Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔkpekpe Kple Fu Siwo Ƒewuime Vidzidzi Hena Vɛ

Akɔkpekpe Kple Fu Siwo Ƒewuime Vidzidzi Hena Vɛ

Akɔkpekpe Kple Fu Siwo Ƒewuime Vidzidzi Hena Vɛ

NYAMETSOTSO siwo kpɔa ame tsitsiwo ŋkume ƒe agba va dzea ŋgɔ funɔ ƒewuiviwo. Vinɔ ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Ðeko wòwɔna nam abe ƒe 40 ye mexɔ ene. Nye ɖevimenɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo katã to ŋunye.” Nyateƒee, ne nyɔnuvi kpɔ be yefɔ fu la, vɔvɔ̃ kple dzodzodzoetsitsi yɔa eme wu gbɔgblɔ.

Ne funɔ ƒewuivie nènye la, wò ŋutɔ àsee le ɖokuiwò me nenema. Gake mɔɖeɖe seselelãme madedziƒonamewo nagbɔdzɔ lãme na wò ana màte ŋu awɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu o. Biblia gblɔ be: “Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.” (Nyagblɔla 7:8; 11:4) Agbledela si yame ƒe nɔnɔme tso dzika ƒo na mate ŋu awɔ dɔ si wòhiã be wòawɔ la o. Eyata mègana dziɖeleameƒo nazu mɔxenu na wò o. Mlɔeba la, ɖeko wòle be nàtso awɔ nane le eŋu eye nàtsɔ agba siwo dze ŋgɔ wò la.—Galatiatɔwo 6:5.

Tiatia kawoe li nàte ŋu awɔ? Ame aɖewo agblɔ na wò be nàɖe fua. Gake amesiwo di be yewoatrɔ dzime ne yewoƒe nu nadze Mawu ŋu la mate ŋu awɔ tiatia sia o, elabe Biblia na eme kɔ ƒã be Mawu ƒe se tsi tre ɖe fugege ŋu. (Mose II, 20:13; 21:22, 23; Psalmo 139:14-16) Nu xɔasie fugboe ƒe agbe nye le Mawu gbɔ—ne eganye gbɔmeyafue hã.

Ke ɖevia fofo ɖeɖe be mia kplii mianyi ɖevia ɖe? Srɔ̃ɖeɖe ate ŋu aɖe wò ŋukpea ƒe akpa aɖe ɖa ya. Gake ne ŋutsuvi si nèdzi via na kpɔ be ele be yeakpe ɖe ŋuwò le ɖevia dzikpɔkpɔ me hã la, menye ɣesiaɣie nunya nɔa srɔ̃ɖeɖe siawo tɔgbe me o. * Ðekakpuivi ƒewuivi ƒe ŋutete be wòadzi vi mefia kura be seselelãme kple tamebubu ŋutete si hiã be woanye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui le esi o. Eye mefia hã be ga le esi wòakpɔ srɔ̃ kple vi dzi o. Gawu la, ne ŋutsuvia ƒe subɔsubɔdzixɔsewo to vovo na tɔwò la, eɖeɖe anye Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko’ la dzi dada. (Korintotɔwo I, 7:39) Nuteƒekpɔkpɔ fia be dzitsitsi adzo ɖe srɔ̃ɖeɖe me—si ɖewohĩ ava zu ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe srɔ̃ɖeɖe—la, fu ko wòdzina ɖe fu dzi na ame tsɔa vevesese kpea vevesese.

Ke asiɖeɖe le ɖevia ŋu na ame bubu be wòaxɔ anyi hã ɖe? Togbɔ be enyo wu fugege hã la, bu eŋu kpɔ be togbɔ be fukpekpe le eme hã la, mɔnukpɔkpɔ su ye si be ye ŋutɔ yeanyi ye via ahana hehee.

Ŋgɔdzedze Kuxiawo

Nyateƒee, nyɔnu ɖeɖe ƒe vinyinyi srɔ̃a ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee mele bɔbɔe o. Gake ne èdze agbagba ɖesiaɖe tsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe eye nèɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòado ŋusẽ wò ahafia mɔ wò la, adze edzi na wò nànɔ te ɖe kuxi geɖewo nu. Afɔɖeɖe siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe enu dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

Dzra mia kple Mawu dome ɖo. Kpɔe dze sii be nuvɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu ŋue gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nye—enye eƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenu kɔkɔawo dzi dada. (Galatiatɔwo 5:19-21; Tesalonikatɔwo I, 4:3, 4) Eyata afɔ vevi aɖe si nàɖee nye be nàtrɔ dzime abia Mawu ƒe tsɔtsɔke. (Psalmo 32:5; Yohanes I, 2:1, 2) Awɔ na wò baa be yemegadze axɔ eƒe kpekpeɖeŋu o ya. Gake Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ ake, eye ekpena ɖe amesiwo trɔ dzime tso woƒe nugbegblẽwɔwɔwo me ŋu. (Yesaya 55:6, 7) Yehowa gblɔ le Yesaya 1:18 be: “Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene [wonye nuvɔ̃ gã siwo nye ŋkubiãnyawo] la, woafu abe sno ene [woatutu wo ɖa keŋkeŋ].” Biblia gade dzi ƒo be nugbegblẽwɔlawo naxɔ gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu si hamemegã siwo woɖo nana la.—Yakobo 5:14, 15.

Dzudzɔ gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. Ema wɔwɔ ate ŋu afia be màgana nya aɖeke nanɔ mia kple viwòa fofo dome o. Ne mia kplii miegali kokoko evɔ menye ɖe mieɖe mia nɔewo o la, ɖeko wòanye nyaƒoɖeamenu na wò be nàyi agbenɔnɔ si medzea Mawu ŋu o la dzi. Mègaŋlɔ be gbeɖe o be togbɔ be Mawu ƒe sewo nye se matrɔmatrɔwo hã la, mía ta kpɔkpɔ tae woli ɖo. Nicole, amesi ƒe nya míegblɔ va yi le nyati sia siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me la gblɔ be: “Meva kpɔe dze sii be nyateƒee Mawu to. Nyui ko dim wòle na mí.”—Yesaya 48:17, 18.

Gblɔe na dziwòlawo. Esɔ be nàbui be ye dzilawo akpɔ dziku ɖe ye ŋu. Nyateƒee, ave dɔme na wo eye woatsi dzi ne wose be èfɔ fu. Awɔ na wo kura gɔ̃ hã be yewo dziwòlawoe mete ŋu wɔ yewoƒe akpa dzi o tae eye woatsɔ nu gbegblẽ si nèwɔ la ƒe fɔbubu na wo ɖokui. Gake ne le nyateƒe me dziwòlawo nye Mawu vɔ̃lawo la, ele bɔbɔe be woƒe vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa vevie la nu nava yi. Woawoe nye dziwòlawo, eye togbɔ be èda vo hã la, wogalɔ̃ wò kokoko. Ne wò nuwɔna ɖee fia be ètrɔ dzime la, ana woase le wo ɖokui me be yewoasrɔ̃ vi nudomegblẽla la fofo atsɔ ake wò le lɔlɔ̃ na wò ta.—Luka 15:11-32.

Ðee fia be yenye akpedala. Zi geɖe la, dzilawo, ƒometɔwo, kple xɔlɔ̃wo nyea kpeɖeŋutɔ kple xɔnametɔ blibo na ame. Le kpɔɖeŋu me, dziwòlawo ate ŋu awɔ ɖoɖo akplɔ wò ayi kɔdzii. Eye ne èdzi vi vɔ la, woakpe ɖe ŋuwò afia beléle na vidzĩa wò; woate ŋu anɔ ɖevia xɔm na wò hã. Nicole gblɔ le nɔa ŋu be, “Nyee dzi via, gake eyae na kpekpeɖeŋu akpa gãtɔm.” Xɔ̃wòwo hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ana vidzĩwu kple nu bubu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la wò, togbɔ be ɖewohĩ womawɔe gaglãa o hã. (Lododowo 17:17) Ne wonyo dɔme na wò la, wɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame dzi, ‘nànye akpedala.’ (Kolosetɔwo 3:15) Akpedada ana mawɔ na wo be dɔme si yewonyo na wò la medze ŋuwò o.

Srɔ̃ beléle na vi. Gake màdi be yeanye agba na wò ƒomea kple xɔ̃wòwo ɖaa o. Eyata dze beléle na vi kple aƒedzikpɔkpɔ sɔsrɔ̃ gɔme. Beléle na amegbetɔ si hiã kpekpeɖeŋu le nusianu me sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe o. Nu geɖe li nàsrɔ̃ le nuɖuɖu siwo me nunyiame le, lãmesẽnyawo, kple beléle na vi ƒe akpa bubuwo ŋu. Enyo be míade dzesii be Biblia de dzi ƒo na Kristotɔ nyɔnu tsitsiwo be woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo be woanye “aƒe me dɔwɔlawo.” (Tito 2:5) Dawò—kple ɖewohĩ Kristo-hamea me tɔ tsitsi bubuwo—ate ŋu ana hehe wò le nu vevi geɖewo me le go sia me godoo.

Nya gazazã. Biblia gblɔ be ‘ga nye takpɔkpɔ.’ (Nyagblɔla 7:12) Vidzidzia ana nàzã ga geɖe.

Gbã la, anyo be nàbia woana gakpekpeɖeŋu siwo nèdze na la wò tso dziɖuɖua gbɔ. Gake zi geɖe la, dzilawoe gakpɔa nyɔnuvia dzi kokoko. Ne aleae wòle le gowòme la, ekema nunya anɔ eme eye wòanye ameŋububu hã be nàɖe wò gazazãwo dzi akpɔtɔ alesi nàte ŋui. Togbɔ be àdi be yeaƒle nu yeyewo na ye via hã la, ɖewohĩ àɖe gazazã geɖe dzi akpɔtɔ ne èƒle nuwo le nu xoxowo dzraƒe.

Dze agbagba nàde suku aɖo ɖoƒe si sɔ ya teti. Lododowo 10:14 gblɔ be “nunyalawo dzraa sidzedze ɖo.” Togbɔ be Biblia nyanya ŋu koŋue nya sia ku ɖo hã la, eku ɖe sukudede hã ŋu. Ehiã be nàsrɔ̃ nanewo si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dɔ awɔ.

Ele eme be vidzikpɔkpɔ aganɔ suku dem sesẽ ya. Gake sukudede se mɔta ana ahedada, dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋunahawo sinu kpɔkpɔ, fetu madeafiaɖeke xɔxɔ, aƒe madeamedzi me nɔnɔ, alo nunyuimakpɔɖui nana mia kple viwò miazu fumewo. Eyata dze agbagba sia agbagba nàde sukua aɖo ɖoƒe si dze. Nicole dada te gbe ɖe edzi na Nicole be wòawu suku nu kokoko, eye ewɔe be Nicole xɔ hehe zu senyala ƒe kpeɖeŋutɔ si wɔm wòle tsɔ le eɖokui dzi kpɔmee.

Nukatae màkpɔe ɖa be sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ kawoe le afisi nèle o? Ne manya wɔ na wò be nànɔ aƒeme tsom anɔ sukua dem o la, kpɔe ɖa be yeate ŋu anɔ aƒeme ade sukua hã. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ asɔ na wò be woanɔ suku nusɔsrɔ̃awo ɖom ɖe wò tso duta ale be nànɔ aƒeme ade sukua.

Eme Ate Ŋu Anyo na Wò

Nu sesẽe wònye be ɖetugbivi dzaa ɖeka nanyi vi srɔ̃manɔsii. Gake àte ŋu akpɔ dzidzedze! Le dzigbɔɖi, tameɖoɖo kplikpa, kple Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me àte ŋu azu dzila lɔ̃ame si nya vinyinyi. Eye ete ŋu dzɔna be vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo ƒe viwo tsina va zua ame ɖotawo. Ẽ, àte ŋu ava kpɔ dzidzɔ si nye be nàkpɔe viwòa nawɔ ɖe wò hehenana la dzi ava zu Mawu lɔ̃la.—Efesotɔwo 6:4.

Ale Nicole gblɔ le eŋue nye si: “Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, enye dzidzɔ nam be mete ŋu kpe ɖe vinyenyɔnuvia ŋu wòva zu ɖetugbivi buame si nyoa dɔme, si dzi nàte ŋu aka ɖo—togbɔ be nyemeku drɔ̃e kpɔ nenema o hã. Ne mele ekpɔm la, enaa meɖoa ŋku zãdomadɔalɔ̃e siwo metsi dzi la dzi gake eganaa dzidzɔ yɔa menye hã.”

Gake aleke wòle be ame tsitsiwo nawɔ nu ɖe vinɔ ƒewuiviwo kple wo viwo ŋui? Gake gbã la, ɖe mɔnu aɖe li si woato axe mɔ ɖe ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ ƒe dzigbãnyaa nua?—g04 10/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Àkpɔ agba kple kuxi siwo vifofo ɖekakpuivi srɔ̃manɔsitɔwo dzea ŋgɔe ƒe numedzodzro le May 8, 2000, kple June 8, 2000, Nyɔ! ƒe nyati siwo nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Vinɔ ƒewuiviwo dzea ŋgɔ kuxi geɖe le wo viwo nyinyi me

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Menye dzitsitsi adzo ɖe srɔ̃ɖeɖe mee akpɔ kuxia gbɔ o

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ siwo tra mɔ ŋu be woadzra wo kple Mawu dome ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nunya le eme be vidadaɖekɛwo nade suku aɖo ɖoƒe si sɔ ya teti