Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu Kple Takpɔkpɔ Na Sɔhɛwo

Kpekpeɖeŋu Kple Takpɔkpɔ Na Sɔhɛwo

Kpekpeɖeŋu Kple Takpɔkpɔ Na Sɔhɛwo

DZIGBÃNYA wònyena ne nyɔnuvi—si ŋutɔ nye ɖevi—fɔ fu evɔ menye srɔ̃e wòɖe o. Ke hã ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ bɔ fũ eye wòka amesiame le mɔ aɖe nu. Kpeɖodzi siwo fia be Mawu ƒe sedede si nye, “Misi le ahasiwɔwɔ nu!” sɔ la dometɔ ɖeka koe ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ ƒe nublanuinya la nye.—Korintotɔwo I, 6:18.

Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖetugbivi si wofia Mawu ƒe mɔwoe la ɖonɛ be yeaŋe aɖaba aƒu nusi yenya dzi alo yeagbee kura. Eva nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ eye wòfɔa fu. Aleke Kristotɔ vavãtɔwo wɔa nu ɖe amesiawo tɔgbe ŋui? Ne ɖetugbivi tramɔ sia ɖe dzimetɔtrɔ fia la, ele be edzilawo kple Kristo-hamea me tɔ bubuwo nakpe ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe eye woaxɔ nɛ.

Gabu Nicole ƒe nya la ŋu kpɔ. Ðe edzilawo nɔ ehem be wòazu Yehowa Ðasefo hafi. Eyata nuxaxa blibo wònye na wo esi wòfɔ fu srɔ̃maɖemaɖee. Ke hã Nicole gblɔ be, “Hati Kristotɔwo vaa aƒenyeme va dea dzi ƒo nam be masrɔ̃ Biblia eye manɔ Yehowa ŋu kplikplikpli.”

Menye ɖe wòfia be Yehowa Ðasefowo da asi ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ dzi o; kura o. Gake wonya be ne nugbegblẽwɔlawo tsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe la, woate ŋu ‘atrɔ.’ (Romatɔwo 12:2) Xɔse sẽŋu le wo si be Mawu tsɔna kea nugbegblẽwɔla trɔdzimewo. (Efesotɔwo 1:7) Wonya hã be menye ɖevia ƒe vodadae wònye be wofɔ eƒe fu srɔ̃maɖemaɖee o. Eyata esi Kristo-hamea me tɔwo nabu fɔ ɖevia teƒe la, wotsɔa tufafa kple lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, kple dɔmenyonyo si wotsɔna xɔa ɖevi ɖesiaɖee la xɔa eya hãe.—Kolosetɔwo 3:12.

Vidada aɖe si nye tre dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Ewɔ ɖe Biblia me nyawo dzi enumake eye wòwɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbenɔnɔ me. Egblɔ le Ðasefowo ŋu be: “Wo katã wotsɔ ɖe le eme na mía kple vinyewo anukwaretɔe. Wonaa nuɖuɖu kple nudodo mí ne ehiã tsɔ kpe ɖe gakpekpeɖeŋu ŋu. Le ɣeyiɣi si me medze awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ kple Yehowa Ðasefowo la, woxɔa vinyea nam. Wowɔ nusianu si woate ŋui be lɔlɔ̃ akuakua nanɔ menye na Yehowa.”

Mɔxexe ɖe Enu

Gake enyo wu sasasã be gbã la, woakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woaƒo asa na kuxi siawo. Eyata Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoana yewoƒe ƒomewo me nanye afisi dzidzɔ kple lɔlɔ̃ anɔ na yewo viwo. Ðe vɔvɔ̃dodo na wo viwo—be woava xɔ AIDS alo afɔ fu—ko teƒe la, Ðasefowo dzea agbagba ƒãa lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu kple eƒe sewo ɖe wo me boŋ. (Psalmo 119:97) Woxɔe se be ele be woagblɔ nya siwo le eteƒe na ɖeviwo le gbɔdɔdɔ ŋu. Vevietɔ woxɔe se be ehiã be woafia agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose siwo le Biblia me ɖeviwo tso woƒe vidzĩme ke. (Timoteo II, 3:15) Wonaa nufiame siawo le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me. Gake wodea dzi ƒo na Yehowa Ðasefo siwo nye dzilawo be woasrɔ̃ Biblia kple woawo ŋutɔ wo viwo ɖekaɖekae. Wota agbalẽ aɖewo, abe Questions Young People Ask—Answers That Work ene, be woatsɔ akpe ɖe dzilawo ŋu ne woafia agbenyuinɔnɔ ŋu nyawo wo viwoe. *

Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenu matrɔmatrɔwo nu kpena ɖe ame ŋu wonɔa agbe si tsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ si bɔ ɖe afisiafi la ŋu. Gake enye agbemɔ si ate ŋu akpe ɖe ɖetugbivi miliɔn geɖe ŋu tso ƒewuime fufɔfɔ ƒe nublanuinya la me hã.—g04 10/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Kristotɔ vavãtɔwo wɔa nu ɖe vinɔ siwo si srɔ̃ mele o ŋu le dɔmenyonyo kple ameŋububu me