Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kuxi Siwo me Vidadawo Tona

Kuxi Siwo me Vidadawo Tona

Kuxi Siwo me Vidadawo Tona

“Aƒemedɔwoe nye ameƒomea ƒe dɔ vevitɔwo kekeake. . . . Ne vidada mewɔ eƒe dɔ o la, dzidzime bubu aɖeke magava o, alo ne dzidzime aɖe va hã la, agblẽ ale gbegbe be anyo wu ne ɖe ɖeke meva o.”

—Theodore Roosevelt, United States ƒe dukplɔla 26 lia.

EME kɔ ƒã be vidada wɔa akpa vevi aɖe le ame ƒe agbe me, gake menye ɖeviwo dzidzi koe nye eƒe dɔ o. Kura o. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ tso dɔ si vidadawo wɔna le xexeame ƒe teƒe geɖe egbea ŋu be: “Eyae kpɔa ɖevi ɖesiaɖe ƒe lãmesẽ, hehexɔxɔ, nunya ŋutete, amenyenye, nɔnɔme kple seselelãme ta be naneke nagagblẽ le wo ŋu o.”

Dɔ gbogbo siwo vidada wɔna dometɔ ɖekae nye hehe nana viawo. Zi geɖe la, vidada gbɔe ɖevi srɔ̃a nya gbãtɔ siwo wògblɔna ne edze nuƒoƒo gɔme kple alesi wòƒoa nui la tso. Zi geɖe la, vidada zãna ɣeyiɣi geɖe ɖe viawo ŋu wu srɔ̃a, eyata eya koŋue nye woƒe nufiala kple woƒe hehenala vevitɔ. Nu ma tae Mexicotɔwo doa lo aɖe tsɔ kafua akpa vevi si vidadawo wɔna ale: “No nue woxɔa hehe lena.”

Mía Wɔla, Yehowa Mawu, hã dea asixɔxɔ vidadawo ŋu. Le nyateƒe me la, Se Ewoawo, siwo “Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide” ŋlɔ, la dometɔ ɖeka xlɔ̃ nu ɖeviwo be: ‘Bu fofowò kple dawò.’ (Mose II, 20:12; 31:18; Mose V, 9:10) Gawu la, Biblia ƒe lododo aɖe ƒo nu tso “dawò ƒe nufiame” ŋu. (Lododowo 1:8) Ame geɖe va lɔ̃ ɖe edzi azɔ be ele vevie be woafia nu ɖeviwo le woƒe ƒe etɔ̃ gbãtɔawo me—eye ɣemaɣi la, wo dada koŋ gbɔe wo dometɔ akpa gãtɔ nɔna.

Kuxiawo Dometɔ Aɖewo Ðe?

Kuxi aɖe si vidada geɖe doa goe le nufiafia wo viwo me le ƒe vevi siwo me wohiã hehexɔxɔ ye nye alesi wòva hiãna be woadi dɔ awɔ atsɔ kpe asi ɖe ƒomea ŋui. Akɔntabubu aɖewo siwo Dukɔ Ƒoƒuawo wɔ la ɖee fia be le dukɔ deŋgɔ geɖe me la, vidada siwo ƒe viwo mekpɔ xɔ ƒe etɔ̃ haɖe o la ƒe afã kple edzivɔ nye dɔwɔlawo.

Hekpe ɖe eŋu la, edzɔna enuenu be vidadawo ɖeɖe nahe wo viwo elabena wo srɔ̃wo dzo le aƒea me yi dɔ di ge le du alo dukɔ bubu me. Le kpɔɖeŋu me, woka nya ta be le Armenia ƒe nuto aɖewo me la, ne woma ŋutsu siwo le dukɔa me ɖe akpa etɔ̃ me la, akpa ɖeka dzona yia duta yia dɔ di ge. Ŋutsu aɖewo hã gbe wo srɔ̃wo alo ku, si wɔe be vidadawo ɖeɖekoe le wo viawo hem.

Le dukɔ aɖewo me la, kuxi bubu si vidadawo dzea ŋgɔe nye be womede suku o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ganyawo Kple Hadomenyawo Gbɔkpɔha bui be ne woma xexeametɔ miliɔn 876 siwo menya agbalẽ o la ɖe akpa etɔ̃ me la, akpa eve nye nyɔnuwo. Le nyateƒe me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo ƒe Nyawo Gbɔkpɔha (UNESCO) gblɔ be le Afrika, Arab-dukɔwo, kpakple Ɣedzeƒe kple Anyiehe Asia la, nyɔnuwo dometɔ siwo wu 60 le alafa me menya agbalẽ o. Gakpe ɖe eŋu la, ŋutsu geɖe xɔe se be mehiã be nyɔnuwo nade suku o eye wogblɔna kura gɔ̃ hã be sukudede ana womate ŋu akpɔ wo viwo gbɔ nyuie o.

Magazine si nye Outlook gblɔ be le India ƒe nuto gã si nye Kerala ƒe akpa aɖe la, kaka nyɔnuviwo naxɔ ƒe 15 la, wodzia vi. Le nuto ma me la, ŋutsu aɖeke medina be yeaɖe nyɔnu si de suku o. Le Pakistan-dukɔ si te ɖe wo ŋu me la, ŋutsuviwo koŋ ŋue wotsia dzi ɖo. Hehe si woxɔna la dzrana wo ɖo be woava kpɔ dɔ nyui aɖe awɔ si ana woate ŋu akpe ɖe wo dzilawo ŋu le woƒe tsitsime. Gake agbalẽ si nye Women’s Education in Developing Countries [Nyɔnuwo ƒe Sukudede le Dukɔ Madeŋgɔwo me] gblɔ be “dzilawo mezãna ga ɖe wo vinyɔnuviwo ƒe sukudede ŋu o elabena womele mɔ kpɔm na wo be woava kpe asi ɖe ƒomea ŋu le ganyawo gome o.”

Dekɔnuwo ƒe nyaa hã nye kuxi bubu. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo me la, wokpɔa mɔ be vidada nalɔ̃ ɖe edzi be woatsɔ vinyɔnuviwo ana atsu eye be woalã woƒe vidzinuwo ƒe akpa aɖe ɖa. Le afi aɖewo hã la, womeɖe mɔ na vidadawo be woafia nu wo viŋutsuviwo ahana hehe wo o. Ðe wònye dzizizi na vidada be wòalɔ̃ ɖe kɔnu siawo dzi ahagblẽ nufiafia viawo ɖe ame bubuwo simea?

Le nyati siwo kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ alesi vidada aɖewo le kuxia gbɔ kpɔmee. Míadze agbagba akpɔ alesi míawɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe afia ɖe vidadawo kple vidadanyenye ŋu ahana nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si le akpa si vidada wɔna le nu fiafia viawo me.—g05 2/22.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

“Vidada wɔa akpa vevi aɖe le ɖevi ƒe susu kple nuŋububu ŋutete mamla, kpakple eƒe aɖaŋuwɔŋutetewo tutuɖo me.”—Ðeviwo ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nutome Takpekpe, Burkina Faso, 1997.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]

Vidadawo wɔa akpa vevi aɖe le ɖevi ɖesiaɖe ƒe lãmesẽ, hehexɔxɔ, amenyenye, kple seselelãme takpɔkpɔ me