Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðekakpui me Ŋusẽ Me Nɔnɔ Tegbee!

Ðekakpui me Ŋusẽ Me Nɔnɔ Tegbee!

Ðekakpui me Ŋusẽ Me Nɔnɔ Tegbee!

MAGADIDI hafi ŋutsu aɖe si le Yesu xa la aku o. Eɖe kuku be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: ‘Vavã mele egblɔm na wò egbea bena: Ànɔ Paradiso la me kplim.’ (Luka 23:42, 43) Míenya ŋutsu sia ŋkɔ o, eye ele eme be menye dɔléle alo tsitsi tae wòle kukum ɖo o; hlɔ̃ aɖe si wòdo tae wole ewum ɖo. Ke hã, nɔnɔme wɔnublanui si me wònɔ la ate ŋu ade dzi ƒo na ame tsitsiwo.

Ne míede ŋugble le kakaɖedzi sẽŋu si nɔ ŋutsu ma si ŋu la, awɔ dɔ ɖe mía dzi godoo! Togbɔ be woklã Yesu ɖe ati ŋu le egbɔ, eye eya hã nɔ kukum hã la, kakaɖedzi nɔ ŋutsu ma si be Yesu ava nye Fia le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. Eƒe susu gblɔ nɛ hã be Yesu ava ɖo ŋku ye dzi gbeɖeka ahakpe ɖe ye ŋu. Wò ya bu eŋu kpɔ ko—woava fɔ ŋutsu ma si wobu fɔe la ɖe paradiso dzeani aɖe me, esime Yesu anye Fia!

Ameƒomea le nɔnɔme aɖe si sɔ kple nuvɔ̃wɔla ma si nɔ kukum la tɔ me egbea. Alekee? Ƒe ka kee míeɖaxɔ o, mí katã míele nuvɔ̃ ƒe tohehe xɔm, eye ehiã be woaxɔ na mí. (Romatɔwo 5:12) Abe alesi nuvlowɔla ma wɔe ene la, míate ŋu atrɔ ɖe Kristo Yesu ŋu hena mɔkpɔkpɔ—míate ŋu atrɔ ɖe eŋu be míakpɔ gbɔdzɔe tso kuxi sesẽ siwo me míetona le tsitsi me kura gɔ̃ hã me! Le nyateƒe me la, Yesu do agbe nɔnɔ tegbee ŋugbe na ameƒomea. Ɣemaɣi la, míade blibo le ŋutilã kple susu me le paradisonyigba dzi.—Yohanes 3:16, 36.

Woawɔ Nuwo Katã Yeye na Tsitsiawo Kple Ðeviwo Siaa

Ne Kristo le fia ɖum la, “dzi adzɔ [anyigbadzitɔwo katã] ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Ame aɖeke magagblɔ be “yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Woaɖe nuwɔame ɖesiaɖe si me míanya to la ɖa, elabena ɣemaɣi la, “xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” (Yesaya 35:6) Ðekakpui me ŋusẽ agaɖo ame tsitsiwo ŋu; “[woagaɖo woƒe] ɖekakpuiŋkekewo me.”—Hiob 33:25.

Gake ɖe míate ŋu aka ɖe nusia dzia? Enyo, de ŋugble le amesi do Paradiso ŋugbe na ŋutsu si ɖo kudo nu la ŋu kpɔ. Amewo kplɔ atatututɔwo, xɔdrɔ̃wo, ŋkuagbãtɔwo kple tokunɔwo va Yesu gbɔe zi geɖe. Eda “dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi” mawo na wo. (Mateo 9:35, 36; 15:30, 31; Marko 1:40-42) Eɖe nusi eƒe Fiaɖuƒea awɔ na amewo la fia wòdze ƒã. Yesu fɔ amesiwo ku la dometɔ gbogbo aɖewo ɖe tsitre gɔ̃ hã. (Luka 7:11-17; Yohanes 11:38-44) Eto esia wɔwɔ me na kakaɖedzi geɖe gava su amewo si be “amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe” abe alesi wòdo ŋugbe ene.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Bu eŋu kpɔ ko be wòe nye ma fɔ kple ŋutilã yeye le Paradiso aɖe me hekpɔ be yele nu kpɔm nyuie, yele xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ kple gbeɖiɖi viviwo sem, abɔ kple afɔwo megale ye vem o, eye yeƒe susu le ŋute bliboe! “Ƒe, siwo ŋu nèle [gbɔgblɔm] le be, womedze ye ŋu o la” nu va yi tegbee. (Nyagblɔla 12:1-7; Yesaya 35:5, 6) ‘Woaɖe ku’ kura gɔ̃ hã ɖa—‘woamii tegbee.’—Korintotɔwo I, 15:26, 54.

Ne míetsɔ xexeame nudzɔdzɔwo sɔ kple Biblia ƒe nyagblɔɖiwo la, míakpɔe be eteƒe magadidi o tsitsi me kuxiwo nu ayi keŋkeŋ. (Mateo 24:7, 12, 14; Luka 21:11; Timoteo II, 3:1-5) Eteƒe madidi o ame tsitsi siwo katã xɔ Mawu dzi se eye wosubɔnɛ la agaɖo woƒe ɖekakpui me ŋusẽ me—gake fifia ya, yi ɖe mavɔmavɔ me!—g2/06.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nɔ Susua Zãm!

Abe alesi ŋutilã me kamedede doa ŋusẽ lãmekawo ene la, susua zazã nana ahɔhɔ̃a wɔa dɔ nyuie. Be míado ŋusẽ ahɔhɔ̃a la, ehiã be míanɔ nu yeyewo wɔm. Mɔ siwo dzi míato ado ŋusẽ míaƒe ahɔhɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ dometɔ aɖewo enye esiwo gbɔna.

▪ Srɔ̃ nu yeyewo; ate ŋu anye ati alo aɖi dada, aɖaŋudɔwo abe kusi alo papa lɔlɔ ene kple bubuawo; àte ŋu asrɔ̃ gbe yeye aɖe hã.

▪ De ha kple ame ƒomevi vovovowo; ɖo dze kpli wo be susua natrɔ ɖe nu yeyewo ŋu ahaɖa ɖe edzi.

▪ Do vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

▪ Xlẽ agbalẽ nyuiwo; ɖo dze tso nusiwo nèxlẽ ŋu na amewo.

▪ Ðo ŋku nusiwo nèse le radio dzi alo kpɔ le television dzi be wò susu nayi edzi anɔ dɔ wɔm.

▪ Ne ɖusi nèwɔna la, ekema zã miasi nàtsɔ asi television, azã telefon, alo aklɔ aɖui eye nenye miawɔla nènye la, zã ɖusi tsɔ wɔ woe.

▪ Zã wò ŋku, wò to, wò aɖe, wò ŋɔti kple ŋutilã le ŋkeke bliboa me.

▪ Bia modzakaɖeƒe siwo tsɔ ɖe mia gbɔ kple esiwo le didiƒewo ŋuti nyawo eye nàɖi tsa yi teƒe mawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yesu do ŋugbe be eteƒe madidi o, tsitsi me vevesesewo nu ayi, eye ɖekakpui me ŋusẽ axɔ ɖe eteƒe tegbee