Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Xexe Sia Ðo Tae?

Afikae Xexe Sia Ðo Tae?

Afikae Xexe Sia Ðo Tae?

ALEKEE nɔnɔmeawo ava nɔ le ƒe 10, 20, alo 30 siwo gbɔna me? Ne míelé ŋku ɖe alesi nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname va bɔe egbea ŋu la, etsɔme ŋu bubu ate ŋu aɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ. Mɔ̃ɖaŋununya le dzidzedze kpɔm. Xexeame dukɔwo ƒe asitsatsa kple wo nɔewo wɔe be dukɔ geɖe nɔa agbe ɖe adzɔnu siwo wokpɔna tsoa wo nɔewo gbɔ nu. Ðe xexeame ŋgɔnɔlawo le ɖeka wɔ ge ahahe etsɔme nyui aɖe vɛa? Ame aɖewo ɖoa eŋu be ẽ, hele mɔ kpɔm be kaka ƒe 2015 naɖo la, xexeame ŋgɔnɔlawo atsi hiãkame kple dɔwuame nu, akpɔ egbɔ be AIDS mayi edzi anɔ kakam o, ana amesiwo mekpɔa tsi nyui nona o, eye wole nuto ƒoɖiwo me ƒe xexlẽme dzi naɖe akpɔtɔ aɖo afã.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye, “Didi Dzodzro Kple Nusi Li Ŋutɔŋutɔ.”

Ke hã, zi geɖe la, etsɔme si amegbetɔwo kpɔa mɔ na nyena beble sɔŋ. Le kpɔɖeŋu me, ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia la, agbalẽnyala gã aɖe gblɔ be kaka ƒe 1984 naɖo la, agbledelawo ade agble ɖe ƒu gɔme; bubu gblɔ be kaka ƒe 1995 naɖo la, kɔmpiutawo anɔ ʋuwo ŋu be womakpe ŋgo azɔ be afɔku nadzɔ o; eye bubu hã gblɔ be kaka ƒe 2000 naɖo la, ame abe 50,000 ene le aƒe tso ge ɖe yamenutowo me ahanɔ dɔ wɔm le afima. Ðewohĩ amesiwo do ŋugbe mawo va kpɔe fifia be ne ɖe yewonya la, anye ne yewomia yewoƒe nu kpoo. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Nusi doa xexeame nunyalawo movitɔwoe wue nye alesi wodoa ŋugbe evɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woƒe ŋugbedodowo mevana eme o.”

Nusi Afia Mɔ Mí

Amewo gblɔa nya gbogbo aɖewo ɖi ɖe etsɔme ŋu, gake ɣeaɖewoɣi la, nusiwo wokpɔa mɔ na nyena didi siwo le wo me dzro ko, womenyea nu ŋutɔŋutɔwo o. Eyata afikae míate ŋu atrɔ ɖo hena etsɔme ŋuti nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le?

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be èɖo ʋu hele mɔ zɔm le dzronyigba aɖe dzi. Esi mènya nutoa me nyuie o ta la, ètsi dzodzodzoe le ɖokuiwò me. Ne èli sẽe la, ebiana ɖokuiwò be: ‘Afika koŋue nye esia mele ya? Afisi yim mele tututue ʋu sia ɖo tae fifia? Teƒea gadidi tso afisia?’ Àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na wò biabiawo to ŋku léle ɖe mɔfianu kple dzesi siwo le mɔa dzi ŋu to wò fesre nu.

Nenemae nɔnɔmea le egbea le ame geɖe siwo tsi dzodzodzoe ɖe etsɔme ŋu gome. Wobiana be: ‘Afikae míeɖo tae? Ðe míeɖo ta xexeame ƒe ŋutifafa gbɔ vavãa? Ne nenemae la, ke gbekagbee míaƒe asi akae?’ Biblia le abe mɔfianu ene, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia mawo ŋu. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso afisi míeɖo kple afisi míeɖo tae ŋu to míaƒe “fesre” nu—si nye to Biblia xexlẽ nyuie—kple to ŋku léle ɖe xexeme nudzɔdzɔwo ŋu me. Gake gbã la, ele be míade ŋugble tso alesi míaƒe kuxiwo wɔ dze egɔmee ŋu.

Gɔmedzedze Wɔnublanui Aɖe

Biblia gblɔ na mí be esi Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔwo la, wode blibo, eye wòtsɔ wo da ɖe paradiso aɖe me. Wowɔ Adam kple Xawa be woanɔ agbe tegbee—menye be woanɔe hena ƒe 70 alo 80 ko o. Mawu gblɔ na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be Adam, Xawa, kple woƒe dzidzimeviwo nakeke Paradisobɔa ɖe nu wòaɖo xexeame ƒe akpa ɖesiaɖe.—Mose I, 1:28; 2:8, 15, 22.

Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu. Emetsonue nye be wobu Paradiso, si nye woƒe aƒea. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, wodze egɔme nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm vivivi, gake eyi edzi kabakaba vaseɖe esime woƒe ŋutilã kple susu dome gblẽ mlɔeba. Gbesiagbe la, Adam kple Xawa ɖea afɔ ɖeka ɖoa ta yɔdo gbɔ. Nukatae? Elabena woto tsitre tsitsi ɖe wo Wɔla ŋu me wɔ nuvɔ̃, eye “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.”—Romatɔwo 6:23.

Hafi Adam kple Xawa naku mlɔeba la, wodzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo. Ðe ɖevi siawo ate ŋu ana Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔa nava emea? Ao, elabena wonyi wo dzilawo ƒe blibomademade ƒe dome. Le nyateƒe me la, Adam ƒe dzidzimeviwo katã, tso dzidzime ɖeka dzi yi bubu dzi, nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome. Míawo hã míele eme. Biblia gblɔ be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 3:23; 5:12.

Afisi Míeɖo Nyanya

Adam kple Xawa ƒe aglãdzeɣie ameƒomea ƒe kpɔɖeŋu mɔzɔzɔ legbe, si me vevesese le vaseɖe míaƒe ŋkekea me, la dze egɔme. Biblia ŋlɔla aɖe ƒo nu tso eŋu be “wobɔbɔ” ameƒomea ɖe “gbegblẽ la te.” (Romatɔwo 8:20) Aleke gbegbee nya mawo ɖɔ ameƒomea ƒe dagbadagba ɖe yame wòsɔe nye si! Wò ya bu eŋu kpɔ ko, Adam ƒe dzidzimevi ŋutsu kple nyɔnuwo dometɔ aɖewo va zu dzɔdzɔmeŋutinunyala tagbɔɖaɖɛtɔwo, atikeŋutinunyala bibiwo, kple mɔ̃ɖaŋununya yeye tovɛlawo. Ke hã, wo dometɔ aɖeke mete ŋu he xexeme ƒe ŋutifafa kple lãmesẽ me nɔnɔ nyuitɔ si Mawu ɖo na amegbetɔwo vɛ kpɔ o.

Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea gblẽ nu le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu etɔxɛ. Le kpɔɖeŋu me, mía dometɔ kae madzɔmadzɔnyenye ƒe fukpekpe, vɔvɔ̃ na nuvlowɔwɔ, dɔmavɔleameŋu ƒe fuɖename, alo nuxaxa si ame vevi ƒe ku hena vɛ, mevena o? Edze ƒã be ne nɔnɔmeawo wɔ abe ɖe woka ɖe eme na mí vie ene ko la, afɔku bubu gava gblẽa eme. Le nɔnɔme nyuitɔwo kura gɔ̃ hã me la, míaƒe agbenɔƒewo le ko abe alesi blemafofo Hiob ɖɔe ene, esime wògblɔ be: “Amegbetɔ . . . , eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.”—Hiob 14:1.

Ne míebu afisi míedzɔ tso kple nɔnɔme wɔnublanui siwo me míele fifia ŋu la, adze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be nuwo ava nyo o ene. Gake Biblia na mí kakaɖedzi be Mawu maɖe mɔ nɔnɔme siawo nayi edzi tegbee o. Eƒe tameɖoɖo gbãtɔ na amegbetɔ ava eme godoo. (Yesaya 55:10, 11) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be esia le eme va ge kpuie?

Le Biblia ƒe nya nu la, míele ɣeyiɣi sesẽ, siwo woyɔna be ŋkeke mamlɛawo, me tom fifia. (Timoteo II, 3:1) Nya ma mefia míaƒe anyigba sia kple eme nu gbagbewo katã ƒe nuwuwu o. Ke boŋ, efia ‘amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo ƒe nuwuwu’; eyata nɔnɔme siwo doa nuxaxa na mí ƒe nuwuwue gogo. (Mateo 24:3) Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔwo kple amewo ƒe nɔnɔme siwo abɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋu. De dzesi wo dometɔ aɖewo le aɖaka si le axa 8, eye nàlé ŋku ɖe xexeame nudzɔdzɔwo ŋu. Míaƒe mɔfianu, si nye Biblia, kpe ɖe mía ŋu míenya be afisi míeɖo fifia gogo amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo ƒe nuwuwu ŋutɔ. Gake, nukae adzɔ ɖe esia yome?

Nusi Etsɔme Ahe Vɛ

Le Adam kple Xawa ƒe aglãdzedze megbe teti la, Mawu gblɔ tameɖoɖo si nɔ esi be yeaɖo Fiaɖuƒe aɖe “si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o” anyi ŋuti nya. (Daniel 2:44) Fiaɖuƒe mae wofia ame geɖe be woado gbe ɖa abia le ‘Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa’ la me, eye ele yayra manyagblɔwo he ge vɛ na ameƒomea.—Mateo 6:9, 10.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea menye nane ko le ame ƒe dzi me o. Enye dziƒo dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si ahe tɔtrɔ va anyigba dzie. Wò ya bu nusiwo Mawu do ŋugbe be yeato Fiaɖuƒea dzi awɔ na ameƒomea ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be gbã la, Mawu “[atsrɔ̃] amesiwo gblẽa anyigba la.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Nuka wòawɔ na amesiwo ɖoa toe ya? Eƒe Nyaa gblɔ be atutu “aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ðe amegbetɔ aɖe li ate ŋu awɔ nu mawoa? Mawu ɖeka koe ate ŋu ahe nɔnɔme siwo wòɖo ɖe ameƒomea ŋu la vɛ.

Aleke nàwɔ be yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ naɖe vi nà wò? Yohanes 17:3 gblɔ be: ‘Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.’ Yehowa Ðasefowo le nufiafiadɔ aɖe wɔm le xexeame godoo hele kpekpem ɖe amewo ŋu be sidzedze ma nasu wo si. Wole dɔ sia wɔm le anyigba siwo ade 230 dzi, eye wotana woƒe agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 400 me. Ne èdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe akpee la, ke kpɔ Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g1/06.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Azɔ la, mise ɖa, mi amesiwo gblɔna be: ‘Egbe alo etsɔ míele du si alo ekemɛ me yi ge. Míanɔ afima ƒe ɖeka atsa asi eye míakpɔ viɖe.’ Mienya nusi le dzɔdzɔ ge etsɔa?”—Yakobo 4:13, 14, Nubabla Yeye La

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Biblia gblɔ afisi míedzɔ tso ŋu nya tso ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ dzi. Eyata míenya afisi míedzɔ tso. Eɖe afisi míeɖo tae hã fia mí. Gake, be míase nusi tututu gblɔm Biblia le gɔme la, ele be míasrɔ̃e nyuie abe alesi míadi be míalé ŋku ɖe mɔfianu aɖe ŋu tsitotsitoe ene

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Nuvɔ̃” ate ŋu anye nuwɔna gbegblẽ alo didi si hea ame dea nugbegblẽwɔwɔ me. Wodzi mí ɖe nuvɔ̃ me, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi. “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nuvɔ̃ o.”—Nyagblɔla 7:20

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Ne woƒo akplẽ ɖe agba si ƒe akpa aɖe bɔ ɖe me la, agbaa ƒe dzesi aɖe ɖe akplẽa ŋu godoo. Adam ye nye agba si ƒe akpa aɖe bɔ la, eye míawoe nye akplẽ siwo woƒo ɖe eme—eyata nuvɔ̃ lé ɖe mía ŋu abe dzesi ene. Dzesi ma kee lé ɖe “ame gbãtɔ” Adam ŋu esime wòwɔ nuvɔ̃

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Biblia gblɔ be: “Ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Nya sia na míese nusitae amegbetɔ dze agbagba be yeahe xexeme ŋutifafa vɛ ʋuu do kpoe la gɔme. Womewɔe be ‘wòafia mɔ eɖokui’ Mawu manɔmee o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Biblia me hakpala aɖe gblɔ na Mawu be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Psalmo 119:105) Ne nyametsotsowo wɔwɔ dze ŋgɔ mí la, Biblia kpena ɖe mía ŋu abe akaɖi ene be míanya nusi míawɔ. Eklẽna ɖe ‘mía toƒe abe kekeli’ ene bene míate ŋu anya nusi etsɔme ahe vɛ na ameƒomea

[Aɖaka si le axa 7]

DIDI DZODZRO KPLE NUSI LI ŊUTƆŊUTƆ

Le September 2000 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo me nɔlawo ɖo taɖodzinu aɖewo be kaka ƒe 2015 naɖo la, ele be yewoaɖo wo gbɔ. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

Ame dahe siwo mekpɔa ga wòdea dɔlar ɖeka gbeɖeka o, kple amesiwo le dɔwuame ƒe fu kpem la ƒe xexlẽme naɖiɖi va ɖo afã.

Woakpɔ egbɔ be ɖevi ɖesiaɖe nawu gɔmedzesuku dede nu.

Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nasɔ ta le sukudede kple hehexɔxɔ me.

Ðevi siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ o dometɔ eve le etɔ̃ ɖesiaɖe dome magaku azɔ o.

Woakpɔ egbɔ be nyɔnu 75 le alafa me magaku le vidzidzi ta o.

Woatɔ te HIV/AIDS kple dɔléle bubuwo, abe asrãdɔ ene, ƒe nugbegblẽ.

Amesiwo mekpɔa tsi nyui nona o ƒe afã nakpɔ tsi nyui ano azɔ.

Taɖodzinu mawo gbɔ anya ɖoa? Esi lãmesẽdɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, siwo tso xexeame godoo, de ŋugble tso nɔnɔmeawo ŋu le ƒe 2004 me la, woƒo nya ta be, togbɔ be yewole mɔ kpɔm be nuwo anyo hã la, nusiwo yewote ŋu wɔ mesɔ kple nusiwo ƒe ŋugbe yewodo henɔ gbɔgblɔm be etsɔme nyui aɖe gbɔna la o. Agbalẽ si nye State of the World 2005 ƒe ŋgɔdonya gblɔ be: “Hiãkame kpɔtɔ le nu gblẽm le ŋgɔyiyi siwo wɔm wole ŋu le teƒe geɖe. Dɔlélewo abe HIV/AIDS ene le kakam ale gbegbe be ate ŋu agblẽ nu le dukɔ geɖewo ƒe lãmesẽnyawo ŋu. Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, dɔléle, siwo woxɔna to tsi nyui manomano me, siwo woate ŋu axe mɔ na hafi, wu ɖevi miliɔn 20, eye ame miliɔn gbogbo aɖewo hã le nɔnɔme wɔnublanui kple tsi nyui manomano, kpakple teƒe ƒoɖiwo nɔnɔ ƒe fu kpem gbesiagbe.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

“ŊKEKE MAMLƐAWO” ƑE DZESIA ƑE AKPA AÐEWO

Aʋawɔwɔ siwo ɖeke mesɔ kple o.​—Mateo 24:7; Nyaɖeɖefia 6:4

Dɔwuame.​—Mateo 24:7; Nyaɖeɖefia 6:5, 6, 8

Dɔvɔ̃wo.​—Luka 21:11; Nyaɖeɖefia 6:8

Sedzimawɔwɔ ƒe dzidziɖedzi.​—Mateo 24:12

Anyigba la gbegblẽ.​—Nyaɖeɖefia 11:18

Anyigbaʋuʋu gãwo.​—Luka 21:11

Ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ.​—Timoteo II, 3:1

Galɔlɔ̃ vivivo.​—Timoteo II, 3:2

Tomaɖomaɖo dzilawo.​—Timoteo II, 3:2

Ame malɔ̃malɔ̃.​—Timoteo II, 3:3

Agbeɖuɖu lɔlɔ̃ wu Mawu lɔlɔ̃.​—Timoteo II, 3:4

Ðokuidzimaɖumaɖu.​—Timoteo II, 3:3

Nunyuimalɔ̃malɔ̃.​—Timoteo II, 3:3

Ðekematsɔmatsɔ le afɔku si gbɔna me.​—Mateo 24:39

Fewuɖulawo agbe ŋkeke mamlɛawo ŋuti kpeɖodzi la xɔxɔ.​—Petro II, 3:3, 4

Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea le xexeame katã.​—Mateo 24:14

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© G.M.B. Akash/Panos Pictures

© Paul Lowe/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Wonya Yehowa Ðasefowo be woawoe le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia