Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbalẽ si Wokafu Ale Gbegbe na Sɔhɛwo

Agbalẽ si Wokafu Ale Gbegbe na Sɔhɛwo

Agbalẽ si Wokafu Ale Gbegbe na Sɔhɛwo

TIGONI Nyɔnuviwo ƒe Suku Kɔkɔ si le Limuru, Kenya, ƒe tatɔ ŋlɔ lɛta na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ ma me hebia be woatsɔ Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent— Réponses pratiques) gbalẽ agbɔsɔsɔme aɖe aɖo ɖe ye. Egblɔ be: “Abe alesi mienyae ene la, ƒewuiviwo dzi kpɔkpɔ mele bɔbɔe o. Miaƒe agbalẽa eve le mía si eye ele vi ɖem na nufialawo kple sukuviawo siaa. Nyatakaka gbogbo aɖewo le eme siwo kpɔa mía kple míaƒe sɔhɛwo ƒe nuhiahiãwo siaa gbɔ.”

Sukutatɔ la yi edzi gblɔ be: “[Mí sukua dzikpɔlawo] míedi be míazã agbalẽ nyui sia afia nu míaƒe nyɔnuviawo. Wokpɔa dzidzɔ ɖe agbalẽa ŋu ale gbegbe. Dzilawo kpɔ ŋudzedze ɖe agbagba ɖesiaɖe si míedzena be míakpe ɖe wo viwo ŋuti la ŋu. Fifia la, míehiã agbalẽ 25 gbɔ.”

Young People Ask gbalẽa dzroa nukpɔsusu kple seselelãme siwo ŋu sɔhɛwo dea ŋugble le la me tsitotsito. Nyati siwo me wòʋãa ame wodzrona dometɔ aɖewoe nye: “Aleke Mawɔ Dzinyelawo Nana Ablɔɖe Geɖe Wum?,” “Ðe Wòle Be Maʋu Adzo le Aƒemea?,” “Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?,” “Agbemedɔ Kae Wòle Be Matia?,” “Nukae Gblẽ le Gbɔdɔdɔ do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?,” kple “Aleke Mawɔ Anya Ne Lɔlɔ̃ Ŋutɔŋutɔe?”

Esiawo nye tanya siwo le eme dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Agbalẽa ƒo nu tso nyati bubuwo hã ŋu le tanya 39-awo me. Àte ŋu adɔ agbalẽ sia ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g05 2/8.

□ Medi be miaɖo Questions Young People Ask—Answers That Work gbalẽa ɖeka ɖem.

Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si nèdi.

□ Taflatse, miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.