Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Vifofowo Ðeko mewu nyati si nye “Nukae Vifofo Nyui Nyenye Bia?” (October-December, 2004 [Eŋlisigbe me tɔ, August 22, 2004]) xexlẽ nu vɔ koe nye sia. Mele asitɔtrɔ wɔm le nye dɔwɔɣiwo ŋu be mate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe nye ƒomea kple hamea ƒe agbanɔamedziwo ŋu. Ne mede ŋugble le nye ganyawo ŋu la, mesusuna ɣeaɖewoɣi be ele be mawɔ ŋutilãmedɔ geɖe wu be makpɔ ga geɖe. Gake nyatiawo na mekpɔe dze sii be ɣeyiɣi si matsɔ anɔ nye ƒomea gbɔe la xɔ asi sasasã wu ga. Vifofo kpɔdzidzedzewo ƒe nuteƒekpɔkpɔawo de dzi ƒo nam.

K. S., Japan

Mía kple nɔvinyenyɔnu míekpɔ ŋudzedze ɖe nyatiawo ŋu ale gbegbe. Mía kple mía fofo míete ŋu ɖoa dze tututu o. Míelɔ̃e, eye togbɔ be meɖee gblɔ kpɔ o hã la, míeka ɖe edzi be eya hã lɔ̃ mí. Nyati siawo xexlẽ na míese le mía ɖokui me be ame aɖe sea nu gɔme na mí. Miawoe le dɔ dzi kakaka!

V. D., Italy

Ƒewuimenɔnɔ Akpe na mi ɖe nyati siwo mieta ku ɖe “Akɔ Kpekpe Kple Ƒewuimenɔnɔ me Kuxiwo” ŋu ta. (October-December, 2004 [Eŋlisigbe me tɔ, July 8, 2004]) Nyitsɔ laa koe mege ɖe nye ƒewuiwo me eye medo go kuxi aɖewo, siwo ɖe fu nam. Nyati siawo kpe ɖe ŋunye mexɔ aɖaŋuɖoɖo vevi siwo akpe ɖe ŋunye be maɖo ŋku nye Wɔla Gã la dzi. Mele mɔ kpɔm be mato ƒewuiwo me ado bɔbɔe vevesese siwo ta nana xexe sia me nyaƒoɖeamenuwo hena vɛ manɔmee.

R. R., Albania

Esi menɔ ɖevime la, hanyeti xɔlɔ̃ geɖe nɔ asinye. Gake esi míenɔ tsitsim la, míeva dzudzɔ dzeɖoɖo kple mía nɔewo. Le kpakpã le Kristotɔwo ƒe kpekpewo megbe la, ɖeko meva nɔa anyi ɖe ʋu me heɖea ɖokuinye ɖe aga. Mekpɔ gbɔdzɔe esi mexlẽe le nyati siawo me be seselelãme vovovowoe ɖea fu na ƒewuiviwo, eye be mɔ nyuitɔ siwo dzi woato aɖu akogotsitsi dzi dometɔ ɖekae nye be woatsɔ ɖe le eme na ame bubuwo—menye ame hatiwo ɖeɖe ko o. Meɖo dze kple amesiwo xɔ ƒe vovovowo le kpekpea me gbemagbe, eye esia na mekpɔ dzidzɔ.

M. K., Japan

Ƒe 15 ye mexɔ, eye nyatakaka sia tututu dim mele. Sɔhɛ siwo ƒe nyawo woŋlɔ ɖe nyati mawo me kpe ɖe ŋunye mese egɔme be menye nye ɖeka koe seselelãmewo le fu ɖem na o, eye be mate ŋu aɖu seselelãme siawo dzi. Edo ŋusẽm, si na dzi ɖo ƒonye!

L. R., Ukraine

Akpe na mí ɖe nyati siawo ta. Efa akɔ nam esi mekpɔe be mate ŋu anɔ te ɖe ɣeyiɣi sesẽ sia nu. Mele mɔ kpɔm be nyati siawo akpe ɖe sɔhɛ bubuwo hã ŋu be woakpɔ agbe ƒe akpa sia me kuxiwo gbɔ le mɔ si da sɔ nu.

R. V., Italy

Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe Medi be mada akpe na mi ɖe nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Aƒo Asa na Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe?” ta. (August 22, 2004 ƒe Eŋlisigbe me tɔ) Esi nufiala kple aɖaŋuɖolae menye ta la, nyati sia do dzidzɔ nam ale gbegbe. Esi míenɔ dze aɖe ɖom le sukuxɔ me la, megblɔ emenya veviwo na sukuviawo be wòakpe ɖe wo ŋu woana Yehowa Mawu nabu wo ame kɔkɔewo kple amesiwo dze kafukafu, eye be woawɔ ŋgɔyiyi le woƒe nusɔsrɔ̃wo me, ahaƒo asa na kuxi siwo ate ŋu ado tso gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. Sukuvi geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu eye wodi be yewoanya nu geɖe tso Biblia ŋu! Fifia nufiala aɖewo miaa asim be mava ƒo nu na sukuvi siwo wole nu fiamee. Mekpena kple nye sukuviwo hedzroa nyati vovovowo me kpli wo tso Young People Ask (Les jeunes s’interrogent) gbalẽa me kwasiɖa ɖesiaɖe.

B. C., Mozambique

Ƒe 25 ye mexɔ, eye medzea agbagba ɣesiaɣi be makpɔtɔ anye ɖetugbui leaƒe. Meɖoe kplikpaa wu tsã be mayi edzi anɔ agbe dzadzɛ vaseɖe esime maɖe srɔ̃ bubutɔe. Miyi miaƒe dɔ nyuia wɔwɔ dzi.

F. K., Uganda