Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tɔtrɔ Azu Nu Bubu Nusianu si Woakpɔ Dzie Woaxɔ Asea?

Tɔtrɔ Azu Nu Bubu Nusianu si Woakpɔ Dzie Woaxɔ Asea?

Tɔtrɔ Azu Nu Bubu Nusianu si Woakpɔ Dzie Woaxɔ Asea?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CENTRAL AFRICAN REPUBLIC GBƆ

BOKƆA ku. Gake ameha si ƒo ƒu ɖe eƒeme la dometɔ geɖe ya ƒe susue nye be ɖekoe wòtrɔ zu nu bubu. Elabena esime wòku la, wokpɔ ʋɔ gã aɖe wònɔ mimlim do to eƒe aƒe mɔnu! Ame aɖewo tsɔe be nudogoɖenunu koe nusia nye. Gake ame bubuwo ya susui be emae nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be bokɔa trɔ zu nu bubu—etrɔ zu ʋɔ!

Le Afrika ƒe teƒe geɖe la, amewo xɔe se vevie be ame ate ŋu atrɔ eɖokui azu nu bubu alo be woate ŋu ana wòatrɔ azu nu bubu. Zi geɖe la, woxɔnɛ sena be ŋusẽ le dzotɔwo si be woatrɔ azu lãklẽwo kple ʋɔwo. Nenema kee ame geɖe vɔ̃na be dzotɔwo ate ŋu atrɔ ame bubuwo woazu lãwo. Le Ɣetoɖoƒe Afrika la, woxɔe se be adzetɔwo ate ŋu azã amegbetɔwo ƒe gbɔgbɔwo to xeviwo kple lã bubuwo dzi ale be woawɔ nuvevi ame. Le Titina Afrika la, ame aɖewo mewua atiglinyi alo da o, elabena wovɔ̃na be ɖewohĩ yewoƒe ƒometɔ aɖe si ku la trɔ zu lã siawo dometɔ ɖeka.

Nya siawo awɔ mo yaa na nuxlẽla aɖewo ya, gake Afrikatɔ geɖe xɔe se be tɔtrɔ azu nu bubu siawo nye nusiwo teƒe amewo ŋutɔ kpɔ. Wogblɔna be ŋutinya siwo amegbetɔ siwo si nunya le gblɔ tso tɔtrɔ siawo ŋu la sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu atsɔe ko be nudogoɖenunu koe wonye o.

Enye nyateƒe be míate ŋu akpɔ dzixɔse siawo tɔgbe le xexeame ƒe teƒe geɖe hã. Le kpɔɖeŋu me, le Japan la, woxɔe se be amegbetɔwo ate ŋu atrɔ azu abeiwo, avuwo, kple hlɔ̃madewo. Nenema kee xotutuwo le Europatɔwo hã si ku ɖe amesiwo trɔna zuna amegãxi lénuwo le zã me ŋuti. Gliwo le xexeame ƒe teƒe bubuwo hã ku ɖe kpɔ̃wo, gbehawo, lowo, kple dadiwo kura gɔ̃ hã ŋu be wotrɔna zuna amegbetɔwo ɣeaɖewoɣi.

Ðe Ŋɔŋlɔawo Da Asi Ðe Edzia?

Ame aɖewo gblɔna kura gɔ̃ hã be Ŋɔŋlɔawo lɔ̃ ɖe dzixɔse si nye tɔtrɔ azu nu bubuwo dzi. Woyɔa Biblia me nudzɔdzɔ ene zi geɖe tsɔ ɖoa kpe edzii. Le gbãtɔ me la, Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ŋutsu eve me, eye esi wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe la, woyi va ɖo hawo me. (Mateo 8:28-33) Le nudzɔdzɔ evelia si woŋlɔ ɖe Mose IV, 22:26-35 me la, Bileam ƒe tedzi ƒo nu nɛ. Le etɔ̃lia, si ɖewohĩ eyae amewo nya wu, me la, da aɖe ƒo nu na Xawa le Eden-bɔa me.—Mose I, 3:1-5.

Gake ŋkuléle ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu nyuie ɖee fia be menye tɔtrɔ azu nu bubu ŋue woku ɖo kura o. Bu ha siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo ŋu kpɔ. Biblia megblɔ be amewoe trɔ zu lã siwo nye hawo o. Ao, ɖe nuŋlɔɖia gblɔ boŋ be hafi gbɔgbɔ vɔ̃awo nava ɖo wo me la, ‘hawo ƒe ha gã aɖe nɔ gbe ɖum.’ (Mateo 8:30) Satana ƒe gbɔgbɔ vɔ̃woe ɖo hawo me, menye amegbetɔwo ƒe gbɔgbɔwoe o.

Ke Bileam ƒe tedzi kple da si ƒo nu le Eden-bɔa me ya ɖe? Biblia gblɔ tso gbãtɔa ŋu nyuie be “Yehowa ʋu nu na tedzinɔ la” ale be wòte ŋu ƒo nu. (Mose IV, 22:28) Menye amee trɔ zu tedzia o. Eye le da si ƒo nu le Eden-bɔa me gome la, Biblia gblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ɖi si ƒe ŋkɔe nye Satana Abosam ye nye “da xoxo” la. (Nyaɖeɖefia 12:9) Satanae ƒo nu to daa dzi “tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa.” (Korintotɔwo II, 11:3) Ẽ, lãwoe Bileam ƒe tedzia kple daa nye—do ŋgɔ na woƒe nuƒoƒo, le nua ƒoɣi, kple le emegbe.

Nuŋlɔɖi enelia aɖe si woyɔna zi geɖe la ku ɖe Babilon-fia dadala Nebukadnezar ŋu. Biblia gblɔ be Mawu bɔbɔ Nebukadnezar ɖe anyi. Eƒe “dzi zu abe lã tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi.” (Daniel 5:21) Nebukadnezar ƒe nɔnɔme va nɔ abe lã ene eye wòwɔ nu abe lã ene hã le ƒe adre siwo wòdze aɖaʋa me. Daniel 4:33 gblɔ be “eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.” Ke hã, lã ƒe fu kple fe meto ɖe fia la ŋu gbeɖe o. Ame koe wògakpɔtɔ nye!

Nukpɔsusu si nye be ame trɔna zua nu bubu la tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu tẽ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ɖee fia be luʋɔ aɖeke mele amegbetɔ me si ate ŋu ava ɖo lã aɖe me o. Amea ŋutɔe nye “luʋɔ gbagbe”! (Mose I, 2:7) Tɔtrɔ azu nu bubu ƒe susua tsi tre ɖe dzɔdzɔmeɖoɖo si nu Yehowa Mawu wɔ nuwo ɖo hã ŋu. Wowɔ lãwo be woadzi ‘ɖe wo ƒomeviwo nu.’ (Mose I, 1:24, 25) Mawu ɖo seɖoƒewo na agbedomenyiŋusẽ si wɔe be mele bɔbɔe be lã ƒomevi vovovowo nayɔ asi wo nɔewo ahadzi o. Vovototo si lolo wue le lãwo kple amegbetɔwo ya dome, elabena wowɔ ame ɖe ‘Mawu ƒe nɔnɔme nu.’ (Mose I, 1:26) Eme kɔ ƒã be Mawu ŋutɔ mawɔ sewo vɔ agawɔ nusi atsi tre ɖe wo ŋu, si nye ŋusẽ nana amegbetɔwo be woatrɔ wo ɖokui azu lã manyanuwo, o.

Ele eme be nanewo trɔna zua bubuwo le dzɔdzɔme nu. Ŋɔvi trɔna zua kpakpaluʋui, eye gbamido alo asrã zua atɔkli. Ke hã, ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie ɖee fia be menye tɔtrɔ azu nu bubu “ƒomevi” ye tɔtrɔ siawo nye o, ke boŋ nugbagbe “ƒomevi” ɖeka ma ke me koe tɔtrɔa yi edzi le. Ne wotsi ko la, wodzina ‘ɖe wo ƒomeviwo nu.’

Menye Nusi Wokpɔ Dzie Woxɔna Sena Ɣesiaɣi O

Ke nya si amewo gblɔna be yewo ŋutɔ yewokpɔ amewo wotrɔ zu nu bubu ya gɔme ɖe? Edze ƒã be esia nye nusiwo dzena le “Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔ̃m la dome,” ƒe kpɔɖeŋu aɖe ko.—Tesalonikatɔwo II, 2:9, 10.

Abe alesi anyrawɔlawo katã le ene la, gbɔgbɔ vɔ̃wo di be amewo naxɔe ase be woate ŋu azã ŋusẽ geɖe wu esi ŋutɔŋutɔ le wo si. ‘Dzesi’ siwo wowɔna la menye nu bubu aɖeke wu fiafitɔwo kple ameflulawo ƒe amebeble o.

Esia ɖo ŋku amesiwo wɔna “dzẽtɔ ye ɖuna” si gblẽa nu le amewo ŋu le asi geɖe me le Afrika dzi na mí. Wonaa nyɔnu aɖewo gblẽa ga si wodze agbagba vevie kpɔ la dome to aɖidagbalẽvi siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie dzi. Wotsɔa aɖidagbalẽvi etɔ̃—wo dometɔ eve nɔa yibɔ, eye ɖeka nɔna dzẽ—fiana nyɔnu aɖe eye wogblɔna nɛ be ne ete ŋu tɔ asi aɖidagbalẽvi dzẽa dzi ko la, axɔ ga si wòda ɖi la ƒe teƒe eve. Nyɔnua madi be yeadae o—vaseɖe esime wòkpɔ ame aɖe wɔ nu bɔbɔe sia eye wòwɔ nɛ be eɖu. Menyana kura be amesia si wobe eɖu la hã le amebalaawo ƒe ƒuƒoƒoa me o. Etsɔa ga nana, léa ŋku ɖe aɖidagbalẽvi dzẽa ŋu tututu esime wotsaka aɖidagbalẽviawo hetsɔ woƒe ŋkume tsyɔa anyi. Gake aɖidagbalẽvi si dzi wòtɔ asi la trɔna zuna yibɔ le eŋkume wònyea ŋukpe kple vevesese nɛ. Egblẽ ga si wòatsɔ aƒle nuɖuɖu na eƒe ƒomea dome—eya ŋutɔ ƒe ŋukeklẽ kple ameflula dzeaɖaŋu aɖe ƒe asi mamla nyuie na eƒe ga fiã! Eva srɔ̃e be menye nusi wokpɔ dzie woxɔna sena kokoko o, gake etsi megbe akpa.

Nenema kee wòdzɔa dzi na Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo be yewoable amewo woasusui be amegbetɔwo ate ŋu atrɔ azu lãwo. Satana bi ɖe amebeble me. Le nyateƒe me la, eyae nye amesi gblɔ alakpanya gbãtɔ, esime wògblɔ na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o . . . Mianɔ abe Mawu ene.” (Mose I, 3:4, 5) Alakpanya sia si wògblɔ na wova to nufiafia vovovo siwo naa amewo vɔ̃na la vɛ, abe luʋɔ makumaku, dzomavɔ, kple tɔtrɔ azu nu bubu ene. Esia tae le Afrika la, ame aɖewo xea ga gbogbo aɖe be woléa ama hedoa ti na wo elabena wobuna be esia ana ame aɖeke mate ŋu atrɔ yewo azu lã o. Le nyateƒe me la, amesiawo zu kluvi na “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia” eye exea mɔ na wo be womagawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o.—Timoteo I, 4:1; Yakobo 4:7.

Tɔtrɔ Vavãtɔ

Ðewohĩ wò hã èxɔa tɔtrɔ azu nu bubu dzi se ɣesiaɣi alo ɖewohĩ dzixɔse ma na nèvɔ̃na kura gɔ̃ hã. Ne nenemae la, ekema lé ŋku ɖe nya siwo Biblia gblɔ le Romatɔwo 12:2 ŋu kpɔ. Le Helagbe si me woŋlɔ nya siawo ɖo gbã me la, wozã nya me·ta·mor·phoʹo ƒomevi aɖe. Míexlẽ le afima be: “Mitrɔ miaƒe nɔnɔme [me·ta·mor·phou ʹsthe] to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me.” Tɔtrɔ azu nu bubu ŋutɔŋutɔ ŋue nya sia ku ɖo—si nye ame ƒe amenyenye tɔtrɔ!

Ele be amesiwo di be yewoadze Mawu ŋu la nawɔ tɔtrɔ sia, elabena Biblia xlɔ̃ nu be: “Mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.”—Kolosetɔwo 3:9, 10.

Aleke nàwɔ atrɔ? Eyae nye to sidzedze vavãtɔ si le Biblia me la xɔxɔ me. Sidzedze ma ate ŋu ana nàɖe asi le nukpɔsusu aɖewo siwo nèbuna nu vevii la ŋu. Ke hã, abe alesi Yesu gblɔe ene la, ‘àdze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ wò ablɔɖevii.’ (Yohanes 8:32) Ẽ, àte ŋu avo tso alakpadzixɔse kple vɔvɔ̃ be yeava trɔ azu nane si me.—g98 6/8.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Menye nusi míaƒe ŋku “kpɔ” ye nyea nu ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣi o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Bokɔ: Courtesy Africana Museum, Johannesburg