Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ ne Amewo Gblɔ Woƒe Kuxiwo Nam?

Aleke Mawɔ ne Amewo Gblɔ Woƒe Kuxiwo Nam?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ ne Amewo Gblɔ Woƒe Kuxiwo Nam?

“Mía kple nyɔnuvi siae le suku. Edzilawo di be woagbe wo nɔewo, eye esia le ŋusẽ kpɔm ɖe eƒe sukudɔwɔnawo dzi wòte toyiyi. Elɔ̃a woƒe ƒomekuxiwo gbɔgblɔ nam.”—Jan, si xɔ ƒe 14.

“Nyɔnuvi aɖe le míaƒe suku ʋu go eƒe nya ɣaɣla sia nam be ŋutsuvi aɖe dɔ ye gbɔ. Efɔ fu ɖe eye edzilawo gɔ̃ hã menya o.”—Mira, si xɔ ƒe 15.

TSƆE be ye kple ye xɔlɔ̃ alo sukuhati yewole dze ɖom. Kasia nàse la, “eʋu go” kuxi aɖe na wò. Ðewohĩ nya siwo ŋu ƒewuiviwo lɔ̃a dzitsitsi ɖo—nudodowo, ga, woƒe dzedzeme, wo hatiwo, nɔƒe si woaxɔ le suku dodokpɔ me—ŋue wòku ɖo. Le go bubu me la, ate ŋu anye kuxi siwo lolo wu esiawo kura.

Alesi nɔnɔmea le le United States la ɖe alesi gbegbe kuxi siwo me sɔhɛwo tona la ate ŋu aloloe fia. Newsweek magazine gblɔ be “Dukɔa me Tagbɔdɔdaƒewo ƒe Habɔbɔ bu akɔnta be blanuiléle ƒe dzesiwo dzena le ƒewuivi 8 le alafa me kple ɖevi 2 le alafa me (siwo dometɔ aɖewo xɔ ƒe 4 ko gɔ̃ hã) la ŋu.” Numekuku bubu gblɔ be: “Nyɔnuvi siwo ade 97 le 1,000 me, siwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 19—si nye Amerika ƒewuivi miliɔn ɖeka—fɔa fu ƒe sia ƒe. Nyɔnuvi siawo ƒe akpa gãtɔ—78 le alafa me—meɖonɛ be yewoafɔ fu hafi o.” Emegbe sɔhɛ miliɔn nanewo le ƒome siwo me kuxiwo le fũ me. Wosẽa ŋuta le wo dometɔ geɖewo ŋu alo dɔa wo gbɔ sesẽe. United States kɔledzivi siwo le woƒe ƒe kpɔtɔea me ƒe xexlẽme si wu afã noa aha muna. Nu maɖumaɖu alo nu ɖuɖu fũ ƒe kuxi le fu ɖem na sɔhɛ gbogbo ŋutɔ aɖewo.

Eyata mewɔ nuku o be sɔhɛ geɖewo dina vevie be yewoakpɔ ame aɖe agblɔ yewoƒe dzimenya na wo! Eye zi geɖe la, wo hatiwo ŋue wotena ɖo gbã. Nukae wòle be nàwɔ ne wòe nye hati ma si ŋu wote ɖo? Ne Kristotɔe nènye la, ekema mele be wòawɔ nuku na wò kura be ame aɖe va gblɔ eƒe dzimenya na wò o. Biblia de se na Kristotɔwo be woanye “kpɔɖeŋu” le agbenɔnɔ me eye be woanye nugɔmemaselawo. (Timoteo I, 4:12; Filipitɔwo 4:5) Eyata ate ŋu adzɔ be sɔhɛ bubuwo—esiwo nye dzimaxɔsetɔwo gɔ̃ hã—nadi vevie be yewoagblɔ yewoƒe nya ɣaɣla aɖe na wò. Ekema aleke wòle be nàkpɔ nya mawo gbɔe? Eye nukae nàwɔ ne èkpɔe be nya si wogblɔ na ye la lolo wu ye?

Nye Toɖola Nyui

Biblia gblɔ be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Ne kuxi aɖe le fu ɖem na ame aɖe wòdi be yeaƒo nu le eŋu na wò la, zi geɖe la, nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ koe nye be nàɖo to nyuie ase nya si wòagblɔ. Le nyateƒe me la, Biblia meda asi ɖe edzi kura be woagbe toɖoɖo ‘ame dahe ƒe konyifafa’ o. (Lododowo 21:13) Hawòvia anya de ŋugble le alesi wòawɔ ate ɖe ŋuwò kple nyaa ŋu ɣeyiɣi didi hafi te ŋu tso ɖe afɔ dzi be yeaɖe nyaa dzi na wò. Eyata alesi nàlɔ̃ faa aɖo toe ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòakɔ nu le nyaa dzi. Sɔhɛ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Hiram gblɔ be: “Zi geɖe nusi mewɔna koe nye be mazi kpi kpoo amea nagblɔ eƒe nyawo. Meɖea mɔ wògblɔa nusi le fu ɖem nɛ, eye medzea agbagba naa wòkpɔnɛ be mese veve ɖe enu.” Vincent hã gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko ameawo di be yewoaɖe yewoƒe dzimenya agblɔ.”

Eyata manye ɖe hawòtia le didim be nàkpɔ yeƒe kuxia gbɔ na ye o. Nusi dim wòanɔ koe nye amesi aɖo to ase nya nɛ. Eyata ɖo toe! Dze agbagba nàkpɔ egbɔ be nusiwo ƒo xlã wò manɔ wò susu hem dzoe le nya si gblɔm wòle na wò dzi alo nànɔ nya xɔm le enu madzemadzee o. Wò susu ƒe amea ŋu nɔnɔ kple to ɖoɖoe ɖeɖe ate ŋu akpe ɖe eŋu ale gbegbe. Efia be ètsɔ ɖe le eme nɛ nyateƒe.

Ðe esia fia be mele be nàke nu agblɔ nya aɖeke kura oa? Kuxi si wòtsɔ vɛ dzie esia anɔ te ɖo koŋ. Zi geɖe la, nya si ŋu wobu nyuie hegblɔ kple tufafa la sɔ. (Lododowo 25:11) Le kpɔɖeŋu me, ne afɔkue dzɔ ɖe wò ame nyanyɛ aɖe dzi la, nu nyuitɔ anye be nàɖe veveseseɖeamenu afia. (Romatɔwo 12:15) Lododowo 12:25 gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.” Ðewohĩ nusi amea hiãe nye dzideƒonamenya aɖewo. Ðee fiae be kakaɖedzi le ye si be ate ŋu akpɔ kuxia gbɔ dzidzedzetɔe. Nyawo abe “Mese nusita nèse le ɖokuiwò me alea gɔme” alo “Ete ɖe dzinye be nusia dzɔ ɖe dziwò” ene ate ŋu ana hawòtia nanya be ètsɔ ɖe le eme na ye nyateƒe eye èdi be yeakpe ɖe ye ŋu.

Ke hã Lododowo 12:18 xlɔ̃ nu be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.” Ele vevie be nàƒo asa na nyawo abe “Nya sia menye nya sesẽ aɖeke o ɖe,” “Wò ya dze agbagba nàɖee le susu me,” alo “Mele be nàse le ɖokuiwò me nenema o” ene gbɔgblɔ. Kpɔ nyuie hã be màgatsɔ nyaa ade nukokoe me atsɔ aɖee afia be nyaa menye nya sesẽ aɖeke o. Ate ŋu anɔ bɔbɔe be hawòtia nase le eɖokui me be mèse veve ɖe ye nu o.—Lododowo 25:20.

Ke ne mènya nya si tututu nàgblɔ na amea o ɖe? Nyateƒe koe nàto nɛ. Gblɔ na xɔ̃wòa be le nyateƒe me yemenya nya si tututu yeagblɔ fifia ya o, gake yelɔ̃ faa be yeakpe ɖe eŋu. Biae be, ‘Nukae mate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò?’ Ẽ, nu ŋutɔŋutɔ aɖewo anɔ anyi nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe eƒe agbaa dzi akpɔtɔ.—Galatiatɔwo 6:2.

Xɔlɔ̃ɖaŋu Ðoɖo

Ke ne èkpɔe be ye hatia hiã aɖaŋuɖoɖo ɖe? Enye nyateƒe be esi mètsi o ta la, nuteƒekpɔkpɔ geɖe mele asiwò o. (Lododowo 1:4) Eyata ɖewohĩ màdze aɖo aɖaŋu le kuxi ɖesiaɖe ŋu o. Ke hã Psalmo 19:8 gblɔ be: “Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya.” Ẽ, togbɔ be ‘nuteƒekpɔkpɔ’ geɖe manɔ asiwò o hã, Biblia ƒe gɔmeɖose geɖe anɔ nyanya na wò nàte ŋu azã atsɔ ana kpekpeɖeŋu aɖe ya teti xɔ̃wò si nu hiã la. (Lododowo 27:9) Togbɔ be màƒo nu kpaŋkpaŋ o hã la, ɖe manyo be nàgblɔ Biblia ƒe nukpɔsusu aɖewo nɛ oa? Ne mènya Biblia ƒe gɔmeɖose si tututu wòle be nàzã o la, ke wɔ numekuku. Ƒe geɖee nye sia la, nyati vovovowo ŋuti ɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Biblia dzi dzena le magazine sia me nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” me. Nyatakakakpɔƒe nyui bubu hãe nye agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent—Réponses pratiques). *

Ðewohĩ aɖe vi ne èƒo nu tso nusi me wò ŋutɔ nèto kpɔ ŋu nɛ. Ðewohĩ kuxia ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo gɔ̃ hã anɔ asiwò. Togbɔ be màzi wò nukpɔsusu ɖe edzi o hã la, àte ŋu aɖe nusi kpe ɖe ŋuwò me nɛ. (Lododowo 27:17) Gake nenɔ susu me na wò be nya sia nya kple alesi woakpɔ egbɔe. Ðewohĩ nusi kpe ɖe ŋuwò mawɔ dɔ na ame bubu o.

Nuxlɔ̃ame Aɖewo

Mègagblẽ ɣeyiɣi fũ ɖe sɔhɛ siwo mevɔ̃a Yehowa alo medea bubu Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo ŋu o la ƒe kuxi sese ŋu o. Nusiwo dzɔna ɖe wo dzi la dometɔ geɖewo te ŋu nyea nuwɔna siwo ŋu Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsi tre ɖo la me tsonuwo. Agbagbadzedze be yeakpe ɖe amesiwo doa vlo Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ŋu ate ŋu aɖe fu na mia kplii siaa. (Lododowo 9:7) Azɔ hã toɖoɖo amesiawo tɔgbe ate ŋu ana nàva nye bometsinya alo ŋukpenanya gbogbo aɖewo gɔ̃ hã sela. (Efesotɔwo 5:3) Eyata ne eƒe nyawo menya le sesem na wò o la, dzi nanɔ ƒowò nàgblɔ nɛ be yemate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖeke le nya ma ŋuti o alo be nyaa sese le fu ɖem na ye.

Kpɔ nyuie ne amesi ƒe vidzinu to vovo na tɔwòe va be yeagblɔ eƒe dzimenya na wò. Biblia xlɔ̃ nu be amegbetɔ ƒe dzi ate ŋu ablee. (Yeremya 17:9) Mia kplii dome kadodo kplikplikpli ate ŋu ade nyɔnu kple ŋutsu dome dzodzro mewò eye ate ŋu akplɔ wò ade gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me gɔ̃ hã.

Gakpe ɖe eŋu la, mègado ŋugbe na amea gbeɖe be yemagblɔ nyaa na ame bubu aɖeke o. Ðokuibɔbɔtɔe la, nyae be amesi va le nyaa gblɔm na wò ahiã kpekpeɖeŋu geɖe wu esi nàte ŋu anae.—Lododowo 11:2.

Ne Ehiã be Ame Bubu Nakpe Ðe Eŋu

Le nya siawo dometɔ geɖe me la, nu nyuitɔ si wòle be nàwɔe nye be wò ŋutɔ nàbia kpekpeɖeŋu. Mira, si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Le nyateƒe me nyemenya kpekpeɖeŋu si tututu mana nye sukuhatia o. Eyata meƒo nu tso nyaa ŋu na míaƒe hamemegã ɖeka eye wòɖo aɖaŋu aɖewo nam tso alesi makpe ɖe xɔ̃nyea ŋui.” Ẽ, le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hamea me la, ŋutsu kpɔnuteƒewo li siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. (Efesotɔwo 4:11, 12) Hamemegãa ɖo aɖaŋu na Mira be wòade dzi ƒo na eƒe sukuhatia be wòagblɔ nyaa na edzilawo. Nyɔnuvia xɔ Mira ƒe aɖaŋuɖoɖoa. Mira gblɔ be: “Eƒe nɔnɔmea ɖɔ ɖo. Fifia edi be yeanya nu geɖe tso Biblia ŋu.”

Ke ne hati Kristotɔe va gblɔ eƒe nya ɣaɣla na wò ɖe? Le dzɔdzɔme nu la, àdi be yeawɔ nusi yeate ŋui atsɔ ana kpekpeɖeŋui. (Galatiatɔwo 6:10) Ne ewɔ na wò be ele tatram tso Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo gbɔ la, mègavɔ̃ na ‘nyateƒea gbɔgblɔ’ nɛ o. (Efesotɔwo 4:25) Gblɔ nyateƒea ŋutɔŋutɔ nɛ gake mègawɔ ɖokuiwò ame dzɔdzɔe akpa o. Lɔlɔ̃ faa be yeaɖe nyaa ƒe nyateƒenyenye agblɔ nye xɔlɔ̃ vavã nyenye ƒe dzesi.—Psalmo 141:5; Lododowo 27:6.

Le nya sia tɔgbe me la, ele vevie hã be nàde dzi ƒo na xɔ̃wòa be wòabia kpekpeɖeŋu—tso edzilawo, hamemegã aɖe, alo Kristotɔ tsitsi aɖe si ŋu wòdea bubui la gbɔ. Ne ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si sɔ va yi gake meyi ɖagblɔe na ame aɖeke o la, ele be nàgblɔe na ame aɖe ɖe enu. (Yakobo 5:13-15) Esia wɔwɔ abia dzinɔameƒo, gake efia be ètsɔ ɖe le eme na xɔ̃wòa nyateƒe eye be nusi ade edzi boŋ dim nèle nɛ.

Ele eme be Yehowa mekpɔ mɔ be nàkpɔ amesiame ƒe kuxi gbɔ nɛ o ya. Gake ne ame aɖe va ɖe eƒe dzimenya gblɔ na wò la, mele be nàse le ɖokuiwò me be yemate ŋu ana kpekpeɖeŋu le mɔ aɖeke nu o. Wɔ Kristotɔwo ƒe hehe si nèxɔ la ŋudɔ eye nàɖee afia be yenye ‘xɔlɔ̃ vavã.’—Lododowo 17:17.—g05 1/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Le nya aɖewo me la, ahiã be nàbia kpekpeɖeŋu na xɔlɔ̃ si ɖo kuxi me