Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Kesinɔtɔwo ƒe Tsi

Germanytɔwo ƒe magazine si nye Natur+Kosmos gblɔ be: “Enye nusi va le tsia dzi fifia. Sukuvi kɔŋkumewo ƒe nugoe me tsi si woƒle le fiase me la nɔa wo ŋu ɣesiaɣi. Le New York la, ame kɔŋkumewo va doa go le tsidzrafiasewo me. Eye amedzrodzeƒe nyuitɔwo kekeake siwo si kplɔ̃ŋutisubɔla le la dzraa nugoe me tsi siwo tso xexeame ƒe teƒe vovovowo, eye asixɔxɔ si wodea wein nyuitɔwo kekeake ŋu lae wodea woawo hã ŋu.” Tsia ƒe asi mebɔbɔ kura o. Nyatia gblɔ be: “Amewo xea ga gbogbo aɖe ɖe nugoe me tsi si wotsɔna ɖe asi ta.” Le amedzrodzeƒe aɖewo la, woate ŋu adzra tsi si wonya be etso tsiwɔƒe nyui ŋutɔ aɖe la ƒe lita ɖeka wòade euro 62 (United States dɔlar 81). Togbɔ be nugoe me tsi ŋue ame aɖewo kpɔa dzidzɔ ɖo wu henona hã la, mefia be anyo wu be wò hã nànoe o. Tsiwɔƒe aɖewo doa ŋugbe be yewoƒe tsia ana ame ƒe susu kple lãme nanyo, be ana wòanɔ lãmesẽ me ahanya akpɔ. Gake tsiŋutinunyala geɖe meke ɖe viɖe aɖeke si le nugoe me tsi nono wu tsi ŋutɔ nono me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, nyatia gblɔ be le Germany la, pɔmpi me tsi sɔ kple nugoe me tsi siwo katã wowɔna le xexeame la ƒe afã ya teti. Eye mehiã be woade pɔmpi me tsi nugoe me alo adee ʋu tso teƒe si didi kilometa akpe nanewo hafi akpɔe ano o.—g05 5/8.

Nya Ɣaɣla Siwo Ku ɖe Franseawo ƒe Nuɖuɖu Ŋu

UC Berkeley Wellness Letter gblɔ be: “Franseawo ɖua aminu sɔ gbɔ ŋutɔ, evɔ wole tsralɛ wu Amerikatɔwo eye naneke meli si fia be woava lolo hã akpa o. Amerikatɔ siwo dzidɔ wuna la sɔ gbɔ wu wo tɔ teƒe eve eye wo tɔ ye le ʋɛ wu le dukɔ siwo katã le [Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha] me la dome.” Nukatae nyaa le nenema? Wellness Letter gblɔ be ŋuɖoɖoa ate ŋu anye be esi Franseawo “meɖua nusiwo me nuɖuɖumeŋusẽ (calories) le sɔgbɔ o” tae. Numekuku aɖe si wowɔ le Paris kple Philadelphia si le Pennsylvania, U.S.A. ƒe nuɖuɖudzraƒewo ɖee fia be nusi Franseawo ɖuna la le sue boo wu Amerikatɔwo tɔ. Woƒe nuɖaɖafiagbalẽwo hã to vovo. Le kpɔɖeŋu me, lã siwo sɔ be woaɖu ƒe ʋɛ aɖewo koe Franseawo ƒe nuɖaɖafiagbalẽwo gblɔ be woazã. Nyatia gblɔ be: “Ðewohĩ nusi ŋu woke ɖo wòɖe dzesi wue nye be togbɔ be nusi Franseawo ɖuna le sue wu Amerikatɔwo tɔ hã la, ɣeyiɣi si wozãna tsɔ ɖunɛ ya didina wu. Le mama dedie nu la, Franseawo zã miniti 100 gbesiagbe ɖe nuɖuɖu ɖeɖe ŋu, evɔ Amerikatɔwo ya tsɔa woƒe gbesiagbe nuɖuɖu (alo nu bubu ɖesiaɖe) mina gbli le miniti 60 ko me.” Ekema aleke míaƒo nya tae? Mègaɖu nu siwo me nuɖuɖumeŋusẽ sɔ gbɔ le o. Mègaɖu nu wòasɔ gbɔ akpa o. Mègatsi dzi ɖe nua ɖuɖu ŋu o. Ne woka nuɖuɖu gbogbo aɖe na wò la, na ɖe wò zɔhɛ aɖe alo nàtsɔ eƒe afã ayi aƒeme. Eye “na dzi nadzɔ wò ne èle nu ɖum le aƒeme.”—g05 5/8.

Hehe Nana Ðevi Siwo Se Gbe Eve

Mexico City ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Milenio gblɔ be: “Ne wotsɔ dzigbɔɖi kple ŋuɖɔɖo he ɖeviwo la, gbe geɖe si wose la ate ŋu aɖe vi gã aɖe na woawo ŋutɔ, woƒe ƒomewo, kple ameƒomea siaa.” Numekukuwo na “woƒo nya ta be ɖevi siwo se gbe eve la nyaa nu le suku wu esiwo se gbe ɖeka ko.” Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviwo tsakana nyawo tso gbe eveawo siaa me tsɔ gblɔa nya ɖeka alo gblɔa nya le gbe ɖeka me abe alesi wogblɔnɛ le evelia me ene si mesɔ o, eye esia ɖea fu na dzilawo. Ke hã, Nufialagã Tony Cline si nye susuŋutinunyala si srɔ̃a nu tso ɖeviwo ƒe gbegbɔgblɔ ŋutetewo ŋu la gblɔ be: “Gbeŋutise me ‘vodada’ siawo menyea vodada gãwo o, eye woɖɔa wo ɖo kaba.” Ne dzilawo dometɔ ɖesiaɖe fia gbe si wòdona la ɖevia tso edziɣi la, ete ŋu srɔ̃na evea bɔbɔe, eye ne ɖevia va le tsitsim la, ete ŋu va doa wo dometɔ ɖesiaɖe nyuie.—g05 5/8.

Alẽwo Kpɔa Ame ƒe Ŋkume Dzea Sii

Ahɔhɔ̃mekawo ŋuti nunyala Keith Kendrick ŋlɔ ɖe New Scientist me be: “Míeva kpɔe dze sii be alẽ ate ŋu akpɔ alẽ vovovo 50 bubu kple ame 10 ƒe ŋkume adze sii.” Kendrick kple eƒe ƒuƒoƒoa kpɔe be esi wonɔ alẽ aɖewo gbɔ kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, alẽawo te ŋu ɖo ŋku wo ame 60-awo katã dzi “hena ƒe eve ya teti.” Menye ɖekoe alẽawo kpɔ woƒe ŋkume dze sii ko o, ke wote ŋu “de dzesi ameawo ƒe seselelãmewo le woƒe mo” hã abe amegbetɔwo ene. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be alẽwo “ate ŋu anya nɔnɔme vovovo siwo me amewo le, eye be wote ŋu dea dzesi wo nɔvi alẽ siwo le veve sem. Wolɔ̃na hã gogona amesi ɖo nukomo wu amesi ɖo adã.” Numekulaawo kpɔe be “alẽwo va tena ɖe amesi kpɔa wo dzi la ŋu abe alesi ko wotena ɖe wo tɔ siwo wonya nyuie ŋu la ene.” Kendrick gblɔ be: “Amesi wɔa nu ɖe alẽwo ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la va zua alẽ si ŋu wodea bubu gãtɔ kekeake. Esia fia be ƒomedodo nyui aɖe va nɔa alẽwo kple wo kplɔla dome.”—g05 4/8.

Dzitsitsi ɖe Ame ƒe Dzedzeme Ŋu

Globe and Mail nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le Canada gblɔ be: “Sɔhɛwo—vevietɔ nyɔnuviwo—dometɔ geɖe va le dzi tsim ɖe woƒe dzedzeme ŋu evɔ wometsi kura o, eye esia ate ŋu agblẽ nu le woƒe lãmesẽ ŋu vevie.” Wobia nya nyɔnuvi siwo wu 2,200, siwo xɔ tso ƒe 10 yi ƒe 14, ku ɖe woƒe nuɖuɖu ŋu. Globe nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Nyɔnuviawo dometɔ siwo mede 7 le alafa me o lolo akpa, gake wo dometɔ siwo wu 31 le alafa me gblɔ be ‘yewode ami akpa’ eye wo dometɔ 29 le alafa me gblɔ be yewodi be yewoanye ame tsralɛ, eyata yewomegale nu ɖum sɔ gbɔ o.” Nukatae nyɔnuvi siwo le lãmesẽ me nyuie adi be yewoanɔ tsralɛ? Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be vodadaa ƒe akpa gã aɖe tso ame tsitsi siwo sɔhɛwo srɔ̃na gbɔ, elabena ame tsitsi siawo meɖua nu sɔ gbɔ o ale be woanɔ tsralɛ, eye woɖua fewu le amesiwo lolo ŋu. Globe nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo hã kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ƒewuiviwo ƒe nɔnɔme dzi, elabena ɣesiaɣi la, amesiwo woɖena fiana, siwo sɔhɛwo dina be yewoasrɔ̃, la nyea amesiwo le tsralɛ ŋutɔ.” Agbalẽnyalagã Gail McVey, si nye dzɔdzɔmeŋutinunyala, amesi kua nu me le Ðevi Lédɔwo ƒe Kɔdzi si Le Toronto, gblɔ be ehiã be ɖeviwo, dzilawo, kple nufialawo siaa nanyae be “esɔ le dzɔdzɔmenu be ame nalolo eye be ehiã na ɖeviwo hafi woate ŋu atsi azu ƒewuiviwo.”—g05 4/8.

Kpɔ Nyuie le Aha Siwo Wotɔtɔ Kple Atike Muamewo Ŋu

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Australian xlɔ̃ nu be le Australia la, “wodɔa ame atɔ̃ gbɔ akpasesẽtɔe gbesiagbe ne wode atike muame woƒe aha me le ahanoƒewo, ɣeɖuƒewo kple amewo ŋutɔ ƒe kplɔ̃ɖoƒewo megbe.” Zi geɖe la, wotsɔa aha sesẽ alo atike muamewo dea aha me na ame evɔ amea menyana o. Amadede aɖeke menɔa atike muame siwo wozãna la dometɔ aɖewo si o, womevena alo vivina o, eye ʋeʋẽ aɖeke hã menɔa wo si o. Amesiwo wode wo aha me na la ate ŋu atɔtɔ, agbɔdzɔ, alo abu ɖe wo ɖokui. Wo dometɔ aɖewo ku. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be numekuku aɖe si Australia ƒe Nuvlowɔwɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe wɔ ɖee fia be “ƒe sia ƒe la, wodea atike muamewo aha me na amesiwo ade 4500, eye wodɔa wo dometɔ siwo ade 40 le alafa me gbɔ.” Ne ahaa kɔ le mo na amea vɔ hã la, ɖewohĩ maɖo ŋku nusi dzɔ ɖe edzi la dzi o.—g05 1/22.