Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Va Se Dutoƒonuƒo Si Nye “Amekae Wòle Be Míaɖo Toe?”

Va Se Dutoƒonuƒo Si Nye “Amekae Wòle Be Míaɖo Toe?”

Va Se Dutoƒonuƒo Si Nye “Amekae Wòle Be Míaɖo Toe?”

Ame geɖe medina kura be woagblɔ na yewo be yewoaɖo to ame o. Nukpɔsusu si bɔe nye, ‘Medi be woaɖe mɔ nam mawɔ nusi dze ŋunye.’ Ke hã, mí katã míebua toɖoɖo nu vevii gbesiagbe. Ɣesiaɣi si nèwɔ nuxlɔ̃ame aɖe dzi alo nèwɔ mɔfiame aɖe si wona wò dzi la, to ɖomee ma nèle. Eye amekae malɔ̃ ɖe edzi be toɖoɖo dziɖuɖu ƒe sewo hiã hafi ɖoɖo kple ŋutifafa nanɔ ameƒomea me o? Wò ya bu nusi adzɔ ne amewo katã gbe ʋukusewo dzi wɔwɔ ŋu kpɔ!

Gake ne amegbetɔwoe le wo nɔvi amegbetɔ bubuwo dzi ɖum la, nu nyuiwo medona tsoa eme ɣesiaɣi o. Ɣeyiɣi didi aɖe nye esi va yi la, Biblia gblɔ be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Ðe dziɖula aɖe li si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo ahaɖo toea? Ne ɖe li ɖe, ekema aleke míawɔ anya amesi wònye? Eye nukae míate ŋu akpɔ mɔ be eƒe dziɖuɖu awɔ na mí? Woaɖo nyabiase siawo ŋu le dutoƒonuƒo ʋãme si nye “Amekae Wòle Be Míaɖo Toe?” me. Woaƒo nuƒo sia le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe siwo woawɔ le ƒe sia me la me. Woawɔ takpekpe siawo le teƒe alafa geɖe le xexeame godoo. Be nànya takpekpewɔƒe aɖe si te ɖe ŋuwò la, wò ya bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me alo nàzã adrɛs siwo le axa 5 lia aŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.—g05 5/22.