Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vidada ƒe Dɔ si Dze Kafukafu

Vidada ƒe Dɔ si Dze Kafukafu

Vidada ƒe Dɔ si Dze Kafukafu

ZI GEÐE la, amewo meɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe dɔ si vidadawo wɔna la ŋu o, eye wobunɛ nu tsɛ kura gɔ̃ hã. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, ame aɖewo va nɔ gbɔgblɔm be ɖeviwo dzi kpɔkpɔ menye dɔ boo aɖeke o. Woƒe susue nye be asixɔxɔ mele eŋu abe yevudɔ ene o eye kura gɔ̃ hã, be enye ameteteɖeanyi ƒe mɔnu aɖe. Togbɔ be ame akpa gãtɔ akpɔe be nukpɔsusu mawo gbɔ eme akpa hã la, zi geɖe la, alesi wowɔa nu ɖe vidadawo ŋu la nana wosena le wo ɖokui me be aƒe kple ɖeviwo dzikpɔkpɔ menye dɔ aɖe si hiã boo o. Ewɔna na ame aɖewo kura gɔ̃ hã be ehiã be menyɔnu nawɔ yevudɔ ale be wòate ŋu awɔ ŋutete ɖesiaɖe si le eŋu la ŋudɔ nyuie.

Gake srɔ̃ŋutsu kple ɖevi geɖe va kpɔ asixɔxɔ si le vidada ƒe ɖoƒe le ƒomea me ŋu. Carlo, si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Philippines, gblɔ be: “Hehe si danye nam ye wɔe be mele afisia egbea. Fofonye ƒe nyame sẽ eye ehea to na mí kabakaba, gake Dada kpena ɖe mía ŋu to nyawo me dzodzro kpli mí me ale be míase egɔme. Mekpɔ dzidzɔ ɖe alesi wòfiaa nui la ŋu ŋutɔ.”

Peter le South Africa, eye wònye vi ade siwo dadaa, si mede suku yi ŋgɔ o, he la dometɔ ɖeka. Fofoa gblẽ ƒomea ɖi dzo. Esi Peter yi susu me le nyaa ŋu la, egblɔ be: “Dada wɔa dɔ abe subɔvi ene, eye menye ga boo aɖekee woxena nɛ o. Sukufe xexe na mí katã menɔ bɔbɔe nɛ o. Ɣeaɖewoɣi la, míemlɔa anyi dɔmeɣeɣi. Xɔfetu xexe ɖeɖe hã, kuxie wònye nɛ. Togbɔ be kuxi siawo katã nɔ anyi hã la, Dada mena ta o. Efia mí be míagatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. Ne menye ɖe wòtsɔ eɖokui na ɖe mía ta dzideƒotɔe o la, anye ne míakpɔ dzidzedze aɖeke le agbe me abe alesi wòle egbea ene o.”

Ahmed nye srɔ̃ŋutsu le Nigeria, eye wògblɔ alesi wòsena le eɖokui me le srɔ̃a ƒe asikpekpe ɖe ɖeviawo hehe ŋu me ale: “Medea asixɔxɔ akpa si srɔ̃nye wɔna ŋu. Ne nyemele aƒea me o la, kakaɖedzi nɔa asinye be akpɔ ɖeviawo dzi nyuie. Nyemebunɛ be srɔ̃nye le ho ʋlim kplim o, medana akpe nɛ eye menana ɖeviawo nyana be ele be woabui abe alesi ko wobuam ene.”

Ŋutsu aɖe si le Palestina la kafu dzidzedze si srɔ̃a kpɔ le viawo hehe me ale: “Lina wɔ akpa vevi aɖe le mía vinyɔnuvia ƒe agbe me eye ewɔ geɖe le míaƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenyenye tutuɖo me. Mekpɔe be mawusubɔsubɔ me dzixɔse siwo le esie na wòte ŋu kpɔ dzidzedze.” Yehowa Ðasefoe Lina nye, eye ewɔa Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔ le nu fiafia vianyɔnuvia me.

Gɔmeɖose siawo dometɔ aɖewo ɖe? Aleke Biblia bua vidadawoe? Aleke wode asixɔxɔ kple bubu vidadawo ŋui le blema le nu fiafia wo viwo ta?

Nukpɔsusu si Da Sɔ le Vidadawo Ŋu

Esi wowɔ nyɔnu la, ɖoƒe aɖe si ŋu bubu lee wotsɔ nɛ le ƒomea me. Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ gblɔ be: “Yehowa Mawu gblɔ bena : Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” (Mose I, 2:18) Eyata ɖe wowɔ nyɔnu gbãtɔ, Xawa, be wòanye kpeɖeŋutɔ, alo evelia, na Adam. Esɔ nyuie be wòanye kpeɖeŋutɔ na ŋutsua. Awɔ akpa aɖe le tame si Mawu ɖo be woadzi vi eye woakpɔ wo dzi ahalé be na anyigba kple edzi lãwo la me. Aɖo aɖaŋu na srɔ̃a ahakpe ɖe eŋu abe zɔhɛ vavã ene. Dzi dzɔ Adam vavã esime Wɔla la nae nunana nyui sia!—Mose I, 1:26-28; 2:23.

Emegbe Mawu na mɔfiamewo le alesi wòle be woawɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, ele be woade bubu Israel-vi siwo nye vidadawo ŋu eye mele be woaɖi gbɔ wo o. Ne vi aɖe “ƒo fi de fofoa alo dada la,” ele be woawui. Woxlɔ̃ nu sɔhɛ Kristotɔwo be ‘woaɖo to wo dzilawo.’—Mose III, 19:3; 20:9; Efesotɔwo 6:1; Mose V, 5:16; 27:16; Lododowo 30:17.

Ele be vidada nafia nu vianyɔnuwo kple viaŋutsuwo siaa le srɔ̃a ƒe mɔfiafia te. Wode se na viŋutsu be ‘wòagagbe dadaa ƒe se dzi wɔwɔ o.’ (Lododowo 6:20) Lododowo ta 31 hã gblɔ “nya, siwo [Fia Lemuel] dadaa ku ɖe to me nɛ.” Efia mɔe nunyatɔe be wòatsri aha muamewo zazã madzemadzee, hegblɔ be: “Wein nono menye fiawo ƒe dɔ o, eye aha muame menye amegãwo ƒe dɔ o! Ne magano aha aŋlɔ se la be, eye wòatrɔ gbo nya na hiãtɔwo katã o!”—Lododowo 31:1, 4, 5.

Gawu la, nunya anɔ eme be ɖekakpui ɖesiaɖe si le didim be yeaɖe srɔ̃ la nabu alesi Fia Lemuel dada ƒo nu tso “nyɔnu zazɛ̃” ŋui ŋu, esi wògblɔ be: “Eƒe asime sẽ wu adzagba tɔ.” Azɔ esi fia dada ƒo nu tso akpa vevi si srɔ̃nyɔnu sia tɔgbe wɔna le aƒea me ŋu vɔ la, egblɔ be: “Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.” (Lododowo 31:10-31) Eyata eme kɔ ƒã be Wɔla la wɔ nyɔnuwo be woanɔ bubu kple agbanɔamedzi nɔƒe le ƒomea me.

Le Kristo-hamea hã me la, wodea asixɔxɔ srɔ̃nyɔnuwo kple vidadawo ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Efesotɔwo 5:25 gblɔ be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo.” Wona nuxlɔ̃ame sia si tso gbɔgbɔ me la ɖekakpui Timoteo, amesi dadaa kple mamaa tsɔ “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” hee la be: “Xlɔ̃ [nu] . . . nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene.” (Timoteo II, 3:15; Timoteo I, 5:1, 2) Eyata ele be ŋutsu nade bubu nyɔnu si tsi wui ŋu abe dadae wònye ene. Nyateƒee, Mawu de asixɔxɔ nyɔnuwo ŋu eye wòtsɔ bubuteƒe aɖe na wo.

Ðe Wò Ŋudzedzekpɔkpɔ Gblɔ

Ŋutsu aɖe si wohe le nuto aɖe si me womebua nyɔnuwo ɖe naneke me o la gblɔ be: “Wofiam be ŋutsuwo ŋue asixɔxɔ le, eye mekpɔa alesi amewo ɖea gbɔɖiɖi kple bubumademade nyɔnuwo ŋu fianae. Eyata enɔ nam be madze agbagba hafi abu nyɔnuwo abe alesi Wɔla la bua woe ene—be wonye kpeɖeŋutɔ alo zɔhɛ le aƒea me eye be wowɔa akpa aɖe le hehe nana ɖeviawo me. Esesẽna nam be makafu srɔ̃nye ya, gake menyae be eƒe agbagbadzedzewoe wɔe be nɔnɔme nyuiwo le vinyewo si.”

Vavãe, vidada siwo te ŋu tsɔa agba si le wo dzi be woafia nu wo viwo la ate ŋu ada ɖe nusi wote ŋu wɔ la dzi. Dɔ aɖe si ŋu viɖe lee wònye. Wodze na kafukafu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia wo tso dzime. Nu geɖe ŋutɔe míesrɔ̃na le mía nɔwo gbɔ—nɔnɔme nyui siwo kpena ɖe mía ŋu le míaƒe agbe me katã, nuwɔna nyui siwo nana ƒomedodo nyui nɔa mía kple amewo dome, eye le go geɖe me la, agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me hehenana si na sɔhɛwo nɔa mɔ nyuitɔa dzi. Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nègblɔ alesi nèkpɔ ŋudzedze ɖe nusi dawò wɔ na wò ŋu la nɛ?—g05 2/22.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Peter dada fiae be megana ta o

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ahmed kpɔa ŋudzedze ɖe alesi srɔ̃a na kpekpeɖeŋu le wo viwo hehe me ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Lina srɔ̃ gblɔ be mawusubɔsubɔ me dzixɔse siwo le ye srɔ̃ si ye na nɔnɔme nyuiwo le yewo vinyɔnuvia si