Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abɔdzokposuku si Fefenuwo Mele O

Abɔdzokposuku si Fefenuwo Mele O

Abɔdzokposuku si Fefenuwo Mele O

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GERMANY GBƆ

Esime ɖeviawo va suku gbeɖeka ŋdi la, wokpɔ be zikpui kple kplɔ̃wo koe susɔ ɖe abɔdzokposukuxɔ ɖesiaɖe me. Wotso ŋku atividzĩwo, kɔɖinuwo, alo fefenu bubu siwo wotsɔ avɔ wɔe la do kpoe. Agbalẽwo alo ɖeviwo ƒe fefenu siwo wokpa kple ati wòle dzogoe ene ene me abe xɔtukpewo ene hã meli o. Pepa alo sakisi gɔ̃ hã meli o. Woɖe fefenuawo katã ɖa eye ɣleti etɔ̃ megbe hafi woatrɔ wo agbɔe. Nukae le dzɔdzɔm?

Abɔdzokposuku sia nye geɖe siwo ŋu wole ŋudzedze kpɔm ɖo le Austria, Germany, kple Switzerland la dometɔ ɖeka, eye wole gome kpɔm le nusrɔ̃ɖoɖo yeye wɔnuku aɖe si wona ŋkɔe be Abɔdzokposuku si Fefenuwo Mele O la me. Togbɔ be nya sia awɔ moyaa hã la, enye nusi Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔwɔha ƒe lãmesẽdɔwɔlawo kafu vevie, eye eƒe taɖodzinue nye be woato edzi axe mɔ na nutsiamesi masɔmasɔwo. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, numekulawo va kpɔe dze sii be nutsiamesi masɔmasɔwo mete ŋu zua numame ne wotu hadede kple amewo ɖo kaba le agbe me o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be ŋutete nyui siwo wotuna ɖo la dometɔ aɖewoe nye “nuƒoƒo kple alesi woate ɖe ame ŋu bɔbɔe aɖo dze ƒe ŋutete, masɔmasɔwo gbɔkpɔkpɔ ƒe ŋutete, ame ƒe nuwɔna metsonu ƒe agba tsɔtsɔ ƒe ŋutete, alesi woaɖo taɖodzinu na ame ɖokuii, akpɔ kuxiwo adze sii, adi kpekpeɖeŋui, kple alesi woadi kuxiwo gbɔkpɔnui ƒe ŋutete.” Nusrɔ̃ɖoɖo sia ɖolawo gblɔ be ele be woatu ŋutete siawo ɖo kaba, eye ɣeyiɣi siwo me fefenuwo meli o kpena ɖe wo ŋu be woate ŋu awɔ esia, eye wòdea nu yeyewo wɔwɔ kple kakaɖedzinɔamesi ƒe dzi ƒo.

Wowɔ ɣleti etɔ̃ siwo fefenu maganɔ anyi o la ƒe ɖoɖoa nyuie eye wodzro eme kple dzilawo kple ɖeviawo siaa. Le gɔmedzedzea me la, ɖeviawo tsi dzodzodzoe. Woka nya ta be “le abɔdzokposuku aɖewo me la, ɖeviawo wɔ nugbenugbe ale gbegbe le kwasiɖa ene gbãtɔawo me” eye eɖolawo menya nusi woawɔ o. Gake ɖeviawo va srɔ̃ alesi woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋui eye wosrɔ̃ nu yeyewo wɔwɔ. Ne ɖeviwo mekpɔ fefenuwo atsɔ afee o la, woɖoa dze kple wo nɔewo, woɖea susu, eye wofena ɖekae, ale wodzia woƒe hadomenɔnɔ kple nuƒoƒo ŋutete ɖo. Wo dometɔ siwo “bena” ɖe woƒe fefenuwo megbe la le xɔ̃ dzem fifia. Dzilawo hã de dzesii be wowɔ tɔtrɔ nyuiwo. Wogblɔ be ɖeviawo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie wu ne wole fefem eye wote ŋu wɔa nu yeyewo wu tsã.—g04 9/22.