Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Míaƒe Nuxlẽlawo

Na Míaƒe Nuxlẽlawo

Na Míaƒe Nuxlẽlawo

MÍEWƆ tɔtrɔ aɖewo le ɖoɖo si nu míetaa Nyɔ! ƒe magazine la ɖo ŋu tso tata sia dzi. Togbɔ be nanewo atrɔ hã la, nu geɖe anɔ abe alesi wole tsã ene.

Taɖodzinu si ta wotaa Nyɔ! ɖo ƒe geɖe enye esia la metrɔ o. Abe alesi woɖe emee le axa 4 ene la, “wota magazine sia be wòakɔ nu me na ƒome bliboa.” Ekua xexeame nudzɔdzɔwo me, eƒoa nu tso dukɔ geɖe me tɔwo ŋu, edzroa alesi nuwɔwɔwo wɔ nukui me, eƒoa nu tso lãmesẽnyawo ŋu, eye wòdzroa dzɔdzɔmeŋutinunya me eme kɔna na amesiwo mesrɔ̃ nu tso eŋu o gɔ̃ hã. Nyɔ! ayi dzi akɔ nu me na míaƒe nuxlẽlawo eye wòana woanɔ ŋudzɔ ɖe xexe sia me nudzɔdzɔwo ŋu.

Nyɔ! ƒe Eŋlisigbe me tɔ do ŋugbe le eƒe August 22, 1946 ƒe tata me be: “Magazine sia ƒe taɖodzinu kɔkɔtɔ kekeake anye be wòagblɔ nyateƒenyawo.” Nyɔ! wɔ eƒe ŋugbedodo ma dzi eye wòyi edzi ku ɖe nyati siwo nye nyateƒe ŋutɔŋutɔ ŋu. Eyata wokua nu me tsitotsito le nyati ɖesiaɖe ŋu be woakpɔ egbɔ be wode pɛpɛpɛ. Gake magazine sia ɖee fia be ‘yelé nyateƒe la me ɖe asi’ le mɔ vevi bubu aɖe kura hã nu.

Togbɔ be Nyɔ! hea exlẽlawo ƒe susu yia Biblia dzi ɣesiaɣi hã, tso tata sia dzi la, Nyɔ! aƒo nu tso Biblia me nyatiwo ŋu geɖe fifia wu tsã. (Yohanes 17:17) Nyɔ! ayi edzi afia alesi Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le fifia. Le kpɔɖeŋu me, Biblia me mɔfiame geɖe dzena le nyati siwo nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” kple “Biblia ƒe Nukpɔsusu” me, eye míayi edzi anɔ nyati mawo tam. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Nyɔ! ayi edzi ahe exlẽlawo ƒe susu ayi Biblia me ŋugbedodo si ku ɖe ŋutifafa xexe yeye si ava xɔ ɖe fifi nuɖoanyi mawɔsedzi sia teƒe kpuie la dzi.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nuka hãe ato vovo? Tso tata sia dzi la, Nyɔ! ado zi ɖeka ɣleti sia ɣleti ɖe gbegbɔgblɔ 82 siwo me wotanɛ ɖo la dometɔ akpa gãtɔ me (tsã la, míetanɛ zi eve ɣleti sia ɣleti ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me). * Akpa si nye “Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu” si dzena edziedzi tso ƒe 1946 me la magaxɔ axa eve azɔ o, ke boŋ anɔ axa ɖeka dzi le tata ɖesiaɖe me fifia. Nu yeye dodzidzɔname aɖe si adze le tata ɖesiaɖe ƒe axa 31 lia tso fifia enye “Aleke Nàɖo Wo Ŋui?” Nukawoe anɔ eme, eye aleke nàwɔ wo ŋudɔe?

Trɔ ɖe tata sia ƒe axa 31 ŋu nàkpɔ. Nusiwo le afima ƒe akpa aɖewo ado dzidzɔ na ɖeviwo. Eƒe akpa bubuwo ado amesiwo Biblia sɔsrɔ̃ dzɔa dzi na la ƒe susu akpɔ. Le kpɔɖeŋu me, akpa si nye “Ɣekaɣie Wòdzɔ?” akpe ɖe ŋuwò nànya ɣeyiɣi si me amesiwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ anyi, kple ɣeyiɣi si me nu vevi aɖewo dzɔ. Woata biabiawo dometɔ geɖe ƒe ŋuɖoɖowo ɖe axa bubu dzi ahatrɔ woƒe ta ɖe gɔme. Gake woakpɔ akpa si nye “Tso Tata sia Me” me biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo le magazinea me nyati vovovoawo me. Ðe manyo ŋutɔ be nàwɔ numekuku tso biabiawo ŋu hafi akpɔ ŋuɖoɖoawo ale be nàte ŋu aka nusiwo nèsrɔ̃ ta na ame bubuwo oa? Miate ŋu azã nu yeye siawo le miaƒe Biblia me dzodzro me le ƒomea me alo le ƒuƒoƒo kple xɔlɔ̃wo me.

Le ƒe 60 siwo va yi me la, Nyɔ! do ŋugbe ku ɖe eme nyatiwo ŋu be: “Magazine sia adze agbagba ɖesiaɖe be emenyawo nado dzidzɔ na amewo le xexeame ƒe akpa ɖesiaɖe. Emenyawo alé dzi na dzianukwaretɔwo le dukɔ sia dukɔ me. . . . Tsɔɖui anɔ magazinea me nyawo me, . . . nufiame anɔ eme, eye wòado dzidzɔ na ame akpa gãtɔ siwo nye ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.” Nyɔ! xlẽla siwo le xexeame godoo alɔ̃ ɖe edzi be ewɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi. Míeka ɖe edzi na wò be ayi edzi awɔ ɖe edzi.

Etalawo

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Míetana Nyɔ! zi ɖeka ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe ɖe Eʋegbe kple gbe bubu aɖewo me, eyata nu yeye vovovo siwo ŋu míeƒo nu tsoe la katã madze le gbe siawo me tɔwo ya me o.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Woyɔe le Eŋlisigbe me le ƒe 1919 me be “The Golden Age,” wotrɔ ŋkɔa wòzu “Consolation” le ƒe 1937 me, eye wogatrɔe wòzu “Awake!” tso ƒe 1946 me

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

“Nyɔ!” hea exlẽlawo ƒe susu yia Biblia dzi ɣeawokatãɣi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Tuwo: U.S. National Archives photo; ɖevi dɔwuitɔ: WHO photo by W. Cutting