Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Tututu Sɔhɛwo Hiã

Nusi Tututu Sɔhɛwo Hiã

Nusi Tututu Sɔhɛwo Hiã

Ƒe geɖe enye sia si nuxlẽla siwo nye sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa nɔa gbɔgblɔm be, nusi tututu sɔhɛwo hiã be woanya ye le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work me. Ðetugbi ƒewuivi aɖe si le Sinaloa, Mexico, la dɔ agbalẽ sia ɖekaɖeka ewo na exɔlɔ̃ aɖewo. Egblɔ be togbɔ be menye Yehowa Ðasefoe yenye o hã la, agbalẽa doa dzidzɔ na ye ŋutɔ, eye wòɖe eme be, “Medea bubu mia ŋu geɖe ŋutɔ.”

Egblɔ yi edzi be: “Xɔlɔ̃ geɖewo le asinye siwo si biabia geɖe le ku ɖe alesi woƒe agbenɔnɔ le egbeae ŋu. Metsɔ agbalẽa fia wo eye wòdo dzidzɔ na wo ale gbegbe. Agbalẽa nyo ŋutɔ eye nusianu si sɔhɛwo adi be yewoanya la le eme.” Ðetugbia bia nenye be agbalẽawo ate ŋu aka ye si hafi yewoake mɔ le suku.

Ta 39 ye le Young People Ask ƒe agbalẽa me. Tanyaawo dometɔ aɖewoe nye: “Aleke Mawɔ be Dzinyelawo Nana Ablɔɖe Geɖe Wum?” “Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?” “Nukae Gblẽ le Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?” kple “Aleke Mawɔ Anya ne Lɔlɔ̃ Vavãtɔe Wònye?” Àte ŋu adɔ axa 320-gbalẽ sia ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g04 10/8.

□ Medi be miaɖo Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa ɖeka ɖem.

Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si nèdi.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.