Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woate Ŋu Axɔ na Míaƒe Anyigba La!

Woate Ŋu Axɔ na Míaƒe Anyigba La!

Woate Ŋu Axɔ na Míaƒe Anyigba La!

NYATI siwo do ŋgɔ na eme kɔ be amegbetɔ mate ŋu ayi edzi anɔ anyigba ƒe dzɔdzɔmenuwo zãm ɖaa abe alesi wòle wo zãmee fifia ene o. Enye nyateƒe be xexeame ƒe ŋgɔnɔlawo wɔ wo tɔ sinua le ɖiƒoƒo, avenyigbawo dome gbegblẽ, kple nutowo me kuxi bubuwo dzi ɖeɖe kpɔtɔ me, eye esia dze na kafukafu. Tso esime wowɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe Ku Ðe Amegbetɔ ƒe Nutome Ŋu le ƒe 1972 me, kpakple takpekpe bubu siwo wowɔ kplɔ ema ɖo enuenu megbe la, dukɔ 163 sɔŋ ye kpe ta da asi ɖe ɖoɖo siwo wowɔ dzi. Gake nukae do tso eme? David Hunter, amesi nye Dukɔwo Dome Nutowo ƒe Sewɔƒe ƒe amegã, gblɔ be: “Nublanuitɔe la, nubabla, ɖoɖo, kple nuŋlɔɖi bubu gbogbo siawo katã metrɔ alesi wole nu gblẽmee le nutowo ŋui la o.” Hunter gblɔ kpe ɖe eŋu be le nyateƒe me la, “akɔntabubu le nutoa ŋu ɖee fia be nɔnɔmea gblẽ egbea wu alesi wònɔ esime wowɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe le ƒe 1992 me.”

Nukatae womewɔ ŋgɔyiyi boo aɖeke o evɔ wònye wotsɔ ƒe siwo wu 30 le nutowo me kuxiwo gbɔ kpɔmee? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be ehiã be dukɔwo nayi ŋgɔ le ganyawo gome. Alesi amewo le nuwo zãmee kpɔa ŋusẽ ɖe dukɔa ƒe ganyawo dzi. Ebiana be dɔwɔƒewo nawɔ adzɔnuwo fũ, eye esia nana wozãa dzɔdzɔmenuwo tsɔ wɔa woe. Nusia nye kuxi sesẽ si hea kuxi bubuwo vɛ eye nutoa ŋue wògblẽa nu le mlɔeba. Ekema nukae nye egbɔkpɔnua?

Afɔɖeɖe Gbegblẽ Aɖe

Biblia ɖe nusita amegbetɔ ƒe agbagbadzedze be yeaɖu ye ɖokui dzi mete ŋu dze edzi o wòwɔ nublanui alea gbegbe me na mí. Nyagblɔɖila Yeremya gblɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Nya siawo le eme vavã!

Èɖi tsa de modzakaɖebɔ aɖe me kpɔa? Eme ti gãwo, kpuiawo, kple seƒoƒo vovovo siwo nya kpɔna léa dzi na mí ale gbegbe! Ke hã modzakaɖebɔ si me nuwo le ɖoɖo nyui me menye nusi dzɔna ko le eɖokui si o. Abɔdzikpɔla bibiwoe zãa gaƒoƒo gbogbo aɖe ɖea atiawo ŋu, sẽa gbeawo dzi, heléa be na seƒoƒoawo hafi wonya kpɔna. Bu alesi míaƒe aƒe si nye anyigba la anɔ ne wotsɔ lɔlɔ̃ ƒe beléle ma tɔgbe si wotsɔna na abɔ la ke nɛ ŋu kpɔ.

Le nyateƒe me la, mía Wɔla ɖoe be woatsɔ beléle ma tɔgbe ana míaƒe anyigba la. Nuwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi si le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ me, be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.” (Mose I, 2:15) Gakpe ɖe eŋu la, menye beléle na Eden-bɔa koe wòde asi na amegbetɔƒomea o, ke boŋ be woakeke Paradiso gbãtɔa ɖe enu vaseɖe esime wòaxɔ anyigba blibo la dzi hãe.—Mose I, 1:28.

Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa to tomaɖomaɖo me zu ame madeblibowo eye wobu beléle na Paradisoa kple eƒe liƒowo keke ɖe enu ƒe mɔnukpɔkpɔa. (Mose I, 3:1-6, 23) Esi míenye atsu kple asi gbãtɔ mawo ƒe dzidzimeviwo ta la, míenyi woƒe nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe dome. (Romatɔwo 5:12) Bemalémalé na dzɔdzɔmenuwo nye amegbetɔ ƒe afɔɖeɖe gbegblẽ be yeaɖu ye ɖokui dzi la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Edze ƒã be ameƒomea ƒe kuxiwo nye nusi gbɔ woawo ŋutɔ mate ŋu akpɔ o. Wohiã na kpekpeɖeŋu tso afi bubu.

Nuwo Dzadzraɖo Mɔ La

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, efia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Biblia fia be le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, woatrɔ anyigba la wòazu paradiso. (Psalmo 37:10, 11) Ɣemaɣi la, atiwo kple numiemiewo atse ku fũ le nuto dzadzɛ me. (Psalmo 72:16) Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, woaɖe ɖiƒoƒo ɖa le anyigba dzi hã, eye ameƒomea asrɔ̃ alesi woanɔ agbe wòade míaƒe nutoa me dzi. Aleke míawɔ aka ɖe nya ma dzi?

Biblia gblɔ be anyigba la ‘maʋã gbeɖe akpɔ o.’ (Psalmo 104:5) Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, yayra mavɔwo ava na amesiwo katã le agbe, siwo ƒe ɖewoe nye lãmesẽ, nuɖuɖu gbogbo, kple aƒe nyuiwo. Àdi be yeasrɔ̃ nu bubuwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋua? Ne èdii la, ke te ɖe Yehowa Ðasefo ɖesiaɖe ŋu faa. Adzɔ dzi na wo be yewoatsɔ Biblia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi woate ŋu axɔ na míaƒe anyigba la—eye woaxɔ nɛ godoo hã!—g05 1/8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, ameƒomea anɔ agbe wòade nutoa me dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyɔnuvi kple agbledela: © Jeremy Horner/Panos Pictures