Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nairobi—“Tsi Fafɛ Teƒe”

Nairobi—“Tsi Fafɛ Teƒe”

Nairobi​—“Tsi Fafɛ Teƒe”

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

“Enye dzogbenyigba gbadza mawɔnu, si agbi le eye tsi xɔ, afisi ya sesẽwo ƒona le. Ame nɔƒe ƒomevi aɖeke mele afisia o ke boŋ enye gbemelã ƒomevi ɖesiaɖe akpe geɖe ƒe adzrɔɖiƒe. Amegbetɔ ƒe nuwɔwɔ si teƒe ne èɖi tsa ʋuu nàva kpɔ koe nye mɔzɔhawo kple woƒe lãwo ƒe afɔtoƒe tso blema ke si to tagba finyafinya la.”—“THE GENESIS OF KENYA COLONY.”

ALEAE Nairobi nɔ ƒe alafa ɖeka kple nu vi aɖee nye sia. Dzatawo, gbenyiwo, lãklewo, sɔvedawo, da vɔ̃ɖiwo, kple gbemelã vovovowo ƒe nɔƒee wònye kpɔ va yi. Masaitɔ siwo naneke meɖia vɔvɔ̃ na o kplɔa woƒe nyiha siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o vaa tɔsisi aɖe si to afisia la me tsi fafɛwo gbɔe. Enye teƒe aɖe si dzɔa dzi na lãkplɔla tsatsala siawo. Le nyateƒe me, Masaitɔwo yɔa tɔsisi sia be Uaso Nairobi, si gɔmee nye “Tsi Fafɛ,” eye woyɔa teƒea ŋutɔ be Enkarre Nairobi, si gɔmee nye “Tsi Fafɛ Teƒe”—esiwo nye nusiwo me teƒe si ava trɔ Kenya ƒe ŋutinya kura la ƒe ŋkɔ dzɔ tso.

Nudzɔdzɔ vevi aɖe si na be Nairobi ƒe ŋkɔ va de du ye nye Kenyatɔwo ƒe Ketekemɔ si Ðeɖe Wosusu be Mehiã O. * Va ɖo ƒe 1899 ƒe domedome lɔƒo la, woɖe ketekemɔ sia si tso ƒutadu si nye Mombasa me wòva ɖo Nairobi eye eƒe didime nye kilometa 530. Le ɣeyiɣi sia me la, “Tsavo melélawo,” si nye ŋkɔ si mɔa ɖelawo tsɔ na dzata eve siwo wu wo nɔvi aɖewo la, nɔ fu ɖem na wo eye Bali Gã si nyé ɖe eme (Great Rift Valley) la ƒe anyigba ƒe nɔnɔme nye kuxi gã aɖe na woƒe dɔa. Esi wònye be ele be mɔa nade didiƒe ʋĩ le dukɔa me ta la, wokpɔe be masɔ be woayi edzi anɔ woƒe dɔwɔnuwo dam ɖe Mombasa si nye afisi koŋ wonɔa wo dam ɖo tsã o. Togbɔ be Nairobi dze afisi manya nɔ o hã la, wobui be eyae anyo wu dɔwɔlawo natsɔ awɔ woƒe gbɔɖemeƒee kple afisi woanɔ dɔwɔnu siwo woazã le mɔa ɖeɖe me dam ɖo le dukɔa me. Nusia hã wɔe be wòva zu Kenya ƒe fiadu emegbe.

Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, woɖo Nairobi wònye Ɣedzeƒe Afrika Nyigba si wotsɔ de Britain ƒe dzikpɔkpɔ te, si nye alesi woyɔa Kenyae ɣemaɣi, la dzikpɔdui. Anye ne ade ame dzi wu ne ɖe wowɔ ɖoɖo ɖe alesi woatso du yeye sia ŋui do ŋgɔ hafi. Gake ɖeko wotu xɔawo nyamanyama ko ɖe afisia ƒe ketekedzeƒea. Dua me xɔwo nye atixɔwo, zingixɔwo, kple xɔ siwo wotsɔ afima xɔtunu bubuwo tui, si màku drɔ̃e gbeɖe be Nairobi ava zu du kɔŋkume si me dukɔ vovovo me tɔwo ava nɔ o. Le nyateƒe me, alesi wotu xɔ ʋɛ siwo nɔ Nairobi le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze mee ɖee fia be menye ɖe wotu wo kple susu be teƒea ava zu dukɔ vovovo me tɔwo nɔƒe gbaɖegbe o. Gbemelã siwo nɔa tsatsam le afima hã kpɔtɔ nye ŋɔdzinu ɖaa.

Eteƒe medidi o dɔléle va gblẽ nu le nɔƒe yeye sia ŋu vevie. Dɔvɔ̃ aɖe si to la nye dodokpɔ blibo gbãtɔ si dudzikpɔla yeyeawo do goe. Nukae wowɔ tsɔ kpɔ kuxi sia gbɔe kaba? Dzoe wotɔ afisiwo dɔa kaka ɖo le dua me be woatsɔ tsi eƒe kaka nui! Le ƒe 50 siwo kplɔe ɖo me la, Nairobi ƒe du makɔŋkumenyenye la trɔ vivivi ale be wòva zu Ɣedzeƒe Afrika ƒe asidu vevi kple du si me wokpɔa nya vovovowo gbɔ le.

Alesi Wòwɔ Va Zu Egbegbe Du Kɔŋkume

Nairobi le afisi wɔ kpo dzi si kɔ meta 1,680 eye enye du si me nàte ŋu akpɔ teƒe siwo ƒo xlãe nyuie le wòanya kpɔ na wò. Gbesigbe xexeme kɔ la, àte ŋu akpɔ Afrika-to vevi eve ɖaa. Kenya-to si kɔ meta 5,199, si nye to kɔkɔtɔ le dukɔ ma me, la le dziehe gome, eye eyae nye to kɔkɔtɔ evelia le Afrika. To kɔkɔtɔ kekeake le Afrika, Kilimanjaro-to la, si kɔ meta 5,895, la le anyiehe gome ʋĩ le Kenya kple Tanzania ƒe liƒo dzi. Ƒe 150 va yi la, ewɔ nuku na Europatɔ anyigbaŋutinunyala kple anyigbayeyedilawo be tsikpe kple sno nɔa Kilimanjaro-toa tame ɣeawokatãɣi togbɔ be etsɔ ɖe afisi wobu be eyae nye anyigbamemafli gbɔ, si nye anyigba xɔdzo dzi hã.

Nairobi trɔ kura tso esime wòva zu du le ƒe siwo wu 50 siwo va yi me. Àkpɔ be dzidzim ɖe edzi koe dziƒoxɔ kɔkɔ siwo tame yi ɖe yame ʋĩ la le. Ne ɣe klẽ ɖe egbe xɔ kɔkɔ dzeani siawo siwo wotsɔ ga sesẽwo kple ahuhɔ̃e tui eye wole dzo dam dzi la, enyea nukpɔkpɔ dzeani aɖe ŋutɔ. Ne amedzro aɖe va kpɔ alesi Nairobi dua ƒe titina, afisi wowɔa dua me dɔ vevi geɖe le la, awɔ nuku nɛ ŋutɔ be teƒe si wòle la nye gbemelã wɔadãwo ƒe nɔƒe tsã—afisi nɔnɔ nye afɔku na amegbetɔ—ƒe alafa ɖeka koe nye sia.

Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, megava nye lã wɔadawo ƒe nɔƒe o. Wodo seƒoƒo kple ati siwo wotsɔ tso dutae la ɖee, siwo ƒe ɖewoe nye bougainvillea dzeani la, jacaranda si ƒoa se sɔgbɔ, eucalyptus si tsina vlɔvlɔvlɔ, kple wattle. Ale ʋɛʋɛʋɛ la, mɔ lɛ siwo dzi nyea ʋuʋudedi tsã la va zu dumɔ gbadza siwo to wodo atiwo ɖo, siwo nyea vɔvɔli na afɔzɔlawo le ŋdɔʋuɣiwo. Ati hamehame ƒomevi 270 sɔŋ ya teti le abɔ aɖe si le dua ƒe gbɔto la me. Esia na míate ŋu ase nusita agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be “ɖeko wòwɔ abe aveme ŋutɔŋutɔe wotso [Nairobi] ɖo ene” la me. Ati dodoawo na be xexeme ƒe dzoxɔxɔ le Nairobi sɔe na ame—ŋkeke me nɔna miɔɔ eye zã me fana.

Amedzrodu

Nairobi nye amedzrodu si me nàkpɔ dukɔ vovovo me tɔwo le. Fifia dua me tɔwo sɔ gbɔ wu miliɔn eve. Esi woɖe ketekemɔa vɔ la, ena be ame geɖe di be yewoava nɔ dua me. Indiatɔ siwo nɔ eme woɖe mɔa la tsi anyi eye woɖo dɔwɔƒe kple fiase siwo keke ɖe enu ɖo dukɔa ƒe akpa sia akpa. Dɔɖola bubuwo hã dze wo yome tso Australia, Canada, kple Afrika-dukɔ bubu geɖewo me.

Amedzrodue Nairobi nye. Àkpɔ India-nyɔnu siwo le woƒe sari si nye awu kpakple avɔ legbe si India-nyɔnuwo tsɔna ɖoa atsyɔ̃e me woaɖo ta nuƒleƒe, Pakistantɔ mɔɖaŋunyala siwo le du dzi yina xɔtuƒe aɖe, yameʋu me dɔwɔla siwo tso Netherlands le awu dzadzɛ me le dzeƒe dim le amedzrodzeƒe, alo Japantɔ asitsala siwo le du dzi yina ɖe asitsalawo ƒe kpekpe vevi aɖe si ate ŋu anye le Nairobi ƒe afisi dɔɖola vovovowo ƒoa nu tso gadede woƒe dɔwo me ŋu le. Àgate ŋu akpɔ dua me tɔwo woanɔ lalam le ʋutɔɖoƒewo, woanɔ nu dzram le agbadɔwo, asiwo, kple fiasewo me; eye àkpɔ amewo le dɔwɔƒewo alo Nairobi ƒe mɔɖaŋudɔwɔƒe gbogboawo.

Gake nukutɔe la, Kenyatɔ ʋɛ aɖewo koe woate ŋu ayɔ be “Nairobitɔ” akuakuawo. Wo dometɔ akpa gãtɔ tso dukɔa ƒe akpa bubuwo va gadiƒe le dua me. Ne míagblɔe gbadzaa la, Nairobitɔwo kɔa ŋkume ɖe ame eye wowɔa amedzro hã. Ðewohĩ woƒe amedzrowɔwɔ tae woɖo xexeame katã kple Afrika-dukɔwo ƒe dukɔwo dome habɔbɔ geɖe ɖe afima ɖo. Nairobi ye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nutome Dedienɔnɔ Gbɔkpɔɖoɖowɔha ƒe ta le.

Nukae Dzɔa Dzi na Tsaɖilawo le Dua Ŋu?

Kenya nye dukɔ si me nàkpɔ gbemelã ƒomevi vovovowo le. Ƒe sia ƒe tsaɖila akpe geɖe ɖia tsa dea dukɔa ƒe modzakatsaɖibɔ siwo me lã vovovowo le kple teƒe siwo wode se ɖe adedada nu le. Nairobi ye nye afisi wowɔa ɖoɖo ɖe modzakatsaɖiɖi geɖewo ŋu le. Gake tsaɖiƒee Nairobi ŋutɔ hã nye. Du siwo me lãwo te ŋu ɖia tsa le faa gogoa dua ƒe gbɔto pɛɛ la mede neni o. Dukɔa ƒe Modzakatsaɖibɔ si le Nairobi la gbɔ medidi de kilometa 10 tso dua titina o, eye wònye teƒe si ŋu tsaɖilawo doa vivi ɖo. * Afisiae nàdo go lã siwo xɔ aƒe ɖe Nairobi tsã le tẽ. Ga lɛ ʋɛ aɖewo koe ma lãwo kple amewo dome. Eye nyitsɔ laa le September 2002 me ko la, wolé kpɔ̃tsu tsitsi aɖe le ame aɖe ƒe xɔ me le Nairobi. Ave aɖe si tsɔ ɖe afima mee wòtra mɔ tsoe!

Nairobi Blemanudzraɖoƒe la kple dua ƒe titina domee nye miniti ʋɛ aɖewo ko ƒe azɔli. Tsaɖila alafa geɖe vaa afisia va srɔ̃a nu tso Kenya ƒe ŋutinya dodzidzɔname la ŋuti. Abɔ aɖe le blemanudzraɖoƒea si me dawo kple lã vovovo siwo tana le. Meɖea fu na lo si le eme ne tsaɖilawo va le ekpɔm o. Klo aɖe hã le eme si metsɔa ɖeke le amewo ƒe yiyi kple gbɔgbɔ me o; togbɔ be ɖe eya ŋutɔ zɔna blewu hã. Gake dawo koŋue bɔ ɖe abɔa me wu—ƒliwo, ʋɔwo, kple fawo. Esi lã siawo le afisia ta la, kpɔ egbɔ be yewɔ ɖe nuxlɔ̃amenya sia si woŋlɔ dzi, esi nye: “Nya Zɔzɔ, Da Vɔ̃ɖiwo Le Afisia”!

Tsi Bubu aɖe Ƒomevi

Togbɔ be tɔ si ƒe ŋkɔ wotsɔ na Nairobi gale sisim hã la, wotsɔ mɔɖaŋudɔwɔƒewo kple aƒeme gbeɖuɖɔ gblẽ eme tsii, si nye nuwɔna si bɔna ɖe du yeye geɖewo me. Gake ƒe gbogbo aɖee nye sia la, wona “tsi” bubu aɖe ƒomevi si tso dzɔƒe si de ŋgɔ wu la Nairobitɔwo. Tsi siae nye agbenya si le Biblia me si Yehowa Ðasefowo fiana.—Yohanes 4:14.

Le ƒe 1931 me, si nye ɣeyiɣi didi aɖe hafi Nairobi nava lolo azu dugã sia gbegbe la, Gray kple Frank Smith, siwo nye nɔviwo tso South Africa va Kenya be yewoakaka Biblia me nyateƒeawo na amewo. Wotso Mombasa eye woto afisi tututu ketekemɔa to eye wodo dzi le afɔku geɖe me—ɣeaɖewoɣi afisi wodɔna tena ɖe lã wɔadãwo ŋu ŋutɔ. Wodze agbagba ma agbalẽvi 600 tsɔ kpe ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo ŋu le Nairobi. Egbea Ðasefo siwo ƒe xexlẽme anɔ ame 5,000 le hame 61 me ye le Nairobi dugã la ŋutɔ me. To hamea me kpekpewo, takpekpe suewo, nutome gã kple dukɔwo dome takpekpewo dzi la, Nairobitɔwo nya nu le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo ŋu. Ame geɖe xɔ Biblia me nya si naa mɔkpɔkpɔ ame si Yehowa Ðasefowo tsɔ yina na wo la dzidzɔtɔe.

Etsɔme Nyui Aɖe

Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Xɔ vena le dugã siwo me wowɔa mɔɖaŋudɔwo le me . . . Dɔwɔƒe siawo lɔ̃a ɖiƒoƒo ya kple tsi.” Alea ke wòle Nairobi hãe. Eye esi wònye be gbesiagbe amewo ʋuna tsoa kɔƒenutowo me vana ta la, ate ŋu adzɔ be kuxi siawo nado gã ɖe edzi boŋ. Le kuxi siawo ƒe fuɖeɖe ta la, Nairobi ƒe atsyɔ̃ ate ŋu abu bɔbɔe.

Gake enye dzidzɔnya be ɣeyiɣi aɖe gbɔna le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo ase vivi na agbenɔnɔ ade goe—anye agbe si me kuxi siwo naa womesea vivi na dugã me nɔnɔ egbea o la manɔ o.—Petro II, 3:13.—g04 11/8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Ne èdi be yease ketemɔ sia ɖeɖe ŋutinya bliboa la, ke xlẽ nyati si nye “East Africa’s ‘Lunatic Express’” (Ɣedzeƒe Afrika Ketekemɔ si Ðeɖe Wosusu be Mehiã O,) si dze le Eŋlisigbe me September 22, 1998, Nyɔ! ƒe axa 21-4.

^ mm. 17 Kpɔ June 8, 2003, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa 24-7.

[Anyigbatata si le axa 28]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nairobi

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Kilimanjaro-to

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Kenya-to

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Duncan Willetts, Camerapix

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Asime

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Frank kple Gray Smith le ƒe 1931 me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

© Crispin Hughes/Panos Pictures