Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu si Woana Egbe Sɔhɛwo

Kpekpeɖeŋu si Woana Egbe Sɔhɛwo

Kpekpeɖeŋu si Woana Egbe Sɔhɛwo

XEXE si me sɔhɛwo le tsitsim le egbea la ɖoa vɔvɔ̃ na wo ɣeaɖewoɣi. Wo dometɔ aɖewo kpɔnɛ wo dzilawo dome klãna alo wogbea wo nɔewo gake womate ŋu awɔ naneke le eŋu o. Bubuwo kpɔa wo hati sukuviwo ƒoa wo ɖokui ɖe atike vɔ̃ɖiwo nono kple nuvlowɔwɔ me. Wo dometɔ geɖe dzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenuwo tso wo hati ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa gbɔ be woadɔ kple yewo. Eye sɔhɛwo katã kloe senɛ le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be womese nu gɔme na yewo o, yewotsi akogo, eye yewolé blanui.

Nukae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woanɔ te ɖe gbetɔame siwo dzea ŋgɔ wo nu? Ðɔkta Robert Shaw ŋlɔ be: “Ðeviwo hiã agbenyuinɔnɔ dzidzenu siwo li ke be woate ŋu atia xɔlɔ̃ nyui, awɔ nyametsotso siwo sɔ, ahase veve ɖe ame bubuwo nu.” Biblia mee agbenyuinɔnɔ dzidzenu nyuitɔ kekeake le, elabena Wɔla la ƒe susuwoe le eme. Ðe ame aɖe li si nya nusi míehiã be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele egbea ƒe kuxiwo gbɔ wu Yehowa Mawua?

Mɔfiame Nyui si dzi Woate Ŋu Aka Ðo

Biblia ƒe gɔmeɖosewo nye esiwo dzi woate ŋu aka ɖo eye wowɔa dɔ hã. Asixɔxɔ le eŋu ale gbegbe na dzilawo kple ame tsitsi bubu siwo di be yewoakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woazu ame tsitsi ɖɔʋuwo.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ kple kakaɖedzi be “bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.” Alo abe alesi Today’s English Version gblɔe ene la, “ɖeviwo dzɔ movi hewɔa nu ŋumaɖɔɖotɔe.” (Lododowo 22:15) Sɔhɛ aɖewo dzena ame tsitsiwoe, gake ɖevi siwo si nuteƒekpɔkpɔ aɖeke mele o koe wogakpɔtɔ nye. Le esia ta la, dzimaɖitsitsi, dzodzro vɔ̃wo, kple ɖekakpui alo ɖetugbui nyenye ƒe nudzodzrowo ɖea fu na wo. (Timoteo II, 2:22) Aleke woate ŋu akpe ɖe sɔhɛ siawo ŋui?

Biblia de dzi ƒo na dzilawo kple ɖeviwo be woaɖe woƒe seselelãmewo afia to dzeɖoɖo dzi edziedzi. Ede dzi ƒo na dzilawo be: “Naƒo nu le [Mawu ƒe dzidzenuwo] ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:6, 7) Dzeɖoɖo sia tɔgbe aɖe vi le mɔ eve nu. Gbã la, afia nu ɖevia tso Mawu ƒe mɔwo ŋu. (Yesaya 48:17, 18) Evelia, ana dzeɖoɖo nanɔ dzilawo kple ɖeviwo dome. Esia le vevie ŋutɔ elabena ne ɖeviwo le sɔhɛmenɔnɔ me tom la, woate ŋu aɖe wo ɖokui ɖe aga ahatsi akogo.

Nyateƒee wònye be sɔhɛ akpa gãtɔ sena le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be yewotsi akogo ya. Ke hã, wo dometɔ aɖewo va zua ɣeyiɣiwo katã ƒe akogotsilawo. Sɔhɛwo ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ðevi siawo ƒomevi gblɔna be esesẽna na yewo be yewoadze xɔlɔ̃ le suku, be ame aɖeke meli yewoaɖo dze kplii o, be yewotsi akogo, be esesẽna na yewo be yewoana ame bubuwo nalɔ̃ yewoƒe nya, eye be ame aɖeke meli akpe ɖe yewo ŋu ne yewohiã kpekpeɖeŋu o.” *

Dzilawo kple ame tsitsi siwo tsɔa ɖe le eme na ɖeviwo ate ŋu awɔ geɖe akpe ɖe wo ŋu be woaɖu woƒe xaxawo dzi. Aleke woawɔ esiae? Ƒewuiviwo ƒe magazine aɖe ƒe nuŋɔŋlɔmetolawo ƒe amegã ŋlɔ be: “Mɔ ɖeka kolia si dzi nàto anya nusi le susu me na sɔhɛwo koe nye be nàbia wo.” Nyateƒee, ehiã ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi be woakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woaɖe nusiwo le fu ɖem na wo le dzime agblɔ. Gake viɖe gbogbo aɖewo le esia wɔwɔ me.—Lododowo 20:5.

Mɔxexe Ðe Nusiwo Sɔ Nu Hiã

Hekpe ɖe dzeɖoɖomɔnuwo ŋu la, sɔhɛwo hiã—eye wodinɛ vevie le dzime hã—be woaxe mɔ ɖe nusiwo sɔ la nu na yewo. Biblia gblɔ be ‘ɖevi si ŋu woɖe asi le wòwɔa nusi dzea eya ŋutɔ ŋu la dea ŋukpe mo na dadaa.’ (Lododowo 29:15) Amesiwo nya nu tso vihehe ŋu xɔe se be mɔmaxemaxe ɖe nusiwo sɔ nu na ɖeviwo ate ŋu ana ɖeviwo nadze aglã. Shaw, amesi ƒe nyawo míeyɔ va yi la gblɔ be: “Ne woɖea nusianu ƒe mɔ na ɖevi eye womegblɔ nɛ kpɔ be ‘ao’ alo ɖo seɖoƒe aɖeke na eƒe nuwɔnawo o la, mɔnukpɔkpɔ masu esi be wòasrɔ̃e be ele be yeade bubu ame bubuwo ƒe agbe, seselelãmewo, nuhiahiãwo, kple woƒe didiwo ŋu o. Ne womefia alesi wosea veve ɖe ame nui ɖevi o la, mate ŋu ava nye amesi lɔ̃a ame o.”

Agbalẽnyalagã Stanton Samenow, amesi le dɔ wɔm ƒe geɖe kple sɔhɛ siwo ɖo xaxa me, gblɔ nya sia tɔgbe. Eŋlɔ be: “Dzila aɖewo xɔe se be ele be woaɖe asi le ɖeviwo ŋu woawɔ woƒe lɔlɔ̃nu. Le esi womenyae o ta la, woxɔe se be ne wode se aɖewo na ɖeviwo alo xe mɔ ɖe nanewo nu na wo la, anye agba si mesɔ o dada ɖe wo dzi eye be agblẽ nu le woƒe ɖevimenɔɣi ŋu. Gake esi womeɖo seɖoƒe ɖe nuwo nu na ɖeviwo o boŋ ye ahe afɔku vɛ. Dzila siawo menya be ne womena hehe ŋutsuvi alo nyɔnuvi o la, asesẽ nɛ be wòava nye ame ɖɔʋu si amla ye ŋutɔ ɖokui le etsɔme o.”

Ðe esia fia be ele be dzilawo nanye amesiwo ƒe nya me sẽ ko evɔa? Kpao. Mɔxenuwo ɖoɖo nye dzilanyenye ƒe akpa aɖe ko. Ne wowɔe wògbɔ eme akpa la, se kpaɖii alo kplalaa dede ate ŋu ana aƒea me nɔnɔ nasesẽ. Biblia gblɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21; Efesotɔwo 6:4.

Eyata ele be dzilawo nanɔ asitɔtrɔ wɔm le woƒe nufiafia kple amehehe mɔnuwo ŋu tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi, vevietɔ ne wo viwo le tsitsim hele dzesi siwo fia be wole ame tsitsi zum ɖem fia. Ðewohĩ anyo be woawɔ asitɔtrɔ le se alo mɔxeɖenu aɖewo ŋu wòasɔ kple ɖevia ƒe nuwɔna siwo afia be ele tsitsinyenye ɖem fia la ta.—Filipitɔwo 4:5.

Ƒomedodowo Tutuɖo

Abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, Biblia gblɔe ɖi be míato ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ’ me hafi Mawu naɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le xexeame. Ðaseɖiɖiwo fia kɔte be míele ɣeyiɣi ma tututu me—si nye ame mavɔ̃mawuwo ƒe nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo.” Abe ame tsitsiwo siaa ene la, ele na sɔhɛwo hã be woado dzi le xexe si me yɔ fũ kple amesiwo nye “ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o” me.—Timoteo II, 3:1-5. *

Dzila siwo se le wo ɖokui me be yewo kple yewo vi ŋutsuvi alo nyɔnuvi dome ƒomedodo menyo tututu o la ate ŋu ato dzeɖoɖo aɖe dzi tso ɣeyiɣi yi ɣiyiɣi agatu wo kple wo dome ƒomedodo ɖo ake. Enyo ŋutɔ be dzila geɖe le agbagba dzem be woahe wo viwo woava nye ame ɖɔʋuwo le etsɔme.

Biblia ƒe mɔfiamewoe nye nyuitɔ kekeake le vihehenyawo me. Ekpe ɖe dzila geɖe ŋu wowɔ wɔƒe si le wo si eye ekpe ɖe sɔhɛwo hã ŋu woƒo asa na mɔ̃ siwo ate ŋu ava nye afɔku na wo gɔ̃ hã la. (Mose V, 6:6-9; Psalmo 119:9) Esi mía Wɔla Yehowa Mawu gbɔe Biblia tso ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe sɔhɛ siwo li egbea ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu. *g05 4/8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Numekugbalẽ ma ke gblɔ be to vovo na ɖevi siwo sena le wo ɖokui me be yewotsi akogo hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko la, ɣeyiɣiwo katã ƒe akogo tsila ya senɛ le eɖokui me be woɖe ye ɖe aga edziedzi hena ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ. Ŋutsuvi alo nyɔnuvi sia tɔgbe “susuna be yemate ŋu adze xɔlɔ̃ gbeɖe o, be yemate ŋu awɔ naneke le eŋu o, be nɔnɔme gbegblẽ aɖe si le ye si tae” eye be nɔnɔmea “mate ŋu atrɔ o alo be mele tɔtrɔ ge o.”

^ mm. 16 Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 11 lia.

^ mm. 18 Yehowa Ðasefowo kpɔe be agbalẽ si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent— Réponses pratiques) la kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ. Eƒe ta 39-awo dometɔ ɖesiaɖe ɖo biabia aɖe si naa wobua tame ŋu. Tanyaawo dometɔ aɖewoe nye: “Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Nyuiwo? “Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu?” “Aleke Mawɔ Aɖu Akogotsitsi Dzi” “Ðe Mele Klalo Ado Ŋugbea?” “Nukatae Magbe Atikemuamewo Zazã?” “Ke Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe Ya Ðe?”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Gblɔ nusiwo le fu ɖem na wò la na ame tsitsi aɖe si dzi nèkana ɖo