Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wozua Vidada Kaba Akpa

Wozua Vidada Kaba Akpa

Wozua Vidada Kaba Akpa

“Nye ahiãvi nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe si si alɔme le. Ekplɔam míeɖia tsa yina ɖaɖua agbe. Esi dzinu sam la, mekpɔ be nane nɔ dzɔdzɔm. Nya ka gblɔ ge mele na nɔnye? Nye pɛe nye sia? Ƒe 16 koe mexɔ ɣemaɣi, eye nyemenya alesi mawɔ o.”—Nicole.

EGBEA Nicole, * si xɔ wu ƒe 35 la nye vinɔ si si vi etɔ̃ le, amesi wɔa nu le dzideƒo kple kakaɖedzi me. Via tsitsitɔ xɔ ƒe 20 fifia. Evɔ ƒe aɖewo va yi la, ɖetugbivi ƒewuivi miliɔn gbogbo siwo fɔ fu gake srɔ̃ menɔ wo si o dometɔ aɖee wònye. Abe vinɔ ƒewuivi bubuawo ene la, kuxi siwo ŋu ŋɔdzi le nɔ eŋu kpɔ, nyametsotso sesẽwo dze ŋgɔe va yi, eye meka ɖe eya ŋutɔ ƒe etsɔme gɔ̃ hã dzi ɣemaɣi o.

Nicole melɔ̃na kɔa nu le tɔtɔ, vevesese, vɔvɔ̃, dziku, kple dziɖeleameƒo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi esime wònɔ eƒe ƒe blaeveawo gogom la dzi o—esime wo tɔwo ya nɔ awu siwo woado kple woƒe ŋgɔyiyi le suku nusɔsrɔ̃ me ŋu bum. Ke hã mɔkpɔkpɔ mebu keŋkeŋ na Nicole o. Ƒome lɔ̃ame si dze agbagba be yewoaƒã agbenyuinɔnɔ gɔmeɖose kɔkɔwo ɖe eme mee wòtso. Togbɔ be eɖoe va yi be yemabu gɔmeɖose mawo ɖe naneke me o—eye emenu wɔe—hã la, gɔmeɖose mawo kee kpe ɖe eŋu wòva nɔ agbe si me dzidzeme kple taɖodzinu le azɔ. Nya si wòva lɔ̃a gbɔgblɔe nye, “Mɔkpɔkpɔ mebu keŋkeŋ o.”

Nublanuitɔe la, menye vinɔ ƒewuivi ɖesiaɖee tso ƒome si kpena ɖe ame ŋu me o—alo ɖesiaɖe sie kakaɖedzi le nenema o. Medidina o wo dometɔ geɖe kpɔnɛ be ɖeko wòle be yewoado dzi le ahedada si dze abe ɖe mɔkpɔkpɔ mele eŋu ene o me. Nyɔnu gbɔ dɔdɔ sesẽe kple ŋutasesẽnu wɔwɔ ɖe ame ŋu zu dzigbãnya si melɔ̃na fana na wo dometɔ aɖewo o.

Nusiawo dometɔ aɖeke menye nyanyui na vinɔ siawo o. Agbalẽ si nye Teen Moms—The Pain and the Promise gblɔ be vinɔ ƒewuiviwo ƒe viwo “mete ŋu kpena dea vinɔ siwo tsi wu la ƒe viwo nu o, ɖevimedɔwo ɖea fu na wo wu, ɖevi mawo lɔ̃a kuku kabakaba wu, womewɔa atike na wo wòdea edeƒe o, dɔwuame kple nunyuimakpɔɖui doa nuƒo na wo wu; wowɔa ŋutasesẽnu ɖe wo ŋu wu, eye womete ŋu tsina kabakaba abe vinɔ tsitsiwo ƒe viwo ene o.” Ele bɔbɔe be vinɔ ƒewuiviwo ƒe vinyɔnuwo hã nava zu vidada ƒewuiviwo abe wo nɔwo ene tsɔ wu vinɔ tsitsiwo ƒe viwo.

Aleke gbegbe kuxi sia bɔe? Aleke vinɔ siawo awɔ akpɔ wo viwo nyinyi ƒe kuxiwo gbɔ? Eye gbã la, ɖe nane li si woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɖeviwo ŋu be nublanuinya siawo magadzɔ ɖe wo dzi oa? Míadzro nya siawo me le nyati siwo kplɔe ɖo me.—g04 10/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati siawo me.