Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tomatos “Detsiƒonu” si Woate Ŋu Azã le Mɔ Vovovowo Nu

Tomatos “Detsiƒonu” si Woate Ŋu Azã le Mɔ Vovovowo Nu

Tomatos “Detsiƒonu” si Woate Ŋu Azã le Mɔ Vovovowo Nu

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE BRITAIN GBƆ

NYƆNU aƒedzikpɔla aɖe si le Italy gblɔ be: “Aleke mawɔ ne ɖe tomatos meli o!” Aleae nuɖala geɖe sena le wo ɖokui mee le xexeame godoo. Le nyateƒe me la, wozãa tomatos, alo timati, tsɔ ɖaa nu vovovowoe le dukɔ geɖe me. Wodoa tomatos ɖe aƒemebɔwo me wu detsiƒonu bubuwo. Ke hã atikutsetsee tomatos nye loo alo detsiƒonue?

Numiemieŋutinunyalawo gblɔna be atikutsetsee wònye elabena ku le eme. Gake ame geɖe bunɛ detsiƒonui le esi zi geɖe la, nu ɖaɖa me koŋue wozãnɛ le ta. Alesi wozã detsiƒonu vivi sia va yi la ŋutinya sese doa dzidzɔ na ame.

Eŋutinya Vivi La

Aztectɔwoe dze tomatos dodo gɔme gbã le Mexico heɖua eƒe tsetse. Esime Spaintɔ anyigbaxɔlawo trɔ yi Spain ye wotsɔe yii le ƒe alafa 16 lia ƒe gɔmedzedze me hetsɔ ŋkɔ si nye tomate nɛ wòɖi alesi Nahuatltɔwo yɔnɛ, si nye tomatl. Eteƒe medidi o eva zu nuɖuɖu vevi aɖe na Spaintɔ siwo nɔ Italy, Dziehe Afrika, kple Asia ƒe Anyieheɣetoɖoƒe dukɔwo me.

Le ƒe alafa 16 lia ma ƒe titina lɔƒo la, tomatos va ɖo dziehe Europa. Le gɔmedzedzea me la, wosusu be aɖi le eme eyata ɖeko wodonɛ ɖe abɔwo me tsɔ ɖoa atsyɔ̃ na woe. Togbɔ be eƒe aŋgbawo ʋẽna eye aɖi le atia ŋu hã la, aɖi aɖeke mele eƒe tsetse ya me kura o.

Anye be tomatos si wotsɔ yi Europa zi gbãtɔ la ƒe amadede nɔ yelo (jaune), elabena Italytɔwo yɔe be pomodoro (sikatɔtɔŋuti). Gbã la, Englandtɔwo yɔe be tomate, eye emegbe wova yɔe be tomato. Wotsɔ tomatos la tso Europa gbugbɔ zɔ mɔ legbee to Atlantik-ƒua dzi yi Dziehe Amerika, afisi wòva zu detsiƒonu vevi aɖe le le ƒe alafa 19 lia me.

Eƒomevi Gbogbowo Kple Ame Geɖewo ƒe Eŋudɔwɔwɔ

Bia amesiame be alekee tomatos ƒe amadede le hã, eye wo dometɔ akpa gãtɔ aɖo eŋu na wò be ele “dzĩ.” Gake ènya be ɖewo li siwo ƒe amadede nye yelo, aŋutiɖiɖi, dzẽ, hẽ, braɔn (marron), ɣi, gbemu, alo ŋɔtaŋɔtaa? Menye wo katãe le goɖoo o. Wo dometɔ aɖewo le gbadzɛ alo lɔbɔe alo le abe peya ƒe nɔnɔme ene. Ðewo le sue abe aziku ene eye ɖewo lolona abe ame ƒe kɔmimli ene.

Wodoa detsiƒonu nyanyɛ sia le keke dziehe ʋĩ le Iceland kple anyiehe ʋĩ le New Zealand ke hã. United States kple anyiehe Europa dukɔwoe dea eƒe agble wu le xexeame. Le nuto siwo me fafa sɔ gbɔ ɖo la, wodonɛ ɖe xɔ siwo me dzoxɔxɔ si hiã le me, eye le anyigba mawɔnuwo dzi la, wodonɛ ɖe tsi si me nunyiame le evɔ ke mele wo me o la me.

Tomatos ye amesiwo tsoa abɔ tsɔ ɖea modzakae ko la lɔ̃a dodo wu. Edodo le bɔbɔe, eye ati ʋɛ aɖewo ƒe tsetse asu ƒome si melolo o. Ne teƒe meli nàdoe ɖo o la, di eƒomevi siwo ŋu wotrɔ asi le siwo wodona ɖe xɔxɔnuwo kple aɖakawo me le fesre nu.

Eŋuti Ðaŋuɖoɖowo Kple Nusiwo Wòwɔna le Lãmesẽ Ŋu

Mègade tomatos nufamɔ̃ me o, elabena fafa ɖea eƒe vivi dzi kpɔtɔna. Ne èdi be neɖi kaba la, àte ŋu adee agba me atsɔ tomatos ɖiɖi alo akɔɖu ɖiɖi ɖeka de wo dome ada ɖe xɔ me alo adee pepa kotoku si le braɔn me abla enu hena ŋkeke ʋɛ aɖewo loo alo àte ŋu ada wo ɖe fesre to, afisi ŋdɔkutsu nate ŋu aɖo wo gbɔ le.

Tomatos ɖuɖu nyo na wò. Nunyiame siwo nye vitamin A, C, kple E, kpakple potassium, calcium, kple dze siwo tua ŋutilã ɖo la le eme. Numekulawo va le dzesi demee be lycopene, si nye nunyiame si nana dɔléle aɖewo abe kansa kple dzidɔ ƒe ame dzi dzedze ɖiɖina la, bɔ ɖe tomatos me ŋutɔ. Tomatos ƒe akpa 93 vaseɖe 95 le alafa me nye tsi, eyata adzɔ dzi na amesiwo medi be yewoalolo o be woasee be menana wololona o.

Enana Nusianu si Wotsɔe Ðae la Vivina

Tomatos ka ƒomevie nàdi be yeaƒle? Ne wotsɔ dzĩtɔ si ame geɖe nya, si nyo wu, la wɔ salada, ƒo detsi, kple tsɔe wɔ atadii la, enyona ŋutɔ. Suesuesue siwo ƒe amadede nɔna dzĩ, aŋutiɖiɖi, alo yelo la nya ɖuna mumu, elabena evivina ŋanaŋana le esi sukli sɔ gbɔ ɖe wo me ta. Ne èle Italytɔwo ƒe akpɔnɔ aɖe si woyɔna be pizza wɔm alo le makaroni ɖam la, ɖewohĩ lɔbɔetɔ si le etɔxɛ si megbãna kabakaba o zazã asɔ ŋutɔ. Lolotɔ goɖogoɖo la hã sɔna nyuie ne wodee yevubolo me alo nane me heme. Gbemutɔ si nɔna ŋɔtaŋɔta ɣeaɖewoɣi la tsotso kɔ ɖe nuɖuɖu dzi vivina ale gbegbe. Nyateƒee, ne wotsɔ tomatos kpe ɖe detsiƒonu geɖe bubuwo ŋu ɖa koklozi, makaroni, ʋulã, kple tɔmelã la, enya kpɔna hevivina etɔxɛe. Ðikeke mele eme o be, ne màkpɔ tomatos ŋutɔ aƒle o la, àkpɔ esi ŋu wotrɔ asi le alo go me tɔ aƒle le fiase siwo le mia gbɔ me.

Nuɖala ɖesiaɖe kple alesi wòzãa tomatos le nuɖuɖu vovovowo mee, gake aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewo siwo nàdi be yeate kpɔ lae nye esi.

1. Fli tomatos kɔ ɖe mozzarella notsi babla (mozzarella cheese alo fromage de mozzarella) kple peya dzi tsɔ he zikpui ɖe nuɖuɖu ŋui. Kɔ ami si nètsaka kple nuɖanu bubuwo siwo dome kalẽyi le la ɖe edzi eye nàtsɔ basil-ŋgba (basil leaves alo feuilles de basilic) aɖo atsyɔ̃ nɛ.

2. Greektɔwo ƒe salada ne èfli tomatos, aŋanyi (cucumber alo concombre) lokpolokpo tsaka kple notsi babla, amititsetse yibɔ kple sabala dzẽ si wofli. De dze kple atadi eme eye nàkɔ ami si nètsaka kple voŋuti alo dɔŋuti me tsi ɖe edzi.

3. Fli tomatos mumu, sabala, atadi gbogbo, kple coriander, tsɔ dɔŋuti me tsi sue aɖe tsakae tsɔ wɔ Mexicotɔwo ƒe salsa si wotsɔ ɖua nui.

4. tomatos tadi vivi aɖe si wɔwɔ mesesẽ o ɖe makaroni ŋu ne èkɔ tomatos fifli agba ɖeka ɖe nuɖagba me, de sukli sue aɖe eme, zã ami si asu, gbegãdzi alo ayo si wotu, kple gbe ʋeʋĩ ʋɛ aɖewo eye nàde dze kple atadi eme. Ðoe dzo dzi wòafiẽ eye nagblẽe ɖe dzoa dzi miniti 20 lɔƒo vaseɖe esime atadia nato. Kɔe ɖe makaroni si nèɖa hetsyɔ tsi le eŋu la dzi.

Tomatos si wote ŋu zãna le nuɖuɖu vovovowo me la nye nuɖuɖu dodzidzɔname hamehame siwo wowɔ na mí be míaɖu la dometɔ ɖeka pɛ ko ƒe kpɔɖeŋu. Aleke gbegbee wònye dzidzɔe nye si be míate ŋu azã tomatos le mɔ gbogbo siwo seɖoƒe meli na o nu!—g05 3/8.