Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Europa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe De Vidada Aɖe Ƒe Gomenɔamesiwo Dzi

Europa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe De Vidada Aɖe Ƒe Gomenɔamesiwo Dzi

Europa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe De Vidada Aɖe Ƒe Gomenɔamesiwo Dzi

Etso Nyɔ! ŋlɔla si le France gbɔ

LE December 16, 2003 dzi la, Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Strasbourg, France, bu fɔ Franseawo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo le esi wotsɔ ameŋkumekpɔkpɔ tso afia gbegblẽ na Séraphine Palau-Martínez si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka le eƒe subɔsubɔha ta ŋuti.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe da asi ɖe edzi na Séraphine be wòagbe srɔ̃a le ƒe 1996 me esi srɔ̃ŋutsua dzo le egbɔ ƒe eve megbe. Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe mɔ nɛ be wo vi eveawo nanɔ egbɔ. Gake le ƒe 1997 me, esi ɖeviawo nɔ wo dadaa gbɔ abe ƒe etɔ̃ kple afã lɔƒo ene megbe la, woyi ɖasrã wo fofo kpɔ, eye le woƒe sasrãkpɔa ƒe nuwuwu la, egbe be yemagaɖe asi le wo ŋu woatrɔ agbɔ va wo dada gbɔ o. Séraphine gblɔ be: “Esi meyi be makplɔ ɖeviawo le suku va aƒemee la, sukudzikpɔlaa yɔ kpovitɔwo ɖe ŋunye. Eva hiã be kpovitɔwo ƒe amegãwo nanɔ anyi hafi makpɔ nye ŋutɔ vinyewo bene magaƒo nu tso nye dzixɔse ŋu na wo o. Ðeko wònɔ abe nuvlowɔla aɖee menye ene. Wogblɔ nam be ɖeko made asi agbalẽ te be nyemele nu ƒo ge tso Mawu alo Biblia ŋu na wo loo alo le wo kplɔ ge ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe o hafi mate ŋu akplɔ wo ayi aƒemee.”

Le esia ta, Séraphine tsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖewoe. Gake le ƒe 1998 me la, Nîmes Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe la xɔ ɖeviawo na wo fofo. Woɖe wo ɖokui nu kple gbɔɖiamenya vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia be esi nufiafia si Yehowa Ðasefowo nana wo viwo mate ŋu akpe ɖe ame ŋu o tae yewowɔ nyametsotso ma. Séraphine gblɔ be: “Evem ŋutɔ be wotso nunye be mele nye ŋutɔ vinyewo gblẽm, evɔ wònye nusi menya be eyae nye nyuitɔ kekeake ƒe agbagba dzem mele be mawɔ na wo hafi, si nye hehenana wo woanye Kristotɔwo.”

Esi Franseawo ƒe nyagbugbɔdrɔ̃ƒe kɔkɔ la (Cour de Cassation) da asi ɖe nyagbugbɔdrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso dzi ta la, Séraphine tsɔ nya la yi Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Ʋɔnudrɔ̃la 7-awo dometɔ 6 sɔŋ ye tso nya me be “ɖikeke aɖeke mele eme o be, le yewoƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nukpɔsusu nu la, [Franseawo] ƒe nyagbugbɔdrɔ̃ƒe la wɔ ameŋkumekpɔkpɔnu le esi wònɔ te ɖe subɔsubɔha si me amesi tsɔ nyaa vɛ le dzi wɔ nu ɖe dzila eveawo ŋu ta. . . . Vovototodedeameme nuwɔna sia nye ameŋkumekpɔkpɔ.” Wogblɔ be menye esi ŋutete mele Séraphine ŋu wòakpɔ viawo dzi tae Franseawo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ nyametsotso ma o—menye nya mae fɔ ɖe te kura o—eye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ aɖeke meli o, ke boŋ “nya siwo ame geɖewo gblɔna tsoa Yehowa Ðasefowo ŋu” tae. Le vovototodedeameme le subɔsubɔha si me wòle ta kple ame ƒe gomenɔamesi xɔxɔ le esi ƒe nuwɔna sia si wowɔ ɖe Séraphine ŋu ta la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbe be Franse-dukɔa naxe nugblẽfe kple eƒe gazazãwo nɛ.

Nyametsotso sia sɔ kple esi Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ va yi le June 1993 me le nya sia tɔgbe aɖe si me Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be Austria wɔ vovototodedeamemenu ɖe Ingrid Hoffmann ŋu le eƒe Yehowa Ðasefo nyenye ta. * Franseawo ƒe senyawo ŋuti nyadzɔdzɔgbalẽ La Semaine juridique gblɔ be: “Abe Hoffmann ƒe nyaa ene la, afiatsotso sia ɖo kpe edzi be ne woatso nya me le dzila si gbɔ wo viwo anɔ ŋu le ʋɔnu la, mele be woanɔ te ɖe subɔsubɔ si me dzilawo le dzi atso nyaa me o.” Senyala si ʋli Séraphine ta gblɔ be: “Nyametsotso sia le vevie ŋutɔ elabena zi alesi Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe se siwo dzi wònɔ te ɖo ʋli Yehowa Ðasefo dzilawo ƒe gomenɔamesi ta ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe matrɔ o la, anye nya siawo ƒomevi bubuwo gbɔ kpɔnu.”

Séraphine le Spain fifia, eye esi wobiae be aleke wòse le eɖokui me ɖe afiatsotsoa ŋu hã la, egblɔ be: “Mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ eye nye dzi hã dze eme. Vinyewo xɔxɔ le asinye le subɔsubɔha si me mele ta kple wo makpɔmakpɔ ƒe atɔ̃ sɔŋ menɔ bɔbɔe nam o, gake Yehowa do ŋusẽm ɣesiaɣi. Mele mɔ kpɔm be afiatsotso sia akpe ɖe ame bubu siwo le nye nɔnɔme sia ƒomevi me tom ŋu la ŋuti.”—g04 11/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Kpɔ nyati si nye “Wokɔ Yehowa Ðasefowo Ŋu le Ðevi Xɔxɔ ƒe Nyaʋiʋli aɖe Me” le Nyɔ! November 8, 1993, axa 15.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Séraphine