Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míekpɔ Nane si Nyo Wu

Míekpɔ Nane si Nyo Wu

Míekpɔ Nane si Nyo Wu

ABE ALESI FRANCIS DEL ROSARIO DE PÁEZ GBLƆE ENE

Le ƒe 1988 me la, mía kple nɔvinyeŋutsuwo kpakple hadzilawo ƒe ƒuƒoƒo bubu aɖewo míedzi ha fia ame akpe geɖe siwo ƒo ƒu ɖe New York City ƒe Madison Square Garden, si nye fefewɔƒe aɖe. Nyee ɖu ɣe na míaƒe ƒuƒoƒoa, eye ame geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ŋutɔ. Papae kpe ɖe mía ŋu tso esime míenye ɖeviwo, eye esia na míekpɔ dzidzedze.

E SI hadzilae fofonye ŋutɔ nye ta la, ede dzesii be hadzidzi ƒe ŋutete nɔ nɔvinyeŋutsu adre siwo yome medzɔ ɖo la si. Eyata edzra míaƒe aƒea tsɔ ƒle haƒonuwo kple nu bubu siwo hiã, si na woɖo haƒoha aɖe. Ðevi koe nyea menye ɣemaɣi, elabena ƒe ʋɛ aɖewo koe nye ema va yi tso esime wodzim le ƒe 1966 me. Du si nye Higüey, si le Dominican Republic, mee míaƒe ƒomea nɔ.

Ƒe 1978 mee nɔvinyeŋutsuwo dzi ha fia ƒuƒoƒe aɖe zi gbãtɔ, eye Higüey dua ƒe takpexɔ mee wodzii le. Emegbe woʋu va nɔ fiadua, si nye Santo Domingo me. Wodze merengue haƒoƒo kple hadzidzi ƒe atsyã yeye aɖe gɔme, si ŋu ame geɖe va kpɔ dzidzɔ ɖo ŋutɔ. * Wova yɔa woƒe ƒuƒoƒoa emegbe be Los Hermanos Rosario (Rosario Viŋutsuwo).

Medi be madzi ha kple nɔvinyeŋutsuawo, elabena tso gbaɖegbe ke la, nye didie nye be mava zu ɣeɖula xɔŋkɔ aɖe. Ɣeaɖeɣi si wogayi ha dzi ge le kplɔ̃ɖoƒe aɖe la, nɔvinyeŋutsu Pepe, si nɔ ƒuƒoƒoa nu, kpem be mava ɖu ɣe, hegblɔ be: “Yonyemetɔ nyɔnuvi ɖevitɔwo dometɔ ɖekae Francis nye, eye enya ɣeɖuɖu.” Vavalawo kpɔ dzidzɔ ɖe nye ɣeɖuɖua ŋu ŋutɔ. Mezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ gblɔ na Pepe be medi be manɔ ɣe ɖum na ƒuƒoƒoa. Eyata tso esi mexɔ ƒe 16 ko la, meɖua ɣe le Los Hermanos Rosario hadzihaa ƒe wɔna ɖesiaɖe me.

Mekpɔ Dzidzedze le Nye Ɣeɖuɖua Me

Do ŋgɔ la, nyɔnuwo dzia ha kpena ɖe merengue haƒolawo ŋu, gake nyɔnu aɖeke menɔ to me ɖua ɣe le amewo ŋkume kpɔ o. Mewɔ ɖoɖo ɖe afɔ ɖesiaɖe si maɖe la ŋu, eye mezã ɣeɖuɖu ƒe atsyã yeye aɖe tsɔ ɖua ɣe ɖe míaƒe merengue haƒoƒoa dzi. Amewo va nya nye ɣeɖuɖu ƒe atsyãa ɣeaɖeɣi ale gbegbe be wova da ŋkɔ ɖe edzi be a lo Francis Rosario (abe alesi Francis Rosario ɖunɛ ene).

Merengue ha aɖe nɔ mía si si míeyɔna be “Cumandé,” eye emenyawo dometɔ aɖe gblɔ be: “Y ahora todo el mundo como Francis Rosario” (Eye fifia amesiame le eɖum abe Francis Rosario ene). Amewo nɔ nye ɣeɖuɖu srɔ̃m ɣemaɣi. Ɣeaɖewoɣi la, wonɔa anyi ɖe anyigba nɔa nye ɣeɖuɖua kpɔm le esi teƒe be woawo ŋutɔ hã woaɖu ɣea. Mlɔeba la, nusi míeva tsɔ doa boblo míaƒe ƒuƒoƒoa koe nye nye foto. Amesiame si akpɔ foto ma nyae be Los Hermanos Rosario gale ha dzi ge le afi aɖe.

Esi medze ɣeɖuɖu na nɔvinyeŋutsuawo megbe la, hadzila bubuwo va kpe ɖe míaƒe ƒuƒoƒoa ŋu; ŋutsu etɔ̃ nɔ wo dome, eye woƒe tɔgbuiŋkɔe nye Páez. Wo dometɔ ɖeka, si nye kpẽkula si ŋkɔe nye Roberto, ye meva ɖe. Páez viŋutsuawo va nɔ asi kpem ɖe ƒuƒoƒoa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Los Hermanos Rosario ƒuƒoƒoa va te amekpekpe geɖe xɔxɔ be woava dzi ha le television dzi le Santo Domingo kpakple le dukɔ bubuwo me.

Le ƒe 1988 me la, míeyi hadziƒe le teƒeteƒewo le United States kple Canada. Teƒe siwo míedzi ha le dometɔ ɖekae meyɔ do ŋgɔ, si nye Madison Square Garden fefewɔƒea. Merengue hadziha siwo dzia ha nyuie wu la dometɔ geɖe va afima, eye míaƒe ƒuƒoƒoa ŋue amewo kpɔ dzidzɔ ɖo wu. Le wɔna ma megbe la, ne míeyi ha dzi ge le afi aɖe la, míawoe wotsɔna dana ɖe ɖoɖowɔɖia ƒe akpa mamlɛtɔ ɣesiaɣi. Ame geɖe wu va nɔ nu nyam tso nye ɣeɖuɖua ŋu eye amesiwo Los Hermanos Rosario ƒuƒoƒoa ƒe hawo dzɔa dzi na la va nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Ame gbogbo aɖewoe va nɔ ha siwo míelé ɖi hã ƒlem.

Míezɔ mɔ ŋutɔ, heyi teƒe siwo nye Colombia, Ecuador, Panama, Puerto Rico, Curaçao, Spain, Germany, kple dukɔ bubuwo me. Eteƒe medidi o, míeva zu hadziha si ŋu amewo doa vivi ɖo wu le Latin Amerika dometɔ ɖeka. Ɣeɖuɖu, fefewɔƒea, dzadzraɖo, kple atsyã vovovoawo va zu nu vevitɔwo kekeake nam le agbe me.

Esi menye tre la, megblɔna be ne nunye dzɔ dzi na ŋutsu aɖe evɔ ɣeɖuɖu medzɔa dzi nɛ o la, ekema madzo le egbɔ hafi ava ɖe asi le ɣeɖuɖu ŋu. Gake eteƒe medidi hafi meva tsɔ nu bubuwo nu vevitɔwoe le agbe me o.

Menyɔ ɖe Gbɔgbɔmenuwo Ŋu

Tɔtrɔ sia dze egɔme esime míenɔ ha dzim nɔ yiyim le Canary-ƒukpowo dzi le ƒe 1991 me. Mía kple Roberto míeɖe mía nɔewo eteƒe medidi o. Nɔviaŋutsu Freddy, si hã nɔ ƒuƒoƒoa me, dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo eye woƒe agbalẽwo nɔa eŋu ɣesiaɣi.

Gbeɖeka mekpɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi le Freddy ƒe xɔ me, eye mete ŋku dada ɖe eme. Tanya si nye “Teƒe Ka Ƒomevie Nye Hell?” do dzidzɔ nam ŋutɔ. Nusita wòdo dzidzɔ nam enye be Dada gblɔ nam kpɔ be ne ame aɖe wɔ nu gbegblẽ la, woafia fui le dzomavɔ me. Eyata mevɔ̃na na afima yiyi.

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe, esi míegakpɔtɔ nɔ Canary-ƒukpoawo dzi la, fu ge nam. Esi wokɔm yi kɔdzi la, megblɔ na Roberto be wòaɣe agbalẽ si mekpɔ le Freddy ƒe xɔ me la nam. Medi be maxlẽe esime menɔ hayahayam. Agbalẽa ƒe nu dzɔ dzi nam. Nusiwo mesrɔ̃ le eme dometɔ aɖewoe nye be hell si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la koe nye ameƒomea ƒe yɔdo eye be meva susu me na Mawu kpɔ be wòawɔ funyafunya amewo o. Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi mesrɔ̃e be Biblia fia nu be ame kukuwo menya naneke kura o.—Nyagblɔla 9:5, 10.

Esi míetrɔ yi Dominican Republic la, Freddy ɖo Yehowa Ðasefo aɖe ɖa be wòava srã mí kpɔ. Egblɔ mɔkpɔkpɔ si le Biblia me be amewo anɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi, la ŋu nya na mí, eye esia dzɔ dzi na srɔ̃nye ŋutɔ. (Psalmo 37:29; Luka 23:43) Míebia be woava wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli mí.

Míaƒe Dzidzenuwo Kple Taɖodzinuwo Va Trɔ

Esi Biblia me sidzedze geɖe wu va nɔ asinye sum la, nye susu le dɔ si melɔ̃ vevie ŋu hã va nɔ tɔtrɔm. Biblia ƒe gɔmeɖosewo va te ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe nye tamebubu dzi. (Romatɔwo 12:2) Mebiana ɖokuinye be: ‘Ðe wòsɔ be manɔ ɣe ɖum le afisia alea amewo katã nanɔ kpɔkpɔmaa? Menye nusia dim mele o.’ Medo gbe ɖa na Mawu be, “Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye mado le nɔnɔme sia me.” Meƒo nu tso nye seselelãmewo ŋu na srɔ̃nye, eye seselelãme mawo kee nɔ eya hã me. Egblɔ be: “Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, gbɔ dzi ɖi. Wòe ado le ƒuƒoƒoa me gbã, eye nyea makplɔ wò ɖo emegbe.”

Megava fɔ fu ake, eye esi wònye ema wɔe be nyemegate ŋu ɖua ɣe edziedzi o ta la, ɣeyiɣi nɔ asinye metsɔ dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi le Fiaɖuƒe Akpata me. Esia do ŋusẽ mía kple Roberto, elabena eya hã dena kpekpeawo, si wɔe be míeva kpɔ viɖe si gbegbe le ƒuƒoƒo kple Yehowa ƒe amewo me. Míeva se egɔme be ne míedi be míayi ŋgɔ le Biblia ƒe nyateƒea nyanya me la, ke ehiã be míanɔ nufiame kple dzideƒoname xɔm le Kristotɔwo ƒe kpekpeawo me. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ne míedzo le Dominican Republic yi dɔ wɔ ge le dukɔ bubu me gɔ̃ hã la, mía kple Roberto míebiana afisi Fiaɖuƒe Akpata aɖe le, eye míedea kpekpeawo.

Esi medzi vi megbe la, metrɔ yi dɔa me, gake nye dzi megaku ɖe eŋu ale tututu o. Tɔtrɔa va dze ƒã, eye nyadzɔdzɔgblɔlawo va nɔ nu ƒom tsi tre ɖe ŋunye. Wobianam zi geɖe be, “Nukatae mègale ɣe ɖum abe alesi nèɖunɛ tsã ene o?” Meyi edzi nɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòafiam mɔ si dzi mato ado le eme ale be kuxi nagaɖo mía kple nɔvinyeŋutsuwo dome o. Vaseɖe ɣemaɣi la, meva zu ƒuƒoƒoa ƒe ŋgɔnɔlawo dometɔ ɖeka xoxo, eye nyemedi be dzre aɖeke nado mo ɖa o.

Esi megafɔ fu ake la, megblɔ na Rafa, si va nɔ ŋgɔ na ƒuƒoƒoa le mía nɔviŋutsu Pepe ƒe ku megbe, be medi be mazã ɣeyiɣi geɖe anɔ vinyewo gbɔ eye be nyemegadi be matrɔ va wɔ dɔ kpli wo o. Egblɔ nam be mawɔ nusi mekpɔ be eyae ade dzinye wu. Nɔvinyeŋutsuwo dometɔ aɖeke metsi tre ɖe nye Biblia sɔsrɔ̃ ŋu kpɔ o. Medana akpe ɖe esia ta ŋutɔ.

Agbe Yeye Nɔnɔ le Yehowa Subɔsubɔ Me

Le ƒe 1993 me, si nye ƒuƒoƒoa me nɔnɔ ƒe ewo megbe la, medzudzɔ ɣeɖuɖudɔa eye metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe bliboe na Yehowa. Meva zu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ƒe gbeƒãɖela eye esi Roberto do go le ƒuƒoƒoa me megbe la, míexɔ nyɔnyrɔ le 1994 me. (Mateo 24:14) Freddy kple Roberto nɔviŋutsu mamlɛa si nye Julio siaa va zu Ðasefowo; nenema kee nye Manuel Pérez, si hã nɔ ƒuƒoƒoa me hã. Wo katã wole Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe fifia.

Ame geɖe mese nusitae meɖe asi le modzakaɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu o, elabena wonyae be mekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu tsã ŋutɔ. Ame aɖewo susu be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe wòanye, abe alesi television dzi wɔna dzikpɔla aɖe si wonya nyuie le míaƒe dukɔa me gblɔe ene. Egblɔe ɖi be: “Abe alesi ko wònɔna le fefewɔla bubuwo gome ene la, ato esia me kpuie, eye wòagbugbɔ ava ƒuƒoƒoa me.” Gake eƒe nyaa meva eme kpɔ gbeɖe o. Meɖoe kplikpaa be matsɔ ɖokuinye ana bliboe alesi mate ŋui asubɔ Yehowa.

Vi etɔ̃e le mía si fifia: Katty, Roberto, kple Obed. Míedzea agbagba fiana wo be gbɔgbɔmenuwoe nye nusiwo le vevie wu le agbe me, ke menye ŋutilãmenuwo o. Nusiwo me mía ŋutɔwo míeto na míesu te nyuie axlɔ̃ nu wo tso amebleŋusẽ si le xexe sia si ŋu ahana mɔfiame nyuiwo wo le agbe me. Ƒomenusɔsrɔ̃ si míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa ɖea vi ŋutɔ, elabena ekpena ɖe mía ŋu míewɔa ɖeka le xexe sia si me ƒome geɖe le mamam le me.

Míedzea agbagba be míafia mía viawo be woabu Yehowa ame ŋutɔŋutɔ si dzi woate ŋu aka ɖo. (Lododowo 3:5, 6; Hebritɔwo 11:27) Míeɖena alesi Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me le vevii fiana wo. Nunana xɔasi aɖe ŋutɔe wònye na mí be míakpɔe mía viwo nanɔ tsitsim le Biblia ƒe nyateƒea nyanya me. Ƒe evee nye esia menye kpekpeɖeŋu mɔɖela, si nye ŋkɔ si Yehowa Ðasefowo yɔna na amesiwo ɖea gbeƒã gaƒoƒo 50 alo esi wu ema tsɔ ɖea Biblia me dzixɔsewo me na amewo ɣleti sia ɣleti. Eye ƒe aɖewoe nye esia si srɔ̃nye nye hamemetsitsi le Kristo-hamea me.

Megabua merengue kokoko be enye ɣeɖuɖu nyui aɖe. Gake nublanuitɔea, merengue haƒoƒo siwo bɔ egbea to vovo sã na alesi wonɔ tsã. Wo katã kloe nyo tsã hafi. Gake egbea ya, ele be nàtia merengue haƒoƒowo me nyuie hafi akpɔ esi sɔ.

Alesi Yehowa Subɔsubɔ De Ŋgɔe

Nu geɖewo le xexea si wòdona ɖe ame gbɔ, gake ele be ame nalé ŋku ɖe nusi le megbe na wo katã ŋu. Aleae wòle le hadzidzi gome, elabena ate ŋu adze le gota abe nu nyui aɖe si me afɔku aɖeke mele o ene. Evɔ mele nenema hafi o. Hadzila kple ɣeɖula geɖe zãna atikevɔ̃ɖi henɔa agbegbegblẽ. Hadzidzi be amewo nakpɔ nana wova nɔa ha dem kple amesiwo nɔa agbe na fifi ɣeyiɣi ko, siwo si dzitsinya ɖɔʋu aɖeke mele o.—Korintotɔwo I, 15:33.

Míeva kpɔe dze sii be nu nyuitɔ kekeake si ame ate ŋu awɔe nye be wòasubɔ Yehowa. Meɖo ŋkui be esi megbɔ tso fefe gã aɖe wɔƒe gbeɖeka la, meva nɔ tame bum be taɖodzinu aɖeke mele agbea ŋu o. Meva kpɔe fifia be esi míenɔ nusiwo hiã wu, siwo nye míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo, gbɔ kpɔm o tae.—Mateo 5:3.

Nusi le vevie na mí le agbe me fifiae nye be míadze mía Wɔla ŋu, vevietɔ to gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kple efiafia amewo dzi. (Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 20:35) Esia wɔwɔ nana dzidzɔ kple dzidzeme mí le ƒomea me. Míedana akpe ale gbegbe be míele Mawu ƒe amewo dome eye be xɔlɔ̃ vavãwo le mía si—nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu haxɔsetɔwo—siwo hã le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me.—Marko 10:29, 30; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Modzakaɖeɖe na amewo ƒe dɔ si míewɔ na míekpɔ ga geɖe le xexeame. Gake esi míeva nya mía Mawu, Yehowa la, míeva kpɔ gbɔgbɔmekesinɔnu siwo ɖea vi na ame boo wu ŋutilãmekesinɔnuwo. Dzi le mía dzɔm ale gbegbe be míele Mawu si si tameɖoɖo le, Mawu dzidzɔtɔ si le mía kpem be míaɖo ŋu ɖe ye ŋu, la subɔm! (Psalmo 37:3) Kakaɖedzi blibo le mía si be míekpɔ nane si nyo sasasã wu ŋkɔxɔxɔ kple ŋutilãmekesinɔnuwo, eye míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu mía kple míaƒe ƒomea míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu tegbee.—g05 8/22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Merengue nye haƒoƒo aɖe si dzi woɖea afɔ ɖo ɖeka, ɖeka, heɖua ɣe ɖe edzi hã. Le gɔmedzedzea me la, merengue nye ha si wozãna saŋku si me wohena, gakogoe, kple tambora (si nye ʋu sue nueve aɖe) tsɔ ƒonae. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wova ɖo ƒuƒoƒo gãwo (siwo woyɔna hã be orquestas le Dominican Republic). Egbea la, merengue haƒoha geɖe zãna elektrɔnik saŋku alo haƒomɔ̃, dze siwo ƒe gbe bɔbɔ, kpẽwo, kple ʋu siwo woƒona kple asi si woyɔna be conga, kpakple haƒonu bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mía kple ƒuƒoƒoa me tɔ bubuwo, esi meɖo eme teti

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Míele ha dzim le fefewɔƒe aɖe le New York City, le ƒe 1990 lɔƒo

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Le Fiaɖuƒe Akpataa ƒe ŋku me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Foto si le eme: Míele Biblia srɔ̃m le ƒomea me