƒe Fufɔfɔ—Nublanuinya si Bɔ ɖe Xexeame Katãe Wònye

Ƒewuiviwo ƒe Fufɔfɔ—Nublanuinya si Bɔ ɖe Xexeame Katãe Wònye

Ƒewuiviwo ƒe Fufɔfɔ​—Nublanuinya si Bɔ ɖe Xexeame Katãe Wònye

WOYƆ ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ be kuxi si bɔ ɖe afisiafi. Gake ne èlé ŋku ɖe nyɔnuvi ƒewuivi aɖe si dzidzi ƒo eye nèbu alesi fufɔfɔ gblẽ nu le eŋui ŋu ko hafi nàkpɔ alesi gbegbe nya sia nye nublanuinyae. Ne mede ɖeke o la, tɔtrɔ gãwo ava eƒe agbe me siwo agblẽ nu, menye le eya ŋutɔ ɖeɖeko ŋu o, ke boŋ le eƒe ƒome kple lɔlɔ̃tɔ bubuwo hã ŋu.

Ƒewuiviwo toa ɣeyiɣi si Biblia yɔ be ‘sɔhɛnyenye ƒe dzodzro sesẽ’ me—eye zi geɖe la, ɣeyiɣi sia mee gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna le wu. (Korintotɔwo I, 7:36) Gake anye nuwo ŋu mabumabu yi ŋgɔe be woabu ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ be enye mɔmaxemaxe ɖe fufɔfɔ nu nya ko. Nudzɔdzɔwo fia be hadomegbenɔnɔ kple seselelãmenya vovovo siwo de nu wo nɔewo me gbɔe ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ tsona.

Nu Vovovo Siwo Gbɔ Wòtsona

Numekuku fia be ƒome siwo me ma mee vidada ƒewuivi geɖe tso. Vidada ƒewuivi geɖe ƒe konyifafae nye be, “Nusi ko dim mele le nye agbe me katãe nye ƒome si me wotsɔa ɖe le eme na ame le.” Eyata eme kɔ kɔte be ƒomewo ƒe gbagbã ate ŋu ahe ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ vɛ. Wokpɔ le kpekpeɖeŋunaɖoɖo aɖe si wowɔ be woatsɔ akpe ɖe vidada ƒewuiviwo ŋu me be zi geɖe la, “wo kple wo dadawo dome mevivina o eye wo kple wo fofowo ya kura menyina o.” Anita si dzi vi esime wòxɔ ƒe 18 la gblɔ be togbɔ be ye dada si nye vidadaɖekɛ dzea agbagba naa yeƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ye hã la, Anita be ye fofo ƒe anyimanɔmanɔ naa yesena le ye ɖokui me be nane kokoko gahiã ye.

Le nyɔnuvi bubuwo gome la, esi wozia wo dzi dɔa wo gbɔ tae wozua vinɔ ƒewuiviwo ɖo. Le wo dometɔ aɖewo gome la, edze abe ɖe nuvevi si wowɔ wo la ƒãa vevesese ɖe wo me si va dzena emegbe esi wonɔa agbe ɖekematsɔlemetɔe wògblẽa nu le woawo ŋutɔ ŋu ene. Le kpɔɖeŋu me, wodɔ Jasmine gbɔ sesẽe esime wòxɔ ƒe 15. Egblɔ be “le ema megbe la, nuvevi wɔwɔ ɖokuinye meganye nusi sesẽna nam o. Esi mexɔ ƒe 19 la, mefɔ fu.” Amedzizizi adɔ egbɔ ate ŋu ana ame nabu eɖokui be yemeganyo na naneke o. Jasmine xa nu be “nyemese le ɖokuinye me kpɔ be mele ɖeke me o.” Anita hã to nɔnɔme wɔnublanui ma ke me. Egblɔ be: “Ƒewuivi aɖe nɔ gbɔnye dɔm sesẽe tso nye ƒe 7 va ɖo ƒe 11 xɔxɔ me. Melé fu ɖokuinye. Mebu fɔ ɖokuinye.” Efɔ fu esi wòxɔ ƒe 17.

Gake ɖetugbi aɖewo ŋutɔ hã ƒe kaka ɖe wo ɖokui dzi akpa kple numemikpɔkpɔe naa wofɔa fu. Nicole, amesi ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me la gblɔ be: “Mesusu be menya nusianu, be mate ŋu awɔ nusianu. Gake dzɔgbevɔ̃etɔe la, mate ŋu adzi vi hã.” Numemikpɔkpɔ, alo, didi be yeanya nusianu, la kee na be Carol si hã dzi vi srɔ̃maɖemaɖee la dze ŋutsu gbɔ dede esi metsi o. Egblɔ be, “Mesusu be nane nɔ ŋunye tom.”

Ŋutsu gbɔ dede metsonuwo manyamanya hã le eme. Hadomegbenɔnɔŋunyala Karen Rowlingson kple Stephen McKay gblɔ be le Britain la, sɔhɛ aɖewo “menyaa nu boo aɖeke le . . . nusi woanɔ mɔ kpɔm na tso zɔzɔ kple ŋutsu alo nyɔnu me kple nusi fufɔfɔ lɔ ɖe eme la ŋu o.” Ðeko wòdzena abe ɖe sɔhɛ aɖewo menya be gbɔdɔdɔ ana be yewoafɔ fu o ene. Wokpɔ le numekuku aɖe me be vidada ƒewuiviwo “gblɔna zi geɖe be yewotɔtɔ alo be ewɔ nuku na yewo be yewotsɔ ƒo togbɔ be womenɔ mɔxexeɖefunu mɔnu aɖeke zãm o hã.”

Gake nusi koŋ hea ƒewuime fufɔfɔ vɛ ye nye alesi amewo ƒe nɔnɔme ɖe gbɔdɔdɔ ŋu trɔe. Míele ɣeyiɣi si me amewo “lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu” me. (Timoteo II, 3:1-4) Australiatɔ numekula Ailsa Burns kple Cath Scott gblɔ be “alesi amehawo kple subɔsubɔhawo tsia tre ɖe gbɔdɔdɔ srɔ̃maɖemaɖe ŋui alo xɔa gakpɔmɔnu ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖewo le sɔhɛwo si tsɔ hea to na woe la megabɔ o.” Womegabua gbɔmeyavidzidzi ŋukpenanui boo fifia abe alesi wònɔ tsã ene o. Le teƒe aɖewo kura gɔ̃ hã la, vinɔamesi te ŋu nyea dada alo ɖoƒesuamesi na ƒewuiviwo!

Nusiwo Wògblẽna le Ame ƒe Seselelãme Ŋu

Ƒewuime vidzidzi to vovo kura na dzidzɔnu si sɔhɛwo susuna be enye. Ne nyɔnuviwo kpɔ be yewofɔ fu la, seselelãme ɖefuname geɖe xɔa wo me zi geɖe. Wo dometɔ geɖewo lɔ̃na ɖe edzi be ena be yewotɔtɔ alo tsi yaa. Amerikatɔwo ƒe Ðevi Kple Ƒewuiviwo ƒe Tagbɔdɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be “wolɔ̃a dzibibi, wosenɛ le wo ɖokui me be yewoɖi fɔ, kple gbegbe be yewomefɔ fu o.” Gake gbegbe be yewomefɔ fu o ana be ɖetugbivi nagbe atikewɔwɔ si wòhiã na la.

Elvenia gblɔ be “dzidzi ƒom” esime gbɔdɔdɔ si “tem kpɔ wònɔ” la ke dzo ɖe ŋkume nɛ. Nyatonatɔ meli na nyɔnuvi funɔ geɖe o alo nusi dzɔ ɖe wo dzi la gbɔgblɔ nyea ŋukpe na wo ale gbegbe. Eyata mewɔ nuku o be fɔɖiɖi kple vɔvɔ̃ si léa wo dometɔ aɖewo la wua gbɔgblɔ. Blanuiléle zua dɔ dzea funɔ ƒewuivi geɖewo dzi ŋutɔŋutɔ hã. Jasmine gblɔ be, “Nyemegava tsɔ ɖeke le agbenɔnɔ me o, eye nyemegatsɔ le eme ne meku hã o.” *

Aleke ɖetugbivi awɔ nui gbã o, ele be wòawɔ nyametsotso gbogbo aɖe siwo akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe wo kple via ƒe etsɔme dzi. Alesi ɖetugbiviwo awɔ nyametsotso siawo nunyatɔe ŋue míaƒo nu le le nyati si kplɔe ɖo me.—g04 10/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Àte ŋu akpɔ nya siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖu ɖokuiwò wuwu ƒe seselelãmewo dzi le November 8, 2001, ƒe Nyɔ! me le ameɖokuiwuwu ŋuti nyati etɔ̃ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, si gbãtɔ ƒe tanyae nye “Xexeame Katã ƒe Kuxi Aɖe” la me.

[Aɖaka si le axa 19]

Ƒewuiviwo ƒe Fufɔfɔ—Eŋu Nya Wɔnublanuiawo

Togbɔ be nusi dzɔna le United States ŋue nya siwo gbɔna ku ɖo hã la, ena míekpɔ kuxi siwo funɔ ƒewuiviwo doa goe le xexeame godoo la ƒe ɖewo.

● Nyɔnuvi 4 le 10 me fɔa fu hafi xɔa ƒe 20—ƒewuivi siwo wu 900,000 ye fɔa fu ƒe sia ƒe.

● Vinɔ ƒewuivi siwo ade 40 le alafa me mexɔ ƒe 18 haɖe o.

● Wosẽa ŋuta le dzila ƒewuiviwo ƒe viwo ŋu wu dzila tsitsiwo ƒe viwo eye wometsɔa ɖeke le eme na wo o.

● Vinɔ siwo mexɔ ƒe 18 o dometɔ 4 le 10 me koe te ŋu wua sɛkɛndri suku nu.

● Vifofo siwo ade alafa memama 80 meɖea wo viwo dada siwo nye ɖetugbivi ƒewuiviwo o.

● Vinɔ ƒewuivi siwo ɖea srɔ̃ le wo viwo dzidzi megbe la dometɔ 30 le alafa me koe nɔa atsua ƒe; ƒewuime srɔ̃ɖela siawo ƒe wo nɔewo gbegbe te ŋu nyea srɔ̃ɖeɖe siwo me nyɔnua xɔ ƒe 25 ya teti le la ƒe teƒe eve.

● Ete ŋu dzɔna be vinɔ ƒewuiviwo nadzi vi hafi woƒe ŋkeke nade eye wo viwo ƒe kpekpeme mete ŋu dea alesi wòle be vidzĩwo tɔ nanɔ nu o, si wɔnɛ be vidzĩ siawo te ŋu kuna bɔbɔe le ɖevime, eye dɔ siwo nye ŋkugbagbã, tokuku, akɔtadɔ, fafa le susu me, tagbɔdɔ, bafa zuzu, ahɔhɔ̃medɔwo, agbalẽmanyamanya, kple ɖeviwo ƒe momafamafa ɖea fu na wo wu.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Woɖee tso Not Just Another Single Issue: Teen Pregnancy Prevention’s Link to Other Critical Social Issues (Menye Nya Bubu aɖe Koe O: Alesi Mɔxexe Ðe Ƒewuime Fufɔfɔ Nu Do Ƒome Kple Hadomekuxi Sesẽ Bubuwoe), si [United States] Dukɔa me Boblododo be Woatsɔ Axe Mɔ Ðe Ƒewuime Fufɔfɔ Nu Habɔbɔ ta la ƒe February 2002 tɔ me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ƒewuiviwo ƒe Fufɔfɔ le Xexeame Godoo

BRAZIL: Wobu akɔnta be “ɖetugbivi siwo mexɔ ƒe 19 haɖe o 698,439 ye dzi vi le ƒe 1998 me le Brazil Dukɔa ƒe Dɔdaƒewo . . . Nyɔnuvi siawo dometɔ 31,857 nye ɖevi siwo xɔ tso ƒe 10 va ɖo ƒe 14, si nye ƒexɔxɔ si dzi nàlɔ̃ ɖo be susu mele kura be amesiwo xɔ ƒe ma nadzi vi o.”—Folha de S. Paulo, August 25, 1999.

BRITAIN: “Britain ye ƒewuiviwo ƒe vidzidzi bɔ ɖo wu le Ɣetoɖoƒe Europa dukɔwo me . . . Ƒewuivi siwo ade 90,000 kloe ye fɔ fu le England le ƒe 1997 me. Wodzi wo dometɔ 3 le 5 ɖesiaɖe me (56,000), eye srɔ̃ mele ƒewuivi siawo dometɔ 90 le alafa me siwo dzi vi le ƒe 1997 me (woanye ame 50,000) la si o.”—Lone Parent Families, 2002 (Dzilaɖekɛƒomewo, Ƒe 2002).

MALAYSIA: “Gbɔmeyavi siwo wodzi le dukɔa me dzi ɖe edzi tso ƒe 1998 me eye vinɔ akpa gãtɔ nye ɖetugbivi siwo ɖo woƒe ƒewuiwo ƒe nuwuwu lɔƒo.”—New Straits Times–​Management Times, April 1, 2002.

RUSSIA: “Vi siwo wodzi le Russia le ƒe si va yi me ƒe xexlẽme ƒe akpa etɔ̃lia kloe dzilawo nye vinɔ siwo si srɔ̃ mele o, dziɖuɖua ƒe akɔntabubu fia be xexlẽme sia nye alesi wònɔ le ƒe ewo siwo va yi me la ƒe teƒe eve eye medzɔ kpɔ alea tso esime Xexemeʋa II ke o. Ðevi siawo ƒe alafa memama si wu 40 dzilawo nye nyɔnuvi ƒewuiviwo.”—The Moscow Times, November 29, 2001.

UNITED STATES: “Togbɔ be ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ dzi ɖe kpɔtɔ nyitsɔ sia hã la, ƒewuivi 4 le 10 ɖesiaɖe me fɔa fu zi ɖeka ya teti hafi xɔa ƒe 20.”—Whatever Happened to Childhood? The Problem of Teen Pregnancy in the United States, 1997 (Nuka Gɔ̃e Dzɔ ɖe Ðevimenɔnɔ Dzi? Ƒewuime Fufɔfɔ Kuxi la le United States, Ƒe 1997).

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Dzilawo ƒe kaklã alo wo nɔewo gbegbe dzia ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ ƒe afɔkua ɖe edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Edzena abe ɖe sɔhɛ aɖewo menya be gbɔdɔdɔ ana be yewoafɔ fu o ene

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Fufɔfɔ gblẽa nu le nyɔnuvi kple eƒe amewo ŋu vevie