Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aƒe Hiã Amesiame

Aƒe Hiã Amesiame

Aƒe Hiã Amesiame

Gome le amesiame si be wòanɔ dzidzemegbe si ana eya kple eƒe ƒomea nanɔ lãmesẽ me ahakpɔ dzidzɔ, eye be . . . aƒe hã nanɔ esi.—Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi ƒe Nyati 25 lia.

AGBLEDELAWO ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe ʋu vivivi va tsi teƒe aɖe si yɔm wole fifia be yewoƒe aƒe. Ƒome alafa geɖe ye le afima le dugã aɖe ƒe gbɔto, eye wohaya xɔ siwo woate ŋu atutu le keke dzi siwo mexɔ asi o, siwo woyɔna be parqueaderos. Nu vevi siwo hiã, abe afɔdzideƒe, tsi nyui si woazã, kple gbeɖuɖɔkɔƒewo mede ame dzi o, alo míagblɔe kura gɔ̃ hã be womeli o. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ tso teƒe sia siwo amewo le ŋu be “afima mede ame dzi kura be [agbledelawo] nanɔ hafi o.”

Ƒe etɔ̃e nye esi va yi la, dziɖuɖumegãwo va nɔ amewo nyam le teƒeawo dometɔ aɖewo, eye esia na ƒome aɖewo dzra woƒe kekexɔawo heʋu va tsi aƒe, xɔ, kple ʋudzraɖoƒe siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo akpa xoxo le dua me la me. Ðeko ame bubuwo ya ƒo te woƒe nuwo helé mɔ aɖe tsɔ, wonɔ teƒe si woava tsi ne wogbɔ tso agble la dim—ẽ wole teƒe si woayɔ be aƒe dim.

Teƒe kae nèsusu be nusia le dzɔdzɔm le? Amerika ƒe Titina alo Anyiehe ƒe akpa aɖea? Ke tɔ sẽ nàgabu eŋu ake. Àte ŋu akpɔ asaɖa sia le Mecca dua gbɔ, le California ƒe anyiehe, le United States, Amerika [États-Unis d’Amérique], eye gaƒoƒo ɖeka aɖe ƒe mɔzɔzɔ koe tso woa kple Palm Springs si kesinɔtɔwo bɔ ɖo dome. Togbɔ be wogblɔ be aƒe va le amesiwo le United States si fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe, eye be le mama dedie nu la, ƒome siwo le dukɔ ma me dometɔ ɖesiaɖe kpɔ ga dɔlar 42,000 le ƒe 2002 me hã la, wosusui be Amerikatɔwo ƒe ƒome siwo wu miliɔn atɔ̃ ya gali kokoko siwo le aƒe madeamedziwo me.

Nɔnɔmea vlo wu kura le dukɔ madeŋgɔwo ya me. Togbɔ be wowɔ dunyahehe, hadome, kple subɔsubɔha me ɖoɖo geɖe hã la, ɖeko aƒemanɔamesi ƒe kuxi si le xexeame godoo nu le sesẽm ɖe edzi.

Xexeame Katã ƒe Kuxie

Wosusui be amesiwo le aƒe madeamedziwo me le xexeame godoo la wu ame miliɔn akpe ɖeka. Amesiwo srɔ̃a nu tso amewo ƒe ʋuʋu le kɔƒenutowo me ayi dugãwo me ŋu le Brazil gblɔ be yewole vɔvɔ̃m be le dukɔ ma me la, aƒe madeamedziwo, siwo woyɔna le wo gbɔ be favelas, “ava sɔ gbɔ ɖe edzi, eye be amewo ava sɔ gbɔ ɖe wo me wu dugã siwo me wonɔ gbã.” Le Nigeria dugã aɖewo me la, amesiwo wu 80 le alafa me le aƒe madeamedziwo kple xɔ siwo wotu ɖe ame bubuwo ƒe anyigba dzi mɔ mabiamabiae me. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan gblɔ le ƒe 2003 me be: “Ne míeɖe afɔ vevi aɖeke o la, ekema míanɔ mɔ kpɔm be amesiwo le aƒe madeamedziwo me ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi le ƒe 30 siwo gbɔna me ava ɖo ame miliɔn akpe eve.”

Ke hã, akɔntabubu wɔnublanui siawo mekpɔ gblɔ naneke kura le fu si gbegbe kpem ame dahewo le le nɔnɔme madeamedzi siawo me ŋu haɖe o. Dukɔ Ƒoƒuawo gblɔ be afɔdzideƒe kple gbeɖuɖɔkɔɖoƒe mele amesiwo le dukɔ madeŋgɔwo me dometɔ afã kple edzivɔ si o, ne woma wo ɖe akpa etɔ̃ me la, akpa ɖeka mekpɔa tsi nyui zãna o, ne woma wo ɖe akpa ene me la, akpa ɖeka mele aƒe nyui aɖeke me o, eye ne woma wo ɖe akpa atɔ̃ me la, akpa ɖeka mekpɔa atike nyui zãna o. Amesiwo le dukɔ deŋgɔwo me dometɔ akpa gãtɔ malɔ̃ kura gɔ̃ hã be yewoƒe lãwo nanɔ nɔnɔme si me amewo le le dukɔ madeŋgɔwo me me o.

Gome si Le Amesiame Si

Amesiame lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevi aɖee nye aƒe si me wòanɔ. Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi si dzi Dukɔ Ƒoƒuawo da asi ɖo le ƒe 1948 me gblɔ be gome le amesiame si be wòanɔ agbe si me dzidzeme le, eye be aƒe nyui nanɔ esi. Nyateƒee, aƒe nyui hiã amesiame.

Nyitsɔ laa le ƒe 1996 me la, dukɔ geɖe da asi ɖe ɖoɖo aɖe si wova yɔna be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amenɔƒe Ŋuti Ðoɖo dzi. Ðoɖo sia gblɔ taɖodzinu tɔxɛ aɖewo siwo woɖo be woana aƒe nasu amesiame si. Azɔ le January 1, 2002 la, Dukɔ Ƒoƒuawo gagbugbɔ do ŋusẽ taɖodzinu sia esi wona ɖoɖo sia va zu Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ɖoɖo koŋ.

Eɖi kokoe ŋutɔ be, abe alesi ko kesinɔtɔwo ƒe dukɔ aɖewo le biabiam be yewoava ɖo nɔƒe ɖe dzinu dzi eye yewoava ɖi tsa le ɣletinyigba si nye Mars dzi ene la, woƒe dukɔmevi dahe kolikoliwo ya mete ŋu kpɔa aƒe nyui si me woanɔ le anyigba dzi teti hã o. Nuka gblẽmee aƒemanɔamesi ƒe kuxia le le ŋuwò? Ðe mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖe li be gbeɖeka la, amesiame akpɔ aƒe nyui anɔ emea?—g05 9/22.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Togbɔ be dukɔ aɖewo le didim be yewoava ɖo nɔƒe ɖe dzinu dzi hã la, woƒe dukɔmevi geɖe mekpɔa aƒe nyui si me woanɔ le anyigba dzi teti hã o

[Nɔnɔmetata si le axa 2, 3]

ASIA ƑOME SITSOƑEDILA AÐE.

Le dugã aɖe me la, ƒome 3,500 le agbadɔ siwo wowɔ ɖewoɖewoe me, eye tsi kple afɔdzideƒe kpakple gbeɖuɖɔkɔɖoƒe gobii aɖeke mele wo si o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Tim Dirven/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

DZIEHE AMERIKA