Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Vidadawo Le Kuxiawo Gbɔ Kpɔmee

Alesi Vidadawo Le Kuxiawo Gbɔ Kpɔmee

Alesi Vidadawo Le Kuxiawo Gbɔ Kpɔmee

KUXI gã aɖe si vidada geɖe doa goe egbeae nye alesi woadi dɔ awɔ be woakpe ɖe woƒe ƒomea ŋu le ganyawo me. Gawu la, le susu aɖewo ta la, ɖewohĩ woawo ɖeɖe koe le wo viwo hem.

Margarita nye vinɔ srɔ̃manɔsitɔ le Mexico, eye eya ɖekae le via eveawo hem. Egblɔ be: “Hehe nana wo le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me mele bɔbɔe o. Ɣeaɖeɣi va yi la, vinyeŋutsuvi si le eƒe ƒewuiwo me yi azãɖuƒe aɖe hemu aha vie hafi gbɔ va aƒeme. Mena wònyae nyuie be ne egawɔ nu nenema ake la, mana wòadɔ xexe. Eyata esi wògamu aha ake la, medo ʋɔa ɖe enu wòtsi xexe, togbɔ be mevivi nam o hã. Meda akpe be megawɔe ake o.”

Eteƒe medidi o Margarita dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye esia kpe ɖe eŋu wòƒã agbenyuinɔnɔ me dzidzenuwo ɖe viawo me. Fifia via eveawo katã nye Yehowa Ðasefo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo.

Ne Vifofowo Dzo Yi Dukɔ Bubu Me

Srɔ̃ŋutsu geɖe siwo le dukɔ madeŋgɔwo me la ʋuna yia dukɔ siwo me nuwo le edzi dzem le me be yewoadi dɔ awɔ, si wɔnɛ be wogblẽa wo srɔ̃wo ɖi be woahe ɖeviawo. Laxmi, si nye vidada le Nepal, gblɔ be: “Srɔ̃nye dzo yi dukɔ bubu me ƒe adree nye esia. Ðeviawo mebuam abe alesi wobua wo fofo ene o. Ne ɖe eya ŋutɔ le afisia be wòaxɔ ŋgɔ edziedzi la, ne aka ɖe eme wu hafi.”

Togbɔ be Laxmi le kuxi siawo me tom hã la, ele wo gbɔ kpɔm. Esi eya ŋutɔ mede suku yi ŋgɔ o ta la, ewɔ ɖoɖo xɔ nufialawo be woava nɔ kpekpem ɖe ɖevi tsitsitɔawo ŋu le woƒe sukudɔdasiwo me. Gake ewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ɖeviawo kwasiɖa ɖesiaɖe tsɔ fiana nu wo le gbɔgbɔ me. Edzroa mawunyakpukpui aɖe me kpli wo gbesiagbe eye wòkplɔa wo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi.

Vidada Siwo Mede Suku Yi Ŋgɔe O

Le dukɔ aɖewo me la kuxi bubu si li enye be nyɔnuwo dometɔ akpa gãtɔ menya agbalẽ o. Esi Aurelia, vidada si si vi ade le le Mexico nɔ nu ƒom tso nusi sukumademade gblẽna le vidadawo ŋu ŋuti la, eɖe nu me be: “Danye gblɔna ɣesiaɣi be womewɔ nyɔnuwo be woade suku o. Eyata nyemesrɔ̃ nuxexlẽ kpɔ o eye le esia ta nyemate ŋu akpe ɖe vinyewo ŋu le dɔ siwo wode wo si le suku be woawɔ le aƒeme la me o. Esia veam ŋutɔ. Gake esi nyemedi be woawo ya nakpe fu abe nye ke ene o ta la, medzea agbagba vevie be woawo ya woade suku.”

Ne vidada mede suku yi ŋgɔ o hã la, ate ŋu awɔ nu geɖe. Nyateƒee wònye wogblɔna be: “Ne èna nyɔnuwo yi suku la, ekema ŋutsuwo ƒe nufialawoe ma nèna hehee.” Bishnu nye vidada le Nepal eye viŋutsuvi etɔ̃ le esi. Menya agbalẽ tsã o, gake esi wòdi vevie be yeasrɔ̃ Biblia me nyateƒeawo ahafia wo viawo ta la, edze agbagba geɖe srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Ekpɔa egbɔ be ɖeviawo wɔ aƒemedɔ siwo nufiala de wo si, eye zi geɖe la, eyia woƒe sukuawo be yeabia woƒe nufialawo alesi wole dɔ wɔmee.

Bishnu viŋutsu Silash gblɔ tso gbɔgbɔ me kple agbenyuinɔnɔ ŋuti hehe si wo dada na wo ŋu be: “Nusi koŋ dzɔa dzi nam le alesi wòdze agbagba fia nu mí ŋu enye be ne míewɔ vodada la, egblɔa Biblia me kpɔɖeŋuwo na mí be wòatsɔ aɖɔ mí ɖo. Nufiafiamɔnu sia ɖe vi eye ekpe ɖe ŋunye be mexɔa aɖaŋuɖoɖoa.” Bishnu fia nu viaŋutsuawo dzidzedzetɔe, eye wo ame etɔ̃awo katã nye sɔhɛ siwo vɔ̃a Mawu.

Antonia si nye vidada le Mexico eye wòle vi eve hem la gblɔ be: “Gɔmedzesuku koe mede. Kɔƒedu saɖeaga aɖe mee míenɔ, eye sekɛndrisuku si gogo mí wu la didi ŋutɔ tso mía gbɔ. Gake medi be vinyewo nade suku yi ŋgɔ wu afisi nye ŋutɔ mese, eyata mezã ɣeyiɣi geɖe ɖe wo ŋu. Mefia ABDÐ kple xexlẽdzesiwo xexlẽ wo. Vinyenyɔnuvia te ŋu nya eƒe ŋkɔ kple ŋɔŋlɔdzesiwo katã ŋɔŋlɔ hafi dze suku dede gɔme. Vinyeŋutsuvia nya nuxexlẽ nyuie hafi dze abɔdzokpo gɔme.”

Esi wobia Antonia be aleke wòwɔ na hehe wo le gbɔgbɔ me kple agbenyuinɔnɔ me hã la, eɖo eŋu be: “Mefia Biblia me ŋutinyawo wo. Hafi vinyenyɔnuvia nanya nuƒoƒo la, ete ŋu wɔa dzesi tsɔ gblɔa Biblia me ŋutinyawo. Vinyeŋutsuvia xlẽ Biblia le kplɔ̃ta zi gbãtɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpe esi wòxɔ ƒe ene.” Vidada geɖe siwo mede suku yi ŋgɔ o la le kuxia gbɔ kpɔm hele nu fiam wo viwo.

Tsitretsitsi Ðe Kɔnu Gbegblẽwo Ŋu

Nuwɔna aɖe si bɔ ɖe Tzotzilgbe dola siwo le Mexico domee nye wo vinyɔnuviwo tsɔtsɔ na atsu ne wonya xɔ ƒe 12 alo 13 ko. Zi geɖe la, wodzrana nyɔnuviwo na ŋutsu aɖe si tsi wui sã si le didim be yeaɖe srɔ̃ evelia alo etɔ̃lia. Ne nyɔnuvia ƒe nu megava dzɔ dzi na ŋutsua o la, ate ŋu agbugbɔe ɖo ɖa ahaxɔ eƒe ga. Petrona dze ŋgɔ kɔnu sia esime eya ŋutɔ nye ɖevi. Wotsɔ dadaa hã na atsu, si na wòdzi vi eye emegbe wògbe srɔ̃a—evɔ ƒe 13 koe wòxɔ esime nu mawo katã dzɔ! Ðevi gbãtɔ ma si wòdzi la ku, eye le ema megbe la, wogatsɔ Petrona dada na atsu zi eve sɔŋ. Vi siwo katã wòdzi la le ame enyi.

Petrona medi be yeanɔ agbe sia o eye wògblɔ alesi wòte ŋu wɔe ale: “Esi mewu gɔmedzesuku nu la, megblɔ na Dada be nyemedi be maɖe srɔ̃ o ke boŋ be mayi sukudedea dzi. Dada gblɔ nam be yemate ŋu awɔ naneke le eŋu o, eye wògblɔ be magblɔe na fofonye.”

Papa gblɔ nam be: “Mele tsɔ wò ge ana atsu. Èse Spaingbe. Ènya nuxexlẽ. Nuka dim nègale? Ne èdi be yeayi suku la, ekema wò ŋutɔ koe akpɔ ɖokuiwò dzi.”

Petrona ɖe eme be: “Esia ta nu mae mewɔ. Melɔ̃a atsyã ɖe avɔwo me ale be makpɔ ga na nye nuzazãwo.” Aleae wòwɔ be wometsɔe dzra o. Esi Petrona tsi la, dadaa dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye esia na dzideƒo ɖo esi wòƒã Biblia me dzidzenuwo ɖe Petrona yometɔ nyɔnuviwo me. Esi vidadaa ŋutɔ to nɔnɔmea me kpɔ ta la, ete ŋu fia nu gbegblẽ siwo dona tsoa kɔnu si nye be woatsɔ nyɔnuviwo ana atsu mee la wo.

Kɔnu aɖe si hã bɔ le ame geɖe domee nye be vifofowo koe kpɔ mɔ ahe to na viŋutsuwo le ƒomea me. Petrona gblɔ be: “Wofiana Tzo-tzil-nyɔnuwo be ŋutsuwo xɔ asi wu wo. Ŋutsuawo ɖua amegã ɖe ame dzi ŋutɔ. Ŋutsuvi suewo srɔ̃a wo fofowo ƒe nɔnɔme eye wogblɔna na wo nɔwo be: ‘Menye wòe agblɔ nusi mawɔ la nam o. Ne menye papae gblɔe nam o la, ke nyemawɔe o.’ Eyata nyɔnuwo mate ŋu afia nu wo viwo o. Gake esi wònye danye srɔ̃ Biblia azɔ ta la, ete ŋu kpɔ dzidzedze le nufiafia nɔvinyeŋutsuwo me. Wosrɔ̃ nya siwo le Efesotɔwo 6:1, 2 la ɖe tame: ‘Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo. . . . Bu fofowò kple dawò.’”

Mary, si nye vidada le Nigeria, hã gblɔ be: “Nuto si me metsi le me tɔwo meɖe mɔ na vidada be wòafia nu viaŋutsuwo alo ahe to na wo o. Gake esi mesrɔ̃ kpɔɖeŋu si Loide kple Eunike—siwo nye Timoteo mama kple dadaa—ɖo le Biblia me ta la, meɖoe kplikpaa be nyemaɖe mɔ nutoa me dekɔnuwo naxe mɔ nam be magafia nu vinyewo o.”—Timoteo II, 1:5.

Kɔnu bubu aɖe hã gali si bɔ ɖe dukɔ aɖewo me, si ame aɖewo yɔna be “nyɔnuwo ƒe aʋatsotso,” si woyɔna koŋ be nyɔnuviwo ƒe vidzinu lalã ɖa. Enye nuwɔna si me woɖea nyɔnuviwo ƒe vidzinuwo ƒe akpa aɖe ɖa le. Waris Dirie si nye atsyãwuwo ɖefiala kpakple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amewo ƒe Agbɔsɔsɔme Gbɔkpɔha teƒenɔla si amewo nya nyuie lae na wonya nu tso nuwɔna sia ŋu. Le Somaliatɔwo ƒe kɔnu si le wo gbɔ ta la, dadaa na wowɔ nu sia ɖe eŋu esime wònye ɖevi. Nyatakaka aɖe ɖee fia be afɔku li be nyɔnu kple nyɔnuvi miliɔn enyi va ɖo ewo ato nuwɔna sia me le dukɔ siwo le Asia ƒe Anyieheɣetoɖoƒe kple Afrika me. Wobui be le United States kura gɔ̃ hã la, nyɔnuvi 10,000 le afɔku sia me.

Dzixɔse ka dzie wotu nuwɔna sia ɖo? Ame aɖewo susunɛ be nyɔnuwo ƒe vidzinuwo nye nu vɔ̃ɖi eye be wonana nyɔnuvi ŋu mekɔna o si awɔe be womate ŋu aɖee o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woxɔnɛ sena be nyɔnuvi ƒe vidzinu ƒe akpa aɖe lalã ɖa ana kakaɖedzi nanɔ yewo si be enye ɖetugbi leaƒe eye be awɔ nuteƒe. Ne vidadaa mena wowɔ nusia na vianyɔnuvia o la, ate ŋu ana srɔ̃a kple nutoa me tɔwo nado dziku ɖe eŋu.

Gake vidada geɖe va de dzesii be susu aɖeke meli—eɖanye mawusubɔsubɔ, atikewɔwɔ, alo dzadzɛnɔnɔ tɔ o—si tae woakpe asi ɖe nuwɔna sia si na wosea veve la ŋu o. Nigeriatɔwo ƒe agbalẽ si nye Repudiating Repugnant Customs [Asiɖeɖe le Kɔnu Nyɔŋuwo Ŋu] ɖee fia be vidada geɖe tsɔ dzideƒo gbe be womawɔ nusia na yewo vinyɔnuviwo o.

Nyateƒee, vidada geɖe le wo viwo ta kpɔm hele wo hem le xexeame godoo dzidzedzetɔe togbɔ be wotoa kuxi geɖe me hã. Ðe amewo dea asixɔxɔ woƒe agbagbadzedzewo ŋu ŋutɔŋutɔa?—g05 2/22.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

“Nusɔsrɔ̃ geɖe ɖee fia be ŋgɔyiyi ƒe ɖoɖo aɖeke makpɔ dzidzedze ne nyɔnuwo mewɔ akpa vevi aɖeke le eme o. Ne nyɔnuwo kpɔ gome le eme bliboe la, viɖeawo dzena enumake: ƒomewo nɔa lãmesẽ me wu eye woɖua nu nyuie wu; ga si wokpɔna, esi wodzrana ɖo ɖi kple esi wotsɔna dea adzɔ aɖe me hã dzina ɖe edzi. Eye ne nuwo yi edzi nyuie le ƒomewo me la, woayi edzi nyuie le nutowo hã me, eye mlɔeba la, akeke ta ava ɖo dukɔ blibowo hã dzi.”—Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan, March 8, 2003.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN/DPI photo by Milton Grant

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Etsɔ Nu Geɖe Sa Vɔe ɖe Mía Ta

Juliano, si nye ɖekakpui aɖe si le Brazil, gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe atɔ̃ la, danye kpɔ dɔ nyui aɖe nɔ wɔwɔm. Gake esi wòdzi nɔvinyenyɔnu la, eɖoe be yeaɖe asi le dɔa ŋu ale be yealé be na mí. Aɖaŋuɖola siwo nɔ eƒe dɔa me dze agbagba be yewoana wòagadzo o. Wogblɔ nɛ be ne viawo va ɖe srɔ̃ emegbe hedzo le aƒea me la, ekema nusianu si wòwɔ na wo la abu—eye be ele ga gblẽm ɖe nusi mahe viɖe aɖeke vɛ nɛ o ŋu. Gake mate ŋu agblɔe be aʋatsoe woka, nyemaŋlɔ alesi wòlɔ̃a mí la be akpɔ gbeɖe o.”

[Nɔnɔmetatawo]

Juliano dada kple viawo; miame: Juliano, esime wòxɔ ƒe atɔ̃

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Bishnu srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ eye emegbe ekpe ɖe viaŋutsuwo ŋu na hehe nyui aɖe wo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Antonia ƒe viŋutsuvia le Biblia xlẽm tso kplɔ̃ta le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Petrona nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico. Dadaa, si va zu Ðasefo lae nye ema le nu fiam Petrona yometɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Wonya Waris Dirie nyuie be eƒoa nu tsia tre ɖe nyɔnuviwo ƒe vidzinu ƒe akpa aɖe lalã ɖa ƒe nuwɔnaa ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo by Sean Gallup/Getty Images