Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ahamuame Mazamazã Nyuie Ele Nu Gblẽm Le Hadome Ŋutɔ

Ahamuame Mazamazã Nyuie Ele Nu Gblẽm Le Hadome Ŋutɔ

Ahamuame Mazamazã Nyuie Ele Nu Gblẽm Le Hadome Ŋutɔ

NU EVEE le ahamuamewo nono ŋu: ɖeka nye dzidzɔnya gake evelia ya nye nublanuinya. Biblia gblɔ be ahamuame nono ɖe ŋku ŋu ate ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔ. (Psalmo 104:15) Ke hã, Biblia gaxlɔ̃ nu be emazamazã nyuie ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu, alo awu ame kura gɔ̃ hã, abe da vɔ̃ɖi ƒe ame ɖuɖu ene. (Lododowo 23:31, 32) Na míalé ŋku ɖe nusi gbegbe ahamuame mazamazã nyuie gblẽna ŋu kpɔ.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde gblɔ be: “Ʋukula ahanomunɔ aɖe zɔ vidada si xɔ ƒe 25 kple viaŋutsu ƒe-eve-vi dzi Memleɖagbe. . . . Ðetugbuia ku le Kwasiɖagbe, eye ɣleti ade ƒe fu nɔ eƒo. Viaŋutsua, si hã xɔ abi ɖe ta vevie la, mele nyuiƒe o.” Nublanuitɔea, nya sia tɔgbe dzɔna edziedzi. Ðewohĩ wò ŋutɔ ènya ame aɖe si dze afɔku le eya ŋutɔ alo ame bubu aɖe ƒe ahamumu ta. Ame akpe geɖewoe kuna ƒe sia ƒe alo xɔa abi le afɔku siwo ahanono hena vɛ ta.

Amesiwo Kuna

Amesiwo kuna le xexeame le ahamuame mazamazã nyuie ta la mele xexlẽ me o. Le kansa kple dzidɔ megbe la, ahamumue nye nu etɔ̃lia si koŋ ta amewo kuna ɖo le France, eye ame 50,000 kloe ye wòwuna. Nyatakaka aɖe si Franseawo ƒe Lãmesẽ Dɔwɔƒea na la gblɔ be esia “sɔ kple ame alafa geɖe siwo aku kwasiɖa sia kwasiɖa le yameʋu gã eve alo etɔ̃ ƒe gege ta.”

Sɔhɛwo koŋ domee ahamuame kpɔa ame wuna le wu. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe si wota le ƒe 2001 me gblɔ be ahamuame koŋ ye wua Europa ŋutsu siwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 29. Wogblɔe ɖi be eteƒe madidi o le Ɣedzeƒe Europa dukɔ aɖewo me la, ahamuame mazamazã nyuie awu sɔhɛ 1 le 3 ɖesiaɖe dome le teƒe mawo.

Ŋutasesẽ Kple Amewo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe

Ahamuame nana wowɔa ŋutasẽnuwo. Ahanono ate ŋu ana ame magabu tame alo awɔ nu le hadome nyuie o, eye ate ŋu ana ame nabu susu vɔ̃ ɖe ame bubuwo ŋu, si ate ŋu ana wòawɔ nu ɖe wo ŋu ŋutasesẽtɔe.

Ŋutasesẽ le aƒeme kple amewo gbɔ dɔdɔ sesẽe ƒe akpa gã aɖe tsoa ahamuame gbɔ. Numekuku aɖe si Franseawo wɔ le gamenɔlawo ŋu la na wosusui be ne woma amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe alo esiwo wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na la ɖe akpa etɔ̃ la, ahamuamee na wowɔ nu mawo ɖe akpa eve ŋu. Magazine si nye Polityka de dzesii be numekukuwo ɖee fia be le Poland (Pologne) la, nyɔnu siwo srɔ̃wo nye ahanomunɔwo dometɔ 75 le alafa me nye esiwo ŋu wosẽa ŋuta lena. Numekula aɖe bu akɔnta be “ahamuame zazã wɔe be amewuwu dzi ɖe edzi zi eve le ɖeviwo kple tsitsiwo siaa gome, eye be afɔku li [kura gɔ̃ hã] be ahanolawo ate ŋu awu amesiwo menoa aha o, siwo woa kpli wo le aƒeme la bɔbɔe.”—Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe si Kpɔa Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe Nyawo Gbɔ.

Nusi Wògblẽna le Hadome

Ne wobu ga si wogblẽna ɖe lãmesẽnyawo kple nugblẽfewo xexe ŋu, kpakple dɔwɔwɔ si dzi ɖena kpɔtɔna le afɔku, dɔléle, alo ku kpata ta la, ewɔa nuku na ame. Wogblɔ be ahamuame mazamazã nyuie gblẽa ga dɔlar miliɔn 1,000 ya teti na Ireland dukɔa me tɔ miliɔn eneawo ƒe sia ƒe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Irish Times yɔ nyatakakatsoƒe aɖe ƒe nyawo gblɔ be ga ma sɔ kple “esi woazã atsɔ atu kɔdzi kple bɔlƒoƒe ɖeka, eye woagaƒle yameʋu ɖeka na Dudɔnunɔla ɖesiaɖe ƒe sia ƒe.” Le ƒe 1998 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Mainichi Daily News ka nya ta be ga si ahatsunono gblẽna le Japan la “sɔ gbɔ wu yɛn miliɔn teƒe miliɔn 6 [United States dɔlar miliɔn 55,000] ƒe sia ƒe.” Nyatakaka aɖe si wona United States Dukɔa ƒe Sewɔtakpekpea gblɔ be: “Le ƒe 1998 ɖeɖe me la, ga si ahamuame mazamazã nyuie gblẽ na dukɔa nɔ dɔlar miliɔn 184,600, alo ne woamae ɖe ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi ɖesiaɖe si le Amerika nu la, ele dɔlar 638 na ame ɖeka.” Èbu vevesese si hã ahamumu ahe va ƒome siwo gbã alo esiwo dzi ku dzɔ ɖo la dzi, kpakple alesi wòahe agbalẽsrɔ̃nyawo kple dɔwɔɖui ɖe megbe hã ŋua?

Mesesẽ be ame nakpɔ nusi gblẽm ahamuame mazamazã nyuie le le hadome kura o. Ðe alesi nènoa ahae dea wò ŋutɔ alo ame bubuwo ƒe lãmesẽ afɔku mea? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.—g05 10/8.