Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðe Wòle Be Mato Internet Dzi Adze Ahiãa?”

“Ðe Wòle Be Mato Internet Dzi Adze Ahiãa?”

Sɔhɛwo Biana Be . . 

“Ðe Wòle Be Mato Internet Dzi Adze Ahiãa?”

“Míeɖoa E-mail ɖe mía nɔewo le Internet dzi gbesiagbe. Míewɔ ɖoɖo ɖe afisi míanɔ awɔ dɔ ŋu. Nyee wòle be maƒle srɔ̃ɖesigɛawo hafi. Evɔ míedze si mía nɔewo mekpɔ de ɣleti ɖeka gɔ̃ hã o, eye míekpɔ mía nɔewo ŋutɔŋutɔ hã kpɔ o.”—Monika, Austria. *

ÀDI vevie be yeakpɔ ame aɖe​—si nàte ŋu azɔ kplii be mianya mia nɔewo nyuie—si yeava ɖe. Gake vaseɖe fifia la, èdze agbagba ʋuu do kpoe, mèkpɔ ame aɖeke o. Agbagba nyui siwo xɔ̃wòwo kple ƒowòmetɔwo dze be yewoadi ame aɖe na wò la hã medze edzi o eye wòna dzi ɖe le ƒowò wu tsã. Eyata ele wɔwɔm na wò be ɖewohĩ ne yetrɔ ɖe mɔ̃ɖaŋununya ŋu la, akpe ɖe ye ŋu.

Le ɣeyiɣi siawo si me kɔmpiuta bɔ le me la, adze abe kpeɖeŋutɔ si sɔ na ame kpɔkpɔ to Internet dzi manye nu sesẽ o ene. Wobe nusi hiã ame nawɔ koe nye wòasi kɔmpiuta ayi Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe, alo afisi trewo koŋ ŋuti nyatakakawo nɔna. The New York Times nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be le ɣleti ɖeka ko me le United States ɖeɖe la, ame miliɔn 45 ye dze ahiã amewo le Internet dzi. Dɔwɔƒe siwo dia srɔ̃ na ame le Internet dzi dometɔ ɖeka gblɔ be amesiwo wu miliɔn asieke ye zãna yewoƒe dɔwɔɖoɖo sia le dukɔ 240 me.

Nusita Ahiãdzedze le Internet Dzi Nyoa Amewo Ŋu

Ðe ŋu kpea wò, eye wòsesẽna na wò be nànɔ ame domea? Ðe nèvɔ̃na be ne yedo srɔ̃ɖenya ɖe ame aɖe gbɔ la, agbea? Alo èsena le ɖokuiwò me be amesi yeate ŋu ava ɖe mele afisi yele oa? Ekema ahiãdzedze le Internet dzi adzro wò. Susu ɖeka si tae nye be dɔwɔƒe siwo dia srɔ̃ na ame le Internet dzi kana ɖe edzi na ame be àkpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo mia kple wo miele “ahiã me” la dzi. Eyata teƒe siwo woakpɔ ame hatiwo le, dukɔ siwo me wole, woƒe nɔnɔme, woƒe fotowo, kple woƒe Internet dzi ŋkɔ siwo woazã atsɔ ake ɖe wo ŋu ƒe nyatakakadzraɖoƒewo li. Esi wònye be nusiawo li ame nate ŋu atia bɔbɔe ta la, adze abe ahiãdzedze le Internet dzi nyo wu eye be ame avo le eɖokui me wu gododo amea ŋutɔŋutɔ ene.

Ke hã nukawoe nye nuwɔna sia ŋuti nyateƒenya ŋutɔŋutɔwo? Ðe ahiãdzedze le Internet dzi hea dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa vanɛ vavã? Enyo, de ŋugble tso nusia ŋu kpɔ: Le ƒe ade me la, ame miliɔn 11 ye dze ahiã to dɔwɔƒe siwo dia srɔ̃ na ame le Internet dzi dometɔ ɖeka dzi. Ke hã ame 1,475 koe te ŋu ɖe wo nɔewo. Dɔwɔƒe siawo dometɔ bubu aɖe si kpe ɖe amesiwo wu miliɔn ɖeka ŋu wodze ahiã wo nɔewo la dometɔ 75 koe ɖe srɔ̃! Nukae gblẽ le nusia ŋu?

Mɔ Nyui si Dzi Woato Adze Si Ame Nɔewoe Ŋutɔŋutɔea?

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me nyati aɖe gblɔ be, “le Internet dzi la, amesiame nya kpɔna, toa nyateƒe eye agbe dze edzi nɛ.” Gake ɖe nyatakaka siwo amewo nana le wo ɖokui ŋu nyea nyateƒea? Nyadzɔdzɔgbalẽ bubu aɖe me nyati aɖe gblɔe ale: “Wotsɔnɛ ko be amesiame daa alakpa vie le Internet dzi.” Sɔhɛwo ƒe magazine xɔŋkɔ aɖe ƒe nuŋɔŋlɔmetola ŋutɔ wɔ numekuku le nya sia ŋu. Etsɔ eƒe ŋkɔ na dɔwɔƒe nyanyɛ etɔ̃ siwo dia srɔ̃ na ame le Internet dzi eye mexɔ ɣeyiɣi aɖeke kura hafi wòkpɔ amewo dze ahiãe o. Esia na wòte zɔzɔ kple ŋutsu geɖe. Nukae do tso eme? Wo dometɔ aɖeke meɖee o! Ŋutsuawo meto nyateƒe le nyatakaka siwo wona tso wo ɖokui ŋu me kura o. Nuŋɔŋlɔmetolaa xlɔ̃ nu be: “Alesi mekpɔe nye be amesiwo dzea ahiã ame le Internet dzi la daa alakpa.”

Ame ƒe kɔkɔme kple lolome ŋu nyateƒe matomato adze nu sue aɖe ko. Ame aɖewo ahe nya be ‘menye ɖekadzedze alo tugbedzedzee nye nu vevitɔ o.’ Nyateƒee, Biblia ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ be “nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae.” (Lododowo 31:30) Gake ɖe alakpa suesuewo dada nye mɔ nyui si dzi woato adze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔmea? (Luka 16:10) Aleke nàwɔ aka ɖe nu vevi bubuwo abe agbemetaɖodzinu siwo ŋu nya amea nagblɔ ene dzi? Biblia gblɔ be: “Amesiame neto nyateƒe na ehavi.” (Zaxarya 8:16) Ẽ, nyateƒetoto nyea gɔmeɖoanyi si nana ƒomedodo me te ŋu va sẽna.

Gake zi geɖe la, mɔkpɔkpɔ siwo mevaa eme o ye ahiãdzedze le Internet dzi hena vanɛ. Nyatakaka aɖe si wota ɖe Newsweek nyadzɔdzɔgbalẽ me gblɔ be: “Amesiwo zãa Internet ɖɔa ŋu ɖo le nusiwo woŋlɔna ɖe woƒe lɛtawo me kple le nya siwo wogblɔna tsoa wo ɖokui ŋu me ayetɔe. . . . Nusi dona tsoa emee nye be wodzena ame nyui ŋutɔŋutɔwo eye wotsɔ ɖe le mewò, eyata wò hã ewɔ nenema: edze ame nyui hetsɔ ɖe le wo me.” Nufialagã si le Rensselaer Aɖaŋusrɔ̃suku le New York, amesi wɔ numekuku le amesiwo dzea ahiã le Internet dzi ŋu gblɔ be, wote ŋu va kuna ɖe ame nɔewo ŋu goŋgoŋ bɔbɔe le nɔnɔme mawo me. Gake abe alesi wòdzɔnae zi geɖe ene la, womete ŋu tona esia dzi kpɔa srɔ̃ ɖena dzidzɔtɔe o. Ŋutsua aɖe gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ ku ɖe ahiãdzedze le Internet dzi ŋu ale: “Mɔ̃e wònye. Awɔ na wò be amesi tututu dim yelee ma yekpɔ.”

Gododo Amea Ŋutɔŋutɔ

Gake ame aɖewo ase le wo ɖokui me be gomadomado kple ame nɔewo ɖea vi nyuiwo ŋutɔŋutɔ. Woasusu be ahiãdzedze le Internet dzi nana amesiwo di be yewoaɖe yewo nɔewo ƒe susu nɔa alesi amesi woava ɖe la le le ememe ŋu eye amea ƒe dzedzeme makpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Nyateƒee, Biblia de dzi ƒo na mí be míaƒe susu nenɔ amewo ƒe ememe nɔnɔmewo ŋu ya. (Petro I, 3:4) Gake kuxia enye be le Internet dzi kadodowo me la, màkpɔ amea ƒe asiwɔwɔ ɖe nya dzi, eƒe alɔgbɔnukoko, alo eƒe dzedzeme o. Màkpɔ alesi wòwɔa nu ɖe amewo ŋu alo wɔa nu ne ele nɔnɔme sesẽwo me tom o. Evɔ nu mawoe nye nu vevi siwo afia nenye be amea anye amesi dzi nàte ŋu ava ka ɖo ahalɔ̃. Xlẽ alesi Biblia ɖɔ lɔlɔ̃e le Korintotɔwo I, 13:4, 5. De dzesii be nuwɔnawoe wotsɔ ɖɔ lɔlɔ̃e, ke menye nyawo o. Eyata gbɔ dzi ɖi nàlé ŋku ɖe amea ŋu akpɔ ɖa be eƒe nuwɔnawo sɔ kple eƒe nyawo hã.

Zi geɖe la, ne amewo dze ahiã wo nɔewo teti ko la woɖea lɔlɔ̃ fiana hegblɔa woƒe dzimenyawo na wo nɔewo nyatakaka vevi mawo ƒe wo si masumasui. Togbɔ be womenya wo nɔewo nyuie o hã la, womeɖɔa ŋu ɖo o, eye wotsɔa dzitsitsi doa ŋugbewo na wo nɔewo. Nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Lɔlɔ̃ Gbãa Ŋku na Ame le Internet dzi Ŋutɔŋutɔ” ƒo nu tso ame eve aɖewo siwo dome didi abe kilometa 3,000 ene, siwo dze ahiã wo nɔewo le Internet dzi ŋu. Wokpɔ wo nɔewo ŋutɔŋutɔ le kwasiɖa etɔ̃ megbe. Ŋutsua gblɔ be: “Nyɔnua si ɖuŋkui ɖe eƒe ŋkuwo blibaa. Evɔ nyemedzea ahiã nyɔnu siwo sia ɖuŋkui o.” Wotso kadodoa me kaba ŋutɔ. Nusi do tso ame eve bubu aɖewo hã ƒe gododo ŋutɔŋutɔ me enye be alesi ŋutsua nɔ bubum tso nyɔnua ŋu la to vovo kura ale gbegbe be ete fli ɖe nyɔnua ƒe tiket si wòatsɔ aɖo yameʋu atrɔ adzoe me!

Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Edda ɖo ŋku eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ ku ɖe ahiãdzedze le Internet dzi ŋu. Egblɔ be: “Kadodoa nyo ale gbegbe be vɔvɔ̃ nɔ eŋu. Míenɔ ɖoɖo wɔm ɖe mía nɔewo ɖeɖe ŋu.” Gake esi wokpɔ wo nɔewo ŋutɔŋutɔ la, ƒomedodoa me gblẽ kura. “Menye amesi dim mele enye ma o, amesia ya dia vodada le ame ŋu eye wòtoa nyatoƒoe. Nya la koe enye be mate ŋu adze edzi o.” Le kwasiɖa ɖeka megbe la wotso kadodoa me eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe Edda keŋkeŋ.

Seselelãme sesẽwo ate ŋu aɖo ame me le xexe sia si me ahiãdzedze le Internet dzi yakatsyɔ le bɔbɔe me eye wòate ŋu ana mɔkpɔkpɔ dzodzrowo nasu ame si bɔbɔe. Esia ate ŋu ade abi wò seselelãme ŋu bɔbɔe ne kadodoa meva dze edzi o—eye zi geɖe la, medzea edzi hã o. Lododowo 28:26 xlɔ̃ nu be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae.” Ẽ, nunya mele eme be woanɔ te ɖe nususukpɔ kple seselelãme dzodzrowo dzi awɔ nyametsotso veviwo o. Eyata lododoa yi edzi be: “Ke amesi zɔna le nunya me la, woaɖee.”

Nusiwo Dzitsitsi Gblẽna

Le nyateƒe me la, nunya mele dzitsitsi awɔ srɔ̃ɖeɖoɖo kple ame aɖe evɔ womenya nu boo aɖeke tso eŋu o me o. Wobe Englandtɔ agbalẽŋlɔla Shakespeare gblɔ be: “Srɔ̃ si wotsi klokloklo ɖe la medzea edzi o.” Biblia ya gblɔe tẽ wu be: “Amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.”—Lododowo 21:5.

Nublanuitɔe la, amesiwo dzea ahiã le Internet dzi la kpɔe be aleae wòle vavã. Esi Monika si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me kple ame aɖe nɔ kadodo me ɣleti ɖeka megbe la, esusu be yekpɔ nusi dim yele, amesi yeaɖe. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu—woɖoe be yewoaƒle srɔ̃ɖesigɛwo—gɔ̃ hã la, eƒe srɔ̃ɖeɖoɖo si wòwɔ dzitsitsitɔe la me “gblẽ nublanuitɔe.”

Àte ŋu aƒo asa na dzigbagbã na ɖokuiwò ne èwɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃menya sia dzi be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Ke hã menye mɔkpɔkpɔbuɖeame kple seselelãme ɖefunamewo koe nye afɔku siwo le ahiãdzedze le Internet dzi me o. Nyati aɖe si woata emegbe adzro afɔku bubuwo me akpee.—g05 4/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Zi geɖe la, amewo ɖea ami ɖe nya alo gblɔa alakpanyawo tso wo ɖokui ŋu le Internet dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Edziedzi la, le E-mail siwo me lɔlɔ̃nyawo le ŋɔŋlɔ na ame nɔewo megbe la, ɖeko ameawo ƒe gododo wo nɔewo nana mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo