Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbagbadzedze Be Woana Nuɖuɖu Ame Miliɔn Akpe Ðeka

Agbagbadzedze Be Woana Nuɖuɖu Ame Miliɔn Akpe Ðeka

Agbagbadzedze Be Woana Nuɖuɖu Ame Miliɔn Akpe Ðeka

GBESIAGBEA, ame miliɔn teƒe akpe ɖeka mekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo o. Gake le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nya nu la, mele be nɔnɔme wɔnublanui sia nanɔ anyi hafi o.

“Miegblɔ be nu vevi gbãtɔ si yewoaɖe ɖae nye ahedada kolikoli.” Nenema Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã Kofi Annan gblɔ na ŋutsu kple nyɔnu siwo xɔ ŋkɔ wu le xexeame, le takpekpe aɖe si wowɔ le September 8, 2000 me. Wova ƒo ƒu ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Takpekpe me, eye dukplɔla geɖe ƒo nu nyateƒetɔe tso ame dahe siwo le xexeame ƒe kuxiwo ŋu le kpekpea me. Brazil dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ gblɔ be: “Ahedada kolikoli nye gbɔɖiɖi ameƒomea.” Great Britain (Grande Bretagne) tɔwo ƒe dukplɔla gblɔ nya si nu sẽ wu ema gɔ̃ hã, be: “Ewɔ moyaa be dukɔ deŋgɔwo do kpo nu le Afrika wòɖe dzesi, eye esia doa ŋukpe mí.”

Nuƒola eve siawo na eme kɔ ƒã be dukɔwo do ŋukpe wo ɖokui le alesi wodo kpo nu le nusiwo wòle be woawɔ be dɔ nagawu amewo o hafi la wɔwɔ me ta. Didi si le wo me be yewoana agbenɔnɔ naka ɖe eme na amewo le anyigba dzi ƒe kpeɖodzie nye alesi kpekpea valawo katã ɖoe kplikpaa be yewoawɔ nu enyi siwo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna: “Míadze agbagba ɖesiaɖe be míana ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖevi siwo ade miliɔn teƒe akpe ɖeka la navo tso ahedada kolikoli kple nɔnɔme wɔnublanui siwo ɖia gbɔ wo la me. . . . Míegaɖoe kplikpaa hã be: Kaka ƒe 2015 naɖo la, míana amesiwo ƒe ga si nu wonɔa agbe ɖo gbesiagbe medea dɔlar ɖeka o, kple amesiwo dɔ le wuwum le xexeame, dzi naɖe akpɔtɔ ava ɖo afã.”

Ŋgɔyiyi kae wote ŋu wɔ le tameɖoɖo nyui ma ŋu tso September 2000?

Ame ƒe Nuwɔnawo Ƒoa Nu Wu Nya Siwo Wògblɔna

Le ƒe 2003 me la, Xexeame Ganyawo Ŋuti Numekuƒe ƒe Xexeame Katã ƒe Dziɖuɖu Ŋuti Ðoɖo dze nusiwo wowɔ be woaɖo bo siwo woka le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Takpekpea me gbɔ la me toto gɔme. Nyatakaka si dzi woda asi ɖo, si woɖe ɖe go le January 15, 2004, gblɔ be: “Xexeame do kpo nu keŋkeŋ le agbagba siwo wòle be wòadze aɖo eƒe bokaname veviawo gbɔ me.” Nyatakakaa gblɔ le dɔwuame ŋu be: “Menye nuɖuɖu ƒe anyimanɔmanɔ gbɔe kuxia tso o—nuɖuɖu li asu amesiame nu hafi. Kuxiae nye be nuɖuɖu kple amenyinu siwo li la meɖoa amesiwo si ga mele o gbɔ o.”

Nyatakakaa gblɔ le ahedada ƒe kuxia bliboa ŋu be: “Dziɖuɖu siwo si ga le kple esiwo si ga mele o metsɔa dzo ɖe nuwo ŋu o. Evɔ dukɔ siwo si ga le ƒe ɖoɖo siwo wowɔna ɖe ganyawo ŋu le xexeame la medea ame dahewo dzi o. Togbɔ be dukɔ siwo si ga le doa susu nyuiwo ɖa hã la, womeɖea afɔ gobii aɖeke be yewoawɔ wo dzi o, eye womedzia kpekpeɖeŋu siwo woɖo be yewoana amesiwo dzi nu mede o hã ɖe edzi o.” Togbɔ be wodo kpo nu alea hã la, dunyahelawo yia edzi hea glãka tsɔ wu be woawɔ nane le nɔnɔmea ŋu, eye dziɖuɖuwo yia edzi trɔa asi le nuwo ŋu ayetɔe wòdea woa ŋutɔwo dzi. Evɔ dɔ gakpɔtɔ le ame dahe siwo le xexeame wum kokoko.

Agbalẽvi si Xexeame ƒe Ganyawo Ŋuti Takpekpe ŋlɔ si ƒe tanyae nye “Didi Vevie be Woawɔ Nu Gã Aɖe” xlɔ̃ nu be dɔwuame nu asẽ na ameƒomea ƒe akpa gãtɔ negbe ne wotrɔ asitsaɖoɖo siwo dzi wozɔna ɖo le xexeame, ne dukɔwo wɔ ɖoɖo koŋ ɖe dɔwuame ɖeɖe ɖa ŋu, eye ne nutowo wɔ ɖoɖo nyui geɖe siwo nana dɔwuame nu ɖiɖina hafi.” Eye amekae wòle be wòawɔ ‘ɖoɖo nyui siwo ana dɔwuame nu naɖiɖi le nutowo me’ la? Dziɖuɖu siwo tututu gblɔ woƒe tame si woɖo kplikpaa le ƒe 2000 me be yewoana nuwo naka ɖe eme na ameƒomea lae.

Ne ame aɖe do ŋugbe eye mewɔ ɖe edzi o la, ate ŋu ana dzi naɖe le amewo ƒo; eye ne edoa ŋugbe geɖe siwo dzi mewɔna ɖo o la, enana womegaxɔa edzi sena kura o. Esi dziɖuɖu siwo le xexeame mewɔna ɖe ŋugbe siwo wodona dzi o ta la, amewo megaxɔa wo dzi sena o. Vidada aɖe le Carib-dukɔ aɖe si dzi ganyawo mede o me, eye vi atɔ̃ le esi; gake zi ɖeka koe viawo ɖua nu gbesiagbe. Vidadaa gblɔ be: “Nusi mate ŋu akpɔ míaɖu ŋu koe míetsia dzi ɖo. Amekae ɖale dzi ɖum o, eƒe nya aɖeke mekam o. Míekpɔ naneke tso dziɖuɖu aɖeke gbɔ kpɔ o.”

Biblia-ŋlɔla Yeremya gblɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Alesi amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo do kpo nu le ame dahewo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me ɖo kpe Biblia me nyateƒenya sia dzi.

Gake Biblia na míenya Dziɖula aɖe si si ŋusẽ kple didi siaa le, si akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ. Ne Dziɖula ma va le dzi ɖum la, dɔ magawu ame aɖeke akpɔ o.

Nusita Mɔkpɔkpɔ Li Ðo

“Ŋkuwo katã le asiwò nu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo ɖe enaɣi.” (Psalmo 145:15) Amekae amesia si tsɔ ɖe le amegbetɔwo ƒe nu si woakpɔ aɖu la me nye? Mía Wɔla, Yehowa Mawue. Togbɔ be ameƒomea kpe dɔwuame kple nu bubuwo ƒe fu ƒe akpe geɖe enye esia hã la, Yehowa tsɔa ɖe le eme na amegbetɔwo ɣesiaɣi. Elé ŋku ɖe alesi amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo do kpo nue ŋu eye edze le eƒe Nya Biblia, si dzi woate ŋu aka ɖo, me be eteƒe madidi o, aɖo eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu anyi ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo teƒe.

Yehowa gblɔ be: “Nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.” (Psalmo 2:6) Nya sia si ŋusẽkatãtɔ si le xexeame gblɔ la nye nusita mɔkpɔkpɔ li ɖo. Togbɔ be zi geɖe la, amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo doa kpo kpekpeɖeŋu nana wo teviwo hã la, Mawu ƒe Fia si wòtia, Yesu Kristo, ya ahe yayra siwo teƒe ame dahe siwo le xexeame mekpɔ kpɔ o la avae na wo.

Yehowa ato Fia sia dzi ana nu amesiwo katã dɔ le wuwum la woaɖu aɖi ƒo. Yesaya 25:6 gblɔ be: “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo . . . atu aglo na dukɔwo katã.” Le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si dzi Kristo aɖu te la, afika kee amewo ɖale o, dɔ magawu wo azɔ o. Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.”—Psalmo 145:16.—g05 7/22.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

“Ewɔ moyaa be dukɔ deŋgɔwo do kpo nu le Afrika wòɖe dzesi, eye esia doa ŋukpe mí.”—Britaintɔwo ƒe Dukplɔla Tony Blair

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

ETHIOPIA: Nuɖuɖu si womana nue ame miliɔn 13 kloe nɔa agbe ɖo le dukɔ sia me. Ðevi si le etame hã le wo dome

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

INDIA: Wonaa nuɖuɖu sukuvi siawo le suku

[Picture Credit Lines on page 16]

Etame: © Sven Torfinn/Panos Pictures; ete: © Sean Sprague/Panos Pictures