Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne vi ku na ame

Ne vi ku na ame

Ne vi ku na ame

▪ Ame ƒe vi ƒe ku nyena nu sesẽ aɖe ŋutɔ, vevietɔ na vidadaa. Vidada aɖe si ƒe ƒe-16 viŋutsu dzo fiã wòku le afɔku dziŋɔ aɖe me la gblɔ be: “Mawu melɔ̃na be mí vidadawo míaku ɖe mía viwo teƒe o, eye melɔ̃na míekuna kple ɖeviawo hã o.”

Ke hã, mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o, elabena egblɔ be: “Mawu gblɔ nyateƒenya siwo ku ɖe ku ŋu na mí, eye nusia lé mía kple srɔ̃nye ɖe te be dzi meɖe le mía ƒo, alo míetɔtɔ le susu me o.” Elɔ̃ ɖe edzi be: “Menye mía Mawue na nusia dzɔ ɖe mía via dzi o, eye Eɖo tame be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre ava paradisonyigba dzi. Míele mía via kpɔm le susu me, míele eŋu bum be gbeɖeka la, ava nɔ agbe le lãmesẽ kple dzidzɔ me le xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dome.”

Ke hã, amesiwo ka ɖe Mawu ƒe tsitretsitsi ŋugbedodoa dzi kura gɔ̃ hã hiã akɔfafa, eye xɔlɔ̃ geɖe fa akɔ na vidada sia wòdzɔ dzi nɛ. Egblɔ be: “Míekpɔ Ŋɔŋlɔawo me nya geɖe siwo fa akɔ na mí la tso agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku me, eye eya ke mee nusiwo amewo wɔ tsɔ na kpekpeɖeŋu mí la tso. Míede dzi ƒo na amesiame si le mía gbɔ la be wòaxlẽe be wòate ŋu ase nu gɔme na mí nyuie wu ahanya nuxaxa si me to ge míele la nyuie.”

Ðewohĩ wò ŋutɔ alo ame aɖe si nènya hã akpɔ akɔfafa tso Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe agbalẽ gbadza sia xexlẽ me. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ, le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g1/06.

□ Medi be miaɖo Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe agbalẽ gbadzaa ɖeka ɖem.

□ Taflatse, miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.