Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsokolet Kokooku mee Wòtsona Hafi Nèɖuna

Tsokolet Kokooku mee Wòtsona Hafi Nèɖuna

Tsokolet Kokooku mee Wòtsona Hafi Nèɖuna

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CÔTE D’IVOIRE GBƆ

Tsokolet alo tsokola dzɔa dzi na ame geɖe le xexeame le alesi wòvivina etɔxɛ ta. Afikae tsokolet tso, eye aleke wowɔnɛ? Kplɔ mí ɖo ne míadzro tsokolet ƒe ŋutinya me akpɔ.

NUMIEMIEŊUTINUNYALAWO gblɔna be ɖewohĩ kokootiwo ŋutɔ mie le Amazon kple Orinoco bali siwo le Anyiehe Amerika me ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi. Ðewohĩ India nuto aɖewo me tɔ siwo woyɔna be Mayatɔwo ye de kokoogble gbã, eye wotsɔe ɖe asi esime woʋu yina Yucatán. Aztectɔwo ƒe fiawo kpɔ dzidzɔ ɖe kokoo ƒe tii si vena si wotsɔa kokoo tutu tsakana kple blimɔ alo wein tsɔ wɔnae ŋu, eye wokunɛ ɖe sikakpluwo me na wo. Wogblɔna be Aztectɔwo ƒe Fiagã Montezuma noa tsokolet tii kplu 50 kple edzivɔ gbesiagbe.

Sikakpluawoe do dzidzɔ na Spaintɔ anyigbayeyedila Hernán Cortés (si nɔ agbe tso ƒe 1485 vaseɖe ƒe 1547 me) ya wu nunono si nɔ wo me, togbɔ be ekpɔe be Aztectɔwo zã kokooku abe ga ene hã. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o, ena wode kokoogblewo nɛ. Agble siawo siwo woyɔ be “sika braɔn” la ɖe vi, si wɔe be Spain va kpɔ ŋusẽ ɖe kokoo sitsatsa dzi ʋuu vaseɖe ƒe alafa 18 lia me.

Spaintɔwo tsɔ kokookuawo yi Haiti, Trinidad, kple Ɣetoɖoƒe Afrika ƒukpo si nye Bioko dzi. Wotsɔ kokoogo ɖeka tso ƒukpo ma dzi yi Afrika dukɔwo me, eye fifia Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ ene doa kokoo tsɔ dia gae.

Tsokolet Ðo Europa

Le ƒe alafa 16 lia me la, Cortés na wodze kokoo ƒe tii si Aztectɔwo nona la nono le Spain-fia ƒeme. Spain-fia ƒeme nyɔnuwo noa nunono ma si me wodea nu ʋeʋĩwo kple atadi ɣeaɖewoɣi la le bebeme, womenana ame aɖeke o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva zu nunono na ame ŋkutawo le Europa katã.

Vivi si le tsokolet alo tsokola si kple alesi wobe edana dɔlélewo la na Europatɔwo do vivi ɖe eŋu ale gbegbe. Le ƒe 1763 me la, Britaintɔwo ƒe biya kple liha wɔlawo susui be alesi amewo va le vivi dom ɖe tsokolet ŋu la ana womagadze yewo ƒe aha o, eye le esia ta wobia tso dziɖuɖua si be woade se ɖe tsokolet wɔwɔ nu. Alesi tsokolet wɔlawo nɔ ɖi kem wo nɔewo la na wo dometɔ aɖewo va tsɔa goma dea eme ale be woƒe tsokolet la nasɔ gbɔ. Be Englandtɔwo nana tsokolet ƒe amadede nanya kpɔ ɖe edzi la, wotsɔ anyikpe ƒe ʋuʋudedi sue aɖe gɔ̃ hã kpena ɖe eŋu! Ame geɖe wu va nɔ didim be woawɔ tsokolet si nyo wu hevivina wu.

Mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ ƒe takeke kpata na wova zã mɔ̃wo le tsokolet wɔwɔ me. Esime wodze dzoya zazã na mɔ̃wo gɔme la, womegava nɔ tsokolet tum kple asi o, ke boŋ kple mɔ̃. Tɔtrɔ si lolo wu gɔ̃ hã va ewɔwɔ me le ƒe 1828 me esime Netherlandstɔ atikedokpɔla Coenraad van Houten va srɔ̃ alesi woate ŋu akpɔ kokoowɔ kple eƒe ami atso kokooku si wotu me. Nusi do tso emee nye be nutovɛlawo va kpɔ mɔ si dzi woato atsaka tsokolet tsi (si nye nututu yibɔ aɖe), kokoomi alo bɔta, kple sukli agbɔsɔsɔme si sɔ be woatsɔ awɔ “tsokolet ɖuɖu” ƒe kpetɔ.

Tso ƒe 1850 ƒeawo me tsɔ yina la, Switzerlandtɔwo to mɔnu aɖe vɛ si na tsokolet ganyo ɖe edzi wu. Nusi wowɔnae nye be wotsɔa kokooku siwo wotu la siana ɖe anyinuwo dzi hena gaƒoƒo geɖe, si na wòzua tsokolet bɔbɔe aɖe si nyina le aɖe dzi. Amesiwo nya tsokolet ŋu nyuie gblɔna be tsokolet nyuitɔ kekeakee nye esi wosia wòde gaƒoƒo 72 alo ŋkeke etɔ̃ ya teti.

Adzɔhaɖola gãwo, abe Hershey, Kohler, Lindt, Nestlé, Peter, Suchard, kple Tobler ene—amesiwo ƒe ŋkɔ nàte ŋu akpɔ le tsokolet gowo dzi egbea—to ŋgɔyiyi geɖe vɛ le tsokolet wɔwɔ me, to mɔ̃ nyui geɖe toto vɛ me alo to aɖaŋuɖoɖo le alesi woawɔ tsokolet wòaganyo wui me.

Afisi Tsokolet Tsona

Kokootiwo tsina nyuie le anyigba xɔdzowo dzi. Nuto siwo me atiwo bɔ ɖo eye tsi dzana le sɔgbɔ ye kokoo wɔna nyuie wu le. Seƒoƒowo kple kutsetse nɔa atiawo dzi le ƒe bliboa katã me. Kokoo, si ƒe tsetse nɔna lɔbɔe (1), tsena ɖe atia kɔgo kple ɖe eƒe alɔ siwo le anyime ŋu.

Nukae dzɔna le kokoogblewo me le kokoo gbeɣi? Wozãa yi alo pampro legbee siwo nu wotsi hɛ ɖaɖɛwo ɖo tsɔ gbenɛ. Wofea goawo (2) eye ku ɣi 20 vaseɖe 50 siwo vivina gavena la nɔa go ɖeka me. Azɔ wotsɔa asi ɖea kua ɖa le goa me. Le kokoo gbeɣi la, kokoo gbelawo wɔa dɔ tso fɔŋli vaseɖe zã me nɔa kokoogoawo fem nɔ kuawo ɖem le wo me. Azɔ wotsɔa nu tsyɔa kuawo dzi heɖena asi le wo ŋu ŋkeke geɖe. Ɣeyiɣi sia mee lã siwo le kuawo ŋuti ʋãna si wɔnɛ be kuawo ɖena ɖekaɖeka eye wotrɔna zua braɔn alo café. Azɔ wosiana kuawo ɖe ŋdɔgbe alo wozãna ya xɔdzo nana woƒuna (3). Ne woƒu la, ekema woate ŋu aɖoe ɖe duta alo adzrae ɖo.

Kokooku ƒomevi eve koŋ ye li, ɖekae nye Forastero eye evelia nye Criollo. Forastero ye nye kokooku si koŋ wozãna eye eyae wodona le xexeame wu. Teƒe siwo wodonɛ le koŋue nye Ɣetoɖoƒe Afrika, Brazil, kple Anyieheɣedzeƒe Asia. Criollo ya nye kokoo si vivina. Wodea eƒe agble suesue aɖewo le Titina Amerika, Ecuador, kple Venezuela. Enana kua kple seƒoƒo ƒe vivi aɖe tɔgbee nɔa tsokolet me.

Ne wosia kokookuawo vɔ la, ekema woate ŋu atsɔ wo ade kotoku me (4) aɖo wo ɖe tsokolet alo tsokola dɔwɔƒewo le xexeame godoo, Europa kple Dziehe Amerika koŋue woɖonɛ ɖo. Kokooku ƒuƒu asiʋlo eve (5) ate ŋu awɔ tsokolet si ƒe kpekpeme ade kilogram afã kloe. Ne wogblɔ na wò be woate ŋu atrɔ asi le kokooku veve ŋu wòava zu tsokolet vivi siwo nɔa goe me la, asesẽ na wò be nàxɔe ase, gake ewɔwɔ mɔnu ya metrɔ gobii ale o ƒe alafa geɖe enye sia.

Alesi Wowɔa Tsokolet

Ne kuawo va ɖo adzɔnuwɔƒea la, woɖea ɖi le wo ŋu heƒoa wo nu ƒu ɖe hatsotso vovovowo me. Abe alesi ko wotɔa kɔfiku be vivi si le eŋu ŋutɔŋutɔ nadze ene la, wole kokookuwo hã tɔm fifia ale be tsokolet si woatsɔ wo awɔe la navivi alesi dze. Azɔ woɖea tsro le kuawo ŋu (6). Ku yibɔɔ suesueawoe wotsɔna wɔa kokoo si wotsɔna wɔa nunono kple tsokolet ƒomevi ɖesiaɖe.

Wotua kuawo wònɔa yibɔɔ, si woyɔna be tsokolet tsi (7). Ne ebla hesesẽ la, wodzranɛ na abolomelawo be woadee nusiwo womena me. Azɔ wonana tsi yibɔɔ ma toa mɔ̃ siwo me dzoxɔxɔ gã aɖe le me—Van Houten ye to mɔnu sia vɛ—eye woɖea kokoomi alo bɔta le eme, ke susɔea nyea kokoowɔ. Ne wotsɔ kokoo bɔta geɖe kpe ɖe kokoo tsia ŋu la, ekema eblana va zua tsokolet si mía dometɔ geɖe míeɖuna. Mɔnu yeyewo geɖe zazã ɖekae (8) na wote ŋu wɔa tsokolet si amewo lɔ̃a ƒeƒle egbea (9).

Eyata ne ègakpɔ tsokolet alo tsokola vivi aɖe le ɖuɖum gbeɖeka la, tɔ sẽ nàbu tame le mɔ legbee si kokooku veve si wodona le Anyigba Xɔdzowo dzi la zɔ hafi va trɔ zu tsokolet ŋɔnɔe le nume na wò la ŋu.—g05 3/22.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]

Foto 2, 3, kple 4 (negbe kotoku si le etamea koe mele eme o): © CHOCOSUISSE, Münzgraben 6, 3011 Berne

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]

Foto 6, 7, kple 8: © CHOCOSUISSE, Münzgraben 6, 3011 Berne