Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyaƒoɖeamenu Siwo Sɔhɛwo Dzea Ŋgɔe Egbea

Nyaƒoɖeamenu Siwo Sɔhɛwo Dzea Ŋgɔe Egbea

Nyaƒoɖeamenu Siwo Sɔhɛwo Dzea Ŋgɔe Egbea

EÐANYE aleke kee ame aɖe to sɔhɛmenɔɣi me nyuie o, nɔnɔme sesẽwo nɔa eme kokoko. Seselelãme sesẽwo ɖea fu na sɔhɛwo ne wole tsitsim. Wodzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenuwo tso nufialawo kple wo hati sɔhɛ bubuwo gbɔ gbesiagbe. Television dzi fefewo, video, haƒoƒo, kple Internet kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi atraɖii. Eyatae Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ tso sɔhɛmenɔnɔ ŋu be “enye ɣeyiɣi aɖe si me tɔtrɔ siwo hea xaxa kple dzimaɖitsitsi vɛ zi geɖe la yia edzi le.”

Nublanuitɔe la, nuteƒekpɔkpɔ menɔa sɔhɛwo si zi geɖe ne woate ŋu anɔ te ɖe xaxa kple dzimaɖitsitsiwo nu le nunya me o. (Lododowo 1:4) Ne womekpɔ mɔfiame nyui aɖeke o la, woate ŋu asrɔ̃ nugbegblẽwɔwɔ bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakakaa gblɔ be: “Numekuku siwo wowɔ fia be atikevɔ̃ɖi nono dzea egɔme tso sɔhɛmenɔɣi alo ne wole ame tsitsi me ɖom.” Ɣeyiɣi mawo ke mee agbe baɖa bubuwo, abe ŋutasesẽ kple gbɔdɔdɔ nuwɔnawo ene, hã dzea egɔme.

Ne dzila aɖe susui be “ame dahewo” alo gbe aɖe dolawo koŋ ƒe viwo ƒe nya gblɔmee wole la, ke ele eɖokui blem vodadatɔe. Kuxi siwo me tom sɔhɛwo le egbea menya amekae nye hotsuitɔ, ame dahe, bubume, alo gbe si ame aɖe dona o. Agbalẽŋlɔla Scott Walter ŋlɔ be: “Ne èsusu be ‘sɔhɛ dzeaglã’ ye nye ƒe 17 vi aɖe si le amesiwo ŋu womedea bubui boo o dome, si dada nɔa agbe ɖe kpekpeɖeŋunana nu la, ke efia be mèléa ŋku ɖe nusiwo le edzi yim le ŋkeke siawo me ŋu o. Egbevi dzeaglãwo ate ŋu anye yevu alo ame yibɔ, ate ŋu atso hotsuitɔ ƒe me, ate ŋu anye amesi mexɔ ƒe 16 (alo gogoe kura teti) haɖe o, eye ate ŋu anye ŋutsuvi alo nyɔnuvi.”

Ke nukatae sɔhɛ geɖe ɖo xaxa me alea? Ðe sɔhɛ siwo nɔ anyi le dzidzime siwo va yi me hã medze ŋgɔ gbetɔame kple tetekpɔwo oa? Ẽ, gake míawo ya míele agbe le ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1-5) Nɔnɔme kple nyaƒoɖeamenu siwo dze ŋgɔ sɔhɛwo le ɣeyiɣi siawo me la le etɔxɛ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me akpɔ.

Tɔtrɔ Siwo Va le Ƒomegbenɔnɔ Me

Le kpɔɖeŋu me, bu tɔtrɔ siwo va le ƒomegbenɔnɔ me ŋu kpɔ. Magazine si nye Journal of Instructional Psychology ka nya ta be: “Ne woma ɖevi siwo le Amerika ɖe akpa etɔ̃ me la, akpa si wu ɖeka dzilawo gbea wo nɔewo hafi woxɔa ƒe 18.” Woate ŋu akpɔ akɔntabubu siawo tɔgbe le Ɣetoɖoƒe dukɔ bubuwo hã me. Ne sɔhɛwo dzilawo gbe wo nɔewo la, eva hiãna be woakpe akɔ kple seselelãme siwo vena. Magazine ma si míeyɔ do ŋgɔ gblɔ be: “Zi geɖe la, agbalẽsɔsrɔ̃ kple hadede kple wo tɔwo le suku sesẽna na ɖevi siwo tso ƒome siwo me wo dzilawo gbe wo nɔewo eteƒe medidi o me wu ɖevi siwo tso ƒome siwo me dzilawo katã li, dzilaɖekɛ ƒome siwo li ke, alo ƒome abɔlegbe siwo kpɔa dzidzɔ me. . . . Gakpe ɖe eŋu la, ne dzilawo gbe wo nɔewo la, egblẽa nu le ɖevia ƒe seselelãme kple bubu si le eŋu hã ŋu.”

Nyɔnu geɖe siwo va le dɔ wɔm hã wɔe be nɔnɔmewo trɔ le ƒomegbenɔnɔ me. Numekuku aɖe si wowɔ tso sɔhɛwo ƒe ŋutasẽnuwɔnawo ŋu le Japan ɖee fia be esesẽ na ƒome siwo me dzila eveawo wɔa dɔ le be woalé be na wo viwo wu ƒome siwo me dzila ɖeka koe wɔa dɔ.

Nyateƒee, le go aɖewo me la, ehiã be dzila eveawo nawɔ dɔ hafi woate ŋu akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Nyateƒee wònye hã be ne dzila eveawo le dɔ wɔm la, woate ŋu akpɔ sɔhɛwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le mɔ si nu ahe dzidzeme vɛ na wo wu nu. Gake emetsonu siwo menyo o hã li: Sɔhɛ miliɔn geɖe gbɔna tso suku va nɔa aƒe gbɔlo me. Kaka dzilawo nagbɔ la, ɖeɖi te wo ŋu xoxo eye wotsia dzi ɖe kuxi siwo wodo goe le dɔme ŋu boŋ. Nukae nye emetsonu? Ƒewuivi geɖe megakpɔa beléle si wohiã tso wo dzilawo gbɔ o. Sɔhɛ aɖe xa nu be: “Míekpɔa vovo wɔa nu ɖekae le mía ƒeme o.”

Amesiwo léa ŋku ɖe nu ŋu xɔe se be nɔnɔme sia made ɖeviwo dzi o. Ðɔkta Robert Shaw gblɔ be: “Mexɔe se be alesi dzilanyenye va trɔe le ƒe blaetɔ̃ siwo va yi me la na be lɔlɔ̃ aɖeke megava le ɖeviwo me ɖe woƒe ƒomea ŋu o, dzeɖoɖomɔnu aɖeke megali o, ɖeviwo megate ŋu va le nu srɔ̃m o, eye dzilawo megava le ŋusẽ kpɔm ɖe wo viwo dzi o. Xexe si dea ŋutilãmenudidi kple nusi gbɔ ame ƒe ŋutete ŋu wɔwɔ ƒe dzi ƒo la wɔ dzilawo kluviwoe, eye esia na be wozãa ɣeyiɣi geɖe le dɔme hezãa ga geɖe ale gbegbe be womate ŋu akpɔ ɣeyiɣi awɔ nusiwo hiã be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woa kple wo viwo dome la o.”

Nu bubu aɖe si hã gblẽa nu le ɖeviwo ƒe dedienɔnɔ ŋu enye si: Zi geɖe la, ɖevi siwo dzilawo wɔa dɔ la zãna ɣeyiɣi gbogbo aɖe wɔa nu le wo ɖokui si. Ɣeyiɣi gbogbo aɖe si ŋu dzilawo ƒe ɖoɖowɔwɔ aɖeke mele o hea kuxi vɛ.

Amehehe Ŋuti Nukpɔsusuwo Trɔ

Amehehe ŋuti nukpɔsusu siwo le tɔtrɔm hã gblẽ nu le egbe sɔhɛwo ŋu. Agbalẽnyalagã Ron Taffel gblɔe kaŋ be dzila geɖe “megawɔa woƒe ŋusẽ ŋudɔ o.” Ne edzɔ alea la, mɔfiafia alo hehe vi aɖe koe ɖeviwo xɔna ne wole tsitsim, ne woxɔ ɖe hã enye ma.

Le go aɖewo me la, edze abe dzilawo medi be yewoahe yewo viwo kple asi sesẽ abe alesi wohe yewo ŋutɔe o ene. Wodi be yewoanɔ anyi kple yewo viwo abe ame kple exɔlɔ̃ ene—menye abe amedzizilawo ene o. Ke hã dzila geɖe gawɔnɛ wògbɔa eme akpa. Vidada aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Mewɔ vi nɛ akpa. Dzinyelawo ƒe nya me sẽ ŋutɔ, eyata nyemedi be mawɔ nu ɖe vinye ŋu nenema o. Nyemewɔe nyuie o.”

Aleke gbegbe dzila aɖewo wɔa vi na wo viwoe? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today gblɔ be: “Numekuku yeye aɖe si wowɔ le ƒewuivi siwo anɔ abe 600 ene siwo ŋu wonɔ kpekpem ɖo le atikevɔ̃ɖi nono ta le New York, Texas, Florida kple California ŋu ɖee fia be wo dometɔ 20 le alafa me srɔ̃ atikevɔ̃ɖi nono le wo dzilawo gbɔ, eye wo dometɔ 5 le alafa me dzilawo dometɔ aɖee fia wo atikevɔ̃ɖi—zi geɖe la gbe muame—nono.” Nuka gbɔe wòatso be dzila aɖe nawɔ yakamenu sia? Dzila aɖe ʋu eme be: “Megblɔ na vinyenyɔnuvia be medi boŋ be wòawɔe le aƒeme ale be nye ŋku nanɔ eŋu.” Ame aɖewo sena le wo ɖokui me ko be gbe muame nono kple wo viwo ana xɔlɔ̃dzedze nanɔ wo dome.

Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe Nyaƒoɖeamenu

Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo hã nye nya bubu li. Numekuku aɖe si Marita Moll wɔ le United States ɖee fia be sɔhɛ akpa gãtɔ zãna gaƒoƒo 4 miniti 48 ɖe television kpɔkpɔ alo kɔmpiuta zazã ŋu gbesiagbe.

Ðe ema nye nu gbegblẽ le eɖokui sia? Nyati aɖe si wota ɖe Science magazine me ka nya ta be “habɔbɔ xɔŋkɔ ade aɖewo siwo le United States,” siwo dome Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ hã le, va kpɔe dze sii be ŋutasesẽnuwɔna siwo dzena le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzie na “ɖevi aɖewo va zu adãwɔlawo.” Science magazine la gblɔ be: “Togbɔ be numekukuwɔlawo va kpɔ nɔnɔmea dze sii hã la, edze abe ame tsɛwo ya menya be nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo hã na be nuvlowɔwɔ va bɔ le míaƒe ŋkekeawo me o ene.”

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le videohaƒoƒowo ŋu kpɔ. Zi geɖe la ewɔa moyaa na dzilawo ne wokpɔ alesi gbegbe wodoa boblo gbɔdɔdɔe gaglã le video aɖewo dzi. Ðe wòate ŋu agblẽ nane le sɔhɛwo ƒe agbenɔnɔ ŋu vavã? Le numekuku aɖe si wowɔ tso kɔledzidela 500 ŋu me la, edze ƒã be “haƒoƒo siwo me hagbewo kafua adãnuwɔwɔ nana susu kple seselelãme vɔ̃ɖi ɖoa wo me.” Numekuku bubu siwo wowɔ nyitsɔ laa fia be “ƒewuivi siwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ kpɔa gbɔdɔdɔ kple nuvlowɔwɔ le ‘nuvlowɔhawo’ ƒe rap videohaƒoƒowo me la adi godoo be yewoate nusiwo yewokpɔ la kpɔ ŋutɔŋutɔ.” Numekuku sia si wowɔ tso nyɔnuvi siwo wu 500 ŋu la ɖee fia be amesiwo kpɔa nuvlowɔhawo ƒe video fũ lae adi be yewoawɔ nuvevi nufiala aɖe, awɔ nusi ana woalé wo, eye woadi be yewoadze ahiã geɖe.

Ŋusẽ si Kpɔm Kɔmpiuta Le ɖe Ƒewuiviwo Dzi

Tso nyitsɔ laa ƒeawo me la, kɔmpiuta hã va le ŋusẽ kpɔm ɖe sɔhɛwo ƒe susu dzi ale gbegbe. Magazine si nye Pediatrics gblɔ be: “Kɔmpiuta va bɔ ɖe aƒewo me tso ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me ko. Le [United States] dukɔa me godoo la, le aƒe etɔ̃ ɖesiaɖe si me sukuvi aɖe le (si xɔ ƒe 6 vaseɖe 17) me la, kɔmpiuta le wo dometɔ eve me . . . Aƒe siwo me ɖeviwo xɔ ƒe 3 vaseɖe 17 eye kɔmpiuta le wo si la ƒe agbɔsɔsɔ va dzi ɖe edzi tso 55 le alafa me le 1998 yi 65 le alafa me le 2000 me le United States.” Kɔmpiuta zazã va bɔ ɖe dukɔ bubuwo hã me.

Ke hã, mehiã be kɔmpiuta nanɔ sɔhɛ aɖe si kokoko hafi wòanya alesi wozãnɛ o. Numekula aɖe gblɔ be “sɔhɛ 90 kloe le alafa me siwo xɔ tso ƒe 5 vaseɖe 17 la zãa kɔmpiuta, eye wo dometɔ 59 le alafa me zãa Internet.” Esia na wòva le bɔbɔe wu na sɔhɛwo be woake ɖe nyatakakawo ŋu—si nye viɖenu nenye be woazãe le mɔ nyui nu le ame tsitsiwo ƒe mɔfiafia te. Gake nublanuitɔe la, dzila geɖe ɖe mɔ na ɖeviwo wozãna nusiawo alesi woa ŋutɔwo lɔ̃.

Le kpɔɖeŋu me, numekula Moll ŋlɔ ɖe magazine si nye Phi Delta Kappan me be numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2001 me ku ɖe Internet zazã ŋu ɖee fia be “dzila 71 le alafa me susu be yewonya ‘nusianu kloe’ tso yewo viwo ƒe Internet zazã ŋu. Gake esi wobia nya mawo ke ɖeviawo la, wo dometɔ 70 le alafa me gblɔ be ‘nu ʋɛ aɖewo koe yewo dzila aɖewo nya eye ɖewo hã menya naneke kura o’ tso yewoƒe Internet zazã ŋu.” Numekuku sia ɖee fia be “ɖevi 30 le alafa me siwo xɔ tso ƒe 9 vaseɖe 10 gblɔ be yewodea Internet dzi nyatakakadiƒe siwo ame tsitsiwo koe woɖea mɔ na be woazã wo. Nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi kura elabena ɖevi 58 le alafa me siwo xɔ ƒe 11 vaseɖe 12, wo dometɔ 70 le alafa me siwo xɔ ƒe 13 vaseɖe 14, kple wo dometɔ 72 le alafa me siwo xɔ ƒe 15 vaseɖe 17, gblɔ be yewodea Internet dzi nyatakakadiƒe mawo. . . . Numekuku aɖe si wowɔ tso Internet zazã le aƒeme ŋu le Britain ɖee fia be dzila ɖeka le adre ɖesiaɖe me lɔ̃ ɖe edzi be yemenya naneke tso nusiwo ye viwo kpɔna le Internet dzi ŋu o.”

Internet zazã si ŋu womewɔ ɖoɖo aɖeke ɖo o ate ŋu ahe ɖeviwo ade amamaɖeɖe fotowo hã kpɔkpɔ me. Ke hã afɔku bubuwo gali. Taffel, amesi ƒe nya míegblɔ va yi fa konyi be: “Mía viwo le xɔlɔ̃ dzem le suku kple to kɔmpiutamɔ̃ɖaŋu dzi—eye emetsonu enye be wozãa woƒe ɣeyiɣiwo kple ɖevi bubu siwo míekpɔ kpɔ o.”

Eme kɔ ƒã be sɔhɛ siwo li egbea dze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu kple kuxi siwo menɔ anyi le dzidzime siwo va yi me o. Eyata mewɔ nuku o be sɔhɛ geɖe ƒe nuwɔna le fu ɖem! Ðe nane li woate ŋu awɔ akpe ɖe sɔhɛ siwo li egbea ŋua?—g05 4/8.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Mexɔe se be alesi dzilanyenye va trɔe le ƒe blaetɔ̃ siwo va yi me la na be lɔlɔ̃ aɖeke megava le ɖeviwo me ɖe woƒe ƒomea ŋu o, dzeɖoɖomɔnu aɖeke megali o, ɖeviwo megate ŋu va le nu srɔ̃m o, eye dzilawo megava le ŋusẽ kpɔm ɖe wo viwo dzi o.”—ÐƆKTA ROBERT SHAW

[Nɔnɔmetata si le axa 6, 7]

Nyɔnu geɖe ƒe dɔwɔwɔ na nu gblẽ le ƒomegbenɔnɔ ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Sɔhɛ siwo ŋu womeléa ŋku ɖo o ate ŋu aɖo xaxa me bɔbɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Numekukuwɔlawo gblɔ be videohaƒoƒo siwo kafua nuvlowɔwɔ na ŋutasẽnuwɔnawo va bɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ènya nusi viwòwo kpɔna le Internet dzia?