Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Harmagedon Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ea?

Harmagedon Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ea?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Harmagedon Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ea?

NUKAE nye “Harmagedon”? Kpuie ko la, nya sia fia nɔnɔme si me xexeamedziɖulawo ƒo ƒu ɖo hetsi tre ɖe Mawu kple eƒe Fiaɖuƒe si dzi Yesu Kristo aɖu fia ɖo la ŋu. Le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me la, apostolo Yohanes kpɔ ŋutega aɖe si me xexeamedziɖulawo ƒo ƒu ɖekae eye wotsi tre ɖe Mawu ŋu le teƒe aɖe si woyɔna be Harmagedon le kpɔɖeŋumɔ nu.

Togbɔ be zi ɖeka pɛ koe nya “Harmagedon” dze le Ŋɔŋlɔawo me hã la, wozãnɛ na nu vovovowo egbea. Wozãna nyaa ne wole nu ƒom tso afɔku gãwo kple suewo ŋu, tso ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura to nukliaʋawɔnu aɖe dzi yi kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖomegblẽnuwo dzi. Agbalẽ siwo woƒlena wu ŋlɔlawo dometɔ geɖe kuna ɖe xexeame ƒe nuwuwu alo ɣeyiɣi si ado ŋgɔ teti na Harmagedon ŋu. Le ƒe ewo siwo va yi me la, wodzra agbalẽ aɖe si wota ɖe wo nɔewo yome, si ƒo nu tso tanya sia ŋu, ƒe miliɔn 60 kple edzivɔ.

Ame aɖewo vɔ̃na ne wose Harmagedon ŋu nya. Wosusuna be ŋɔdzidonamelawo, dukɔ siwo doa alɔ aʋawɔwɔ le adza me, kple afɔku siwo ŋu amegbetɔwo mate ŋu awɔ naneke le o, le xexeame kplɔ ge ade afɔku gã aɖe me, si ana be anyigba magate ŋu alé agbe ɖe te o. Ame bubuwo hã xɔe se be le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi la, Mawu ŋutɔ le dziku do ge atsrɔ̃ míaƒe anyigba kple edzinuwo katã. Mɔkpɔkpɔ siawo ɖi vɔvɔ̃ nyateƒe! Ke nukae nye “Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” si nye Harmagedon ŋuti gɔmesese nyuitɔ?—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

Ðe Wole Anyigba la Tsrɔ̃ Gea?

Womele amesiame tsrɔ̃ ge le Harmagedon me o. Aleke míewɔ nya? Biblia na mí kakaɖedzi be “Aƒetɔ la [Yehowa] nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo.” (Petro II, 2:9) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu le eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta la zã ge ɖe mɔ nyuitɔ kekeake nu. Amesiwo tsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu ɖeɖe dzaa dzi koe eƒe dziku ava le Harmagedon. Ame dzɔdzɔewo maku o.—Psalmo 2:2, 9; Mose I, 18:23, 25.

Biblia gblɔ na mí be Mawu atsrɔ̃ “amesiwo gblẽa anyigba la.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Eyata eme kɔ ƒã be menye Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeatsrɔ̃ míaƒe anyigba o. Ke boŋ ele ameƒome vɔ̃ɖi siwo tsia tre ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu la ɖe ge ɖa le edzi. Esia sɔ kple alesi wòwɔe le Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa me.—Mose I, 6:11-14; 7:1; Mateo 24:37-39.

“Ŋkeke Gã Dziŋɔ” Aɖee

Le nyateƒe me la, Biblia me nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu dometɔ geɖe ɖi vɔvɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Yoel ƒo nu tso ‘Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la’ ƒe vava ŋu. (Yoel 3:4) Aʋawɔnu siwo le Mawu ƒe aʋawɔnuwodzraɖoƒe dometɔ aɖewoe nye sno, tsikpewo, anyigbaʋuʋu, dɔvɔ̃, tsidzadza gãwo, dzo kple dzokpe, tɔtɔ gãwo, dzikedzo, kple ŋutilã ƒe ƒaƒã ƒe dɔvɔ̃. * (Hiob 38:22, 23; Xezekiel 38:14-23; Xabakuk 3:10, 11; Zaxarya 14:12, 13) Eye Biblia ƒo nu tso amesiwo woawu le ŋkeke ma dzi ŋu eme kɔ ƒã be woayɔ anyigba dzi, eye womaƒo wo nu ƒu o, eye be woazu abe aɖuɖɔ alo nuɖuɖu ene na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo. (Yeremya 25:33, 34; Xezekiel 39:17-20) Ŋɔdzi alé Mawu ƒe futɔwo le aʋa ma wɔɣi ŋutɔ.—Nyaɖeɖefia 6:16, 17.

Ðe esia fia be ele be nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔ ge le Harmagedon naɖi vɔvɔ̃ na Mawu subɔla vavãwo, siwo nye toɖolawoa? Kura o, elabena Mawu subɔla siwo le anyigba dzi mele gome kpɔ ge le aʋawɔwɔa me o. Gawu la, Yehowa le wo ta kpɔ ge. Ke hã, nu dziŋɔ siwo wɔ ge Mawu le atsɔ aɖe eƒe ŋusẽ afiae le nuku wɔ ge na esubɔla vavãwo.—Psalmo 37:34; Lododowo 3:25, 26.

Eyata enye dzidzɔ ŋutɔ be gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòna mí kakaɖedzi be: “Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo,” siwo dome Harmagedon ŋuti nuxlɔ̃amenyawo hã le, “me ɖe asi.” (Nyaɖeɖefia 1:3; 22:7) Ðe ame aɖe ate ŋu anɔ ŋugble dem tso Harmagedon ŋu akpɔ dzidzɔa? Aleke ŋugbledede tso Harmagedon ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔe?

Mawu Bia be Míawɔ Afɔɖeɖe

Ne ya alo ahomya sesẽ aɖe gbɔna la, nutowo dzikpɔlawo ɖea gbeƒãe be woakpɔ amewo ƒe agbe ta. Be woakpɔ egbɔ be amesiame se nu tso gbeƒãɖeɖea ŋu la, woate ŋu adɔ kpovitɔwo be woaxlɔ̃ nu amewo, alo wodɔna wo ɖe aƒe sia aƒe me. Menye be woado vɔvɔ̃ na amewo tae wowɔa esia ɖo o, ke boŋ be woakpe ɖe wo ŋu woaɖe afɔ siwo ana woanɔ agbe. Amesiwo nye nunyalawo xɔa nuxlɔ̃amenya kple dzidzɔ, eye amesiwo wɔa afɔɖeɖe siwo hiã la kpɔa dzidzɔ be yewoɖo to.

Nenema tututue Mawu ƒe nuxlɔ̃amegbedasi si ku ɖe Harmagedon ƒe “ahomya” si tu aƒe ŋu hã le. (Lododowo 10:25) Yehowa na numeɖeɖe tsitotsito tso eƒe aʋa la ŋu ɖe eƒe Nya si woŋlɔ la me. Menye eƒe didie nye be yeado vɔvɔ̃ na amewo o, ke boŋ be yeaxlɔ̃ nu wo eye yeakpe ɖe wo ŋu woatrɔ dzime eye woaɖo tame kplikpaa be yewoasubɔ ye. (Zefanya 2:2, 3; Petro II, 3:9) Amesiwo ɖea afɔ ma atsi agbe. Eyata mehiã be míavɔ̃ Mawu ƒe ŋkeke ma si le aƒe tum la o. Ke boŋ míate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme kple kakaɖedzi be “woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la.”—Yoel 3:5.—g05 7/08.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Ele be míade dzesii be woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo ɖe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo, alo dzesiwo me. Eyata, míate ŋu alé alesi nyagblɔɖi siawo me nyawo le eme va ge ŋutɔŋutɔe ŋuti gɔmesese ɖeka aɖe ko me ɖe asi kpaɖii o.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ne ya alo ahomya sesẽ aɖe gbɔna la, nutowo dzikpɔlawo ɖea gbeƒãe be woakpɔ amewo ƒe agbe ta

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mawu ƒe nuxlɔ̃amegbedasi ku ɖe Harmagedon ŋu bia be míaɖe afɔ si ana míakpɔ agbe