Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa, Èke Ðe Ŋunye!”

“Yehowa, Èke Ðe Ŋunye!”

“Yehowa, Èke Ðe Ŋunye!”

Abe Alesi Nelly Lenz Gblɔe Ene

Mebia ŋutsu eve siwo va mía ƒeme la be: “Yehowa Ðasefowoe mienyea?” Woɖo eŋu be “Ẽ.” Megblɔ na wo dzidzɔtɔe be: “Eyae nye hã menye!” Ƒe 13 koe mexɔ ɣemaɣi eye nyemedea kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me o. Menye Yehowa Ðasefowoe dzinyelawo nye o. Ke nukata megblɔ be Ðasefoe nye ya menye?

NE ÐE menye Yehowa Ðasefowoe o la, anye ne ɖewohĩ womedzim o. Nɔnye fɔ nye fu le esime wònɔ Montreal, Quebec, Canada. Ƒe 17 ko wòxɔ ɣemaɣi. Eƒe ƒometɔwo ƒoe ɖe enu be wòaɖe fua eye wòlɔ̃ ɖe edzi.

Dada bia ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dɔme be yeava ɖe fua. Ewɔ abe eƒe dɔtɔ si nye Yehowa Ðasefo se nusitae nɔnye bia mɔa ɖo ene. Egblɔ alesi gbegbe agbe nye nunana xɔasii na Dada kpuie. (Psalmo 139:13-16) Esime Dada yina kɔa dzi la, enɔ nya si eƒe dɔtɔa gblɔ nɛ la ŋu bum eye wòtso nya me be yemagaɖe fua o. Esi wodzim le ƒe 1964 me la, nɔnye va tsɔm da ɖe tsyɔ̃eviwo nyiƒe.

Zi Gbãtɔ si Mese Nu tso Biblia me Nyateƒea Ŋu

Esi mexɔ abe ƒe eve ene la, nɔnye kple ŋutsu yeye si wòɖe la va ɖem le tsyɔ̃eviwo nyiƒea. Esi míenɔ Sainte-Marguerite-du-Lac-Masson la, wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo eye wodea hamea ƒe kpekpewo. Gake eteƒe medidi o míeʋu yi Boisbriand, eye dzinyelawo dzudzɔ nua sɔsrɔ̃.

Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, wogadze nua sɔsrɔ̃ gɔme ake. Menɔa to ɖom nɔa nusi wogblɔ le Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ si nye paradisonyigba dzi nɔnɔ ŋu nya sem. (Luka 23:43) Ena be meva lɔ̃ Yehowa ale gbegbe.

Gake gbeɖeka Dada gblɔ nam be yewodzudzɔ nusɔsrɔ̃ kple Ðasefowo eye be míagayi Fiaɖuƒe Akpata me azɔ o. Gbã la, edzɔ dzi nam. Esi wònye ƒe enyi koe mexɔ ɣemaɣi ta la, kpekpeawo didina le ŋkunyeme ŋutɔ. Gake gbemagbe ƒe fiẽ medi be maƒo nu na Yehowa le gbedodoɖa me, eye metsi dzi be ɖewohĩ masee nam o.

Mekpɔ míaƒe aƒelika siwo nye Yehowa Ðasefowo Kwasiɖa si kplɔe ɖo ƒe ŋdɔ woyina ɖe kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me. Mewo avi bia Mawu be, “Nukata wo viwo ya te ŋu yina ɖe kpekpeawo gake nye ya nyemate ŋu ayi o?” Ke hã Psalmo 33:18 me nyawo ava va eme nam gbeɖeka, be: “Yehowa ƒe ŋku le amesiwo vɔ̃nɛ ŋu, amesiwo le eƒe amenuveve sinu kpɔm.”

Fiaɖuƒe Akpata me Yiyi Ake

Le kwasiɖa etɔ̃ megbe la, meyi míaƒe aƒelikaawo gbɔ eye megblɔ na wo dada si ŋkɔe nye Lilianne be medi be manɔ kpekpeawo dem. Lilianne ɖe nu me nam be manya wɔ o, elabena nɔnye medi be kadodo aɖeke nanɔ ye kple Yehowa Ðasefowo dome o. Ke hã meƒoe ɖe enu be medi be mayi. Eyata ekplɔm va aƒemee eye wòbia Dada be yeate ŋu akplɔm ayii hã. Ewɔ nuku nam be Dada lɔ̃ ɖe edzi. Egblɔ be masrɔ̃ gɔmeɖose nyuiwo le kpekpeawo me. Eyata medea kpekpe Kwasiɖagbe ɖesiaɖe.

Mete ŋu de kpekpeawo tsiã ɖe enu ƒe etɔ̃. Gake esi mexɔ ƒe 11 la, dzinyelawo gbe wo nɔewo, eye mía kple nɔnye míedzo. Egadzɔ ake be nyemenya afisi kura makpɔ Yehowa Ðasefowo le o.

Gododo aɖe si Nyemenɔ Mɔ Kpɔm na O

Gbeɖeka menɔ atrakpui nu le míaƒe aƒe ƒe ŋkume esi Ðasefo eve—Eddie Besson kple Don Fisher—va gbɔnye va bia dzinyelawo ta se. Esi megblɔ be womeli o la, wotrɔ dzo yina. Gake meƒu du dze wo yome, eye afimae míeɖo dze si ƒe nya megblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze le.

Eme kɔ be ewɔ nuku na ŋutsu eve siawo be wose megblɔ be Yehowa Ðasefoe menye. Meɖe nye nyawo me na wo heɖe kuku na wo be woagatrɔ va fiẽ ma. Esi megblɔ na Dada be Ðasefoawo agatrɔ ava la, ebi dzi ŋutɔ eye wòbe yemaɖe mɔ na wo woava míaƒe aƒea me o. Eɖoe hã be yeado go hafi wova ɖo. Meɖe kuku na Dada kple avi be wòanɔ anyi. Esime wònɔ dzadzram ɖo be yeado la, agbonugaa ƒo, eye Eddie Besson ye nye ma. Kpɔ dzi si gbegbe dzɔm ɖa be Dada lɔ̃ be woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple ye!

Mlɔeba megate ŋu dze hamea ƒe kpekpewo dede gɔme azɔ! Gake mede ƒe ɖeka o, nɔnye gadzudzɔ nua sɔsrɔ̃ ake. Fifia ya ede se nam be kadodo aɖeke meganɔ mía kple Ðasefowo dome o eye wòlɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo katã ŋu wòke ɖo la ƒu gbe. Gake medze agbagba tsɔ Biblia ɖeka, hadzigbalẽ ɖeka, Gbetakpɔxɔ babla eve, kple Yearbook of Jehovah’s Witnesses (Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽ) eve, kple agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee ɣla. * Le nye nusɔsrɔ̃ mamlɛa me la, mebia Eddie Besson be nukae mawɔ hã, elabena melɔ̃ Yehowa ŋutɔ. Ede dzi ƒo nam be masrɔ̃ nu le ɖokuinye si eye manɔ gbedodoɖa dzi enuenu. Eka ɖe edzi nam be Yehowa akpɔ tanye. Anye ƒe 14 koe mexɔ ɣemaɣi.

“Kpekpewo” Wɔwɔ le Ðokuinye Si

Tso ɣemaɣi dzi la, meyina ɖe nye xɔ me Kwasiɖagbe ɖesiaɖe eye mewɔna abe kpekpeawo wɔm mele ene. Medzia ha si ƒe tanyae nye “Wò Ŋku Nenɔ Fetu la Dzi!” tsɔ dzea egɔmee eye megatsɔnɛ wua enui elabe eya koe nye Fiaɖuƒeha si dzi mate ŋu aɖo ŋkui. Vaseɖe egbegbe la, nyemate ŋu adzi ha sia avimafamafae o. Mesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ bablaawo me nyati ɖeka hã. Eye metsɔa gbedodoɖa wua nye “kpekpea” nui. Eyata togbɔ be nyemaganɔ ha dem kple Ðasefowo o hã la, mekpɔ be Yehowa tsɔ ɖe gbɔnye.

Esi mexɔ ƒe 17 la, mía kple Dada míeʋu yi Montreal. Ƒe mawo me toto sesẽ ŋutɔ elabena lɔlɔ̃ aɖeke menɔ míaƒe aƒeme o.

Èke Ðe Ŋunye!

Gbeɖeka Dada xɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi le Yehowa Ðasefowo gbɔ. Esi megbɔ va aƒeme la, mekpɔe le kplɔ̃a dzi eye menɔ eme kpɔm. Esi mekpɔ be wozã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le eme la, mefa avi eye medo gbe ɖa ɖe tame be, “Yehowa, èke ɖe ŋunye!”

Ehiã be makpɔ nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwo. Gake aleke mawɔ ake ɖe wo ŋu? Dada gblɔ nam be anye Yehowa Ðasefoe aƒelika aɖe nye. Eyata esi meyina ɖe dɔme la, meyi ɖe míaƒe aƒelika la ƒeme eye meƒo eƒe agbonuga. Ŋutsu aɖe—si alɔ̃ bla ŋku na—ye do ɖe agboa nu. Ewɔ nuku nɛ ale gbegbe esi megblɔ nɛ be Yehowa Ðasefoe menye eye medi be maxɔ nyɔnyrɔ! Ewɔ ɖoɖo be Kristotɔ nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Josée Miron nesrɔ̃ Biblia kplim. Gake Dada gatsi tre ɖe nye Biblia sɔsrɔ̃a ŋu ake. Egblɔ be malala ne maxɔ ƒe 18 hafi ate ŋu azu Ðasefo.

Ðe Matsɔ Ƒomegbenɔnɔ Aɖɔ Liia?

Aƒetɔ si mewɔa dɔ na la kpɔ be nuwo nɔ gbegblẽm ɖe edzi le míaƒe aƒeme. Emiaa asim be mava nɔ ye kple ye srɔ̃ gbɔ kwasiɖanuwuwuwo. Esi sɔ ƒe nu dzɔa dzi nam ta la, míelɔ̃a sɔdoƒe yiyi. Mese le ɖokuinye me be wova zu abe dzinyelawo ene.

Gbeɖeka nye dɔtɔ gblɔ nam be ye kple ye srɔ̃ yewolɔ̃m ale gbegbe eye be yewodi be mava nɔ yewo gbɔ. Etsɔ nane si menɔ didim ɣeawokatãɣi la ɖo ŋkume nam—eyae nye ƒome lɔ̃ame me nɔnɔ. Gake nu ɖeka koe le eŋu—ele be madzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo. Wona kwasiɖa ɖekam be matsɔ abu woƒe nya la ŋui, gake ŋkeke ɖeka pɛ gɔ̃ hã mehiãm o. Megblɔ ŋuɖoɖo si le asinye na wo enumake. Yehowa megblẽm ɖi ɣeaɖekeɣi kpɔ o, eye nye hã nyemate ŋu agblẽe ɖi o.

Nye Subɔsubɔ na Mawu

Le kuxi siwo me tom menɔ le aƒeme ta la, meʋu va nɔ nɔnye srɔ̃ gbɔ. Ede dzi ƒo nam be mayi nusɔsrɔ̃a dzi, eye December 17, 1983, esime mexɔ ƒe 19 la, mexɔ nyɔnyrɔ. Dzi dzɔm gbemagbe wu gbɔgblɔ be mekpɔ Eddie Besson le nye nyɔnyrɔxɔgbea. Fifia ɖikeke aɖeke megale susu me nɛ be Yehowa Ðasefoe menye o!

Gake danye srɔ̃ si xɔm le nyinyim ƒe nɔnɔme trɔ kura le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe. Ɣesiaɣi si wòakpɔ be mele gbe dom ɖa la, enɔa nu ƒom sesĩe eye wònɔa nu damem gɔ̃ hã! Ete tɔ ɖe edzi be mayi sukudede dzi le mɔ si ado kplamatse nye taɖodzinu be mazu mɔɖela, alo, ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, nu hã. Mlɔeba la, eva gblɔ nam be madzo le aƒea me. Etsɔ gaxɔgbalẽvi si dzi wòŋlɔ dɔlar 100 ɖo la nam be mava xɔ gaa le gadzraɖoƒe, eye wògblɔ kpee nam be ne meyi ɖaxɔ gaa la, manyae be Yehowa metsɔ ɖeke le eme nam o.

Mezu mɔɖela le September 1, 1986, dzi, eye gaxɔgbalẽvi ma gale asinye vaseɖe egbegbe—nyemeyi ɖaxɔ gaa le gadzraɖoƒea o! Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna be nàwɔ mɔɖeɖedɔa le kɔƒenutowo me ʋu manɔamesii. Gake míaƒe hamea me tɔwo na kpekpeɖeŋum alesi dze.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, medo go Kristotɔ ŋutsu wɔame aɖe si ŋkɔe nye Ruben Lenz. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1989 me. Fifia Ruben nye hamemegã le Milton, Ontario, Canada, afisi míeva le tso ƒe 2002 me. Míaƒe srɔ̃ɖeɖea nye yayra gã siwo Yehowa dudu ƒo ɖe dzinye la dometɔ ɖeka. Meyi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi vaseɖe esime míedzi mía vi gbãtɔ Erika le ƒe 1993 me. Esusɔ vie wòade ƒe etɔ̃ megbe la, míedzi ŋutsuvi ɖe eyome si ŋkɔe nye Mika. Le nye akogotsitsi ƒe gbogbo aɖewo megbe la, Yehowa Mawu yram wu gbɔgblɔ esi wòna ƒome aɖe si lɔ̃a eyama abe alesi melɔ̃nɛ ene la su asinye.

Togbɔ be mía kple Yehowa ƒe amewo dome klãna ɣeaɖewoɣi le nye ɖevime hã la, nyemedzudzɔ nye mɔkpɔkpɔ dada ɖe Mawu dzi kple kuku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu goŋgoŋ o. (Yohanes 3:36) Aleke gbegbe medaa akpee enye si be Yehowa ‘ke ɖe ŋunye!’—g04 10/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Yehowa Ðasefowoe ta wo.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Amesi mewɔa dɔ na la ƒe sɔ dodo

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nelly Lenz kple srɔ̃a Ruben, kpakple wo viwo, Erika kple Mika