Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Vavã Ðeka Pɛ Koe Lia?

Mawu Vavã Ðeka Pɛ Koe Lia?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Mawu Vavã Ðeka Pɛ Koe Lia?

MOLEX, Astarot, Baal, Dagon, Merodax, Merkurio, Yupiter, kple Artemis nye mawu kple mawunɔ siwo ƒe ŋkɔ Biblia yɔ la dometɔ aɖewo. (Mose III, 18:21; Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:13; 16:23; Yeremya 50:2; Dɔwɔwɔwo 14:12; 19:24) Gake Yehowa ɖeɖekoe Ŋɔŋlɔawo yɔ be Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mose nɔ ŋgɔ na eƒe amewo wodzi aʋadziɖuha aɖe gblɔ be: “Yehowa, ameka de nuwò le mawuwo dome?”—Mose II, 15:11.

Biblia ɖee fia eme kɔ be Yehowa ƒo mawu bubuwo katã ta. Gake akpa kae mawu sue siawo wɔna? Ðe woawo kple mawu gbogbo bubu siwo amewo subɔ le ŋutinya me hã nye mawuwo li ŋutɔŋutɔ, evɔ ɖekoe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa kpɔ ŋusẽ wu wo koa?

Nusiwo Amewo Ŋutɔ Susu Koe Wonye

Biblia gblɔ be Yehowa koe nye Mawu vavã ɖeka kolia la. (Psalmo 83:19; Yohanes 17:3) Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ nya siwo Mawu ŋutɔ gblɔ la ɖi ale: “Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o. Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”—Yesaya 43:10, 11.

Menye ɖekoe Yehowa kpɔ ŋusẽ wu mawu bubuawo ko o. Wo dometɔ akpa gãtɔ meli koŋ o—amegbetɔwo ŋutɔwo koe susuna be woli. Biblia ƒo nu tso Mawu siawo ŋu be wonye “esiwo amegbetɔwo . . . [wɔ], womekpɔa nu o, eye womesea nu o, womeɖua nu o, eye womeʋẽa nu sena o la.” (Mose V, 4:28) Biblia fia nu eme kɔ nyuie be Yehowa koe nye Mawu vavã ɖeka kolia li.

Eyata mewɔ nuku o be Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu vevie be míagade ta agu na mawu bubu aɖeke wu Yehowa o. Le kpɔɖeŋu me, se ewo siwo Yehowa tsɔ na Mose la ƒe gbãtɔ gblɔ na Israel-viwo be woagade ta agu na mawu bubu aɖeke o. (Mose II, 20:3) Nukatae?

Gbã la, be woade ta agu na mawu aɖe si meli kura gɔ̃ hã o la nye vlo dodo Wɔlaa. Biblia gblɔ tso alakpamawu siawo subɔlawo ŋu be wonye “amesiwo tsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka, eye wovɔ̃, eye wosubɔ nuwɔwɔ wu wɔla.” (Romatɔwo 1:25) Zi geɖe la, dzɔdzɔmenuwo, abe ati kple kpe ene, ye wotsɔna wɔa mawu siawo siwo wobe woli la ƒe nɔnɔmetatawo. Woyɔ mawu geɖe siawo ƒe ŋkɔwo tɔ ɖe dzɔdzɔmenu aɖewo abe dziɖegbe, atsiaƒuwo, kple ya ene ŋu. Eyata eme kɔ ƒã be ta dede agu na mawu siwo wosusu be woli evɔ womeli hafi o la, nye bubu mademade Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu si gbɔ eme.

Ŋunyɔnue alakpamawuwo kple woƒe nɔnɔmetatawo nye na Wɔlaa ya. Gake amesiwo wɔ alakpamawu mawo koŋ ŋue Mawu do dziku ɖo. Woɖe eƒe dɔmedzoe gblɔ ale: “Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o; eye gbɔgbɔ aɖeke hã mele woƒe nu me o. Amesiwo wɔ wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, ɖi woamawo.”—Psalmo 135:15-18.

Susu bubu aɖe hã gali si tae Biblia xlɔ̃ nu vevie tso ame alo nu bubu aɖe subɔsubɔ tsɔ wu Yehowa Mawu ŋu. Ɣeyiɣi gbegblẽ kple agbagbadzedze dzodzro koe tadedeagu ma nye. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe wòsɔ be: “Amekae wɔ mawu aɖe, eye amekae kɔ legba aɖe, si mele ɖeke me o?” (Yesaya 44:10) Biblia gblɔ hã be “dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo.” (Psalmo 96:5) Nu dzodzrowo koe alakpamawuwo nye, eye viɖe aɖeke mado tso nane si meli o la subɔsubɔ me o.

Yesu, Mawudɔlawo, kple Abosam

Ŋɔŋlɔawo yɔna amegbetɔwo ɣeaɖewoɣi be mawuwo. Ke hã, ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie ɖee fia kɔte be nya “mawu” si wozã le nɔnɔme siawo me la mefia be mawuwoe amesiawo nye o. Le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me la, wozãna nya “mawu” hã tsɔ ƒoa nu tso amesi si ŋusẽ le alo le abe Mawu ene, alo nɔa Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu kplikplikpli ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, mawunyakpukpui aɖewo yɔ Yesu Kristo be mawu. (Yesaya 9:5, 6; Yohanes 1:1, 18) Ðe esia fia be ele be míade ta agu na Yesua? Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Aƒetɔ wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” (Luka 4:8) Eme kɔ be togbɔ be ŋusẽ le Yesu si eye wòle abe Mawu ene hã la, Biblia megblɔ tso eŋu be ele be woade ta agu nɛ o.

Wogblɔ tso mawudɔlawo hã ŋu be ‘wosɔ kple Mawu kloe.’ (Psalmo 8:6; Hebritɔwo 2:7) Ke hã, Ŋɔŋlɔawo ƒe afi aɖeke mede dzi ƒo na amegbetɔwo be woade ta agu na mawudɔlawo o. Ɣeaɖeɣi la, esi apostolo tsitsi Yohanes kpɔ mawudɔla aɖe la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be ebɔbɔ be yeade ta agu na mawudɔlaa. Gake mawudɔlaa gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megawɔe o, . . . de ta agu na Mawu ko!”—Nyaɖeɖefia 19:10.

Apostolo Paulo yɔ Abosam be “xexe sia me mawu.” (Korintotɔwo II, 4:4) Esi Abosam ye nye “xexe sia me fia” ta la, ena amewo wɔ alakpamawu geɖe. (Yohanes 12:31) Eyata tadedeagu ɖesiaɖe si woatsɔ na mawu siwo amegbetɔwo wɔ la nye Satana subɔsubɔ ŋutɔŋutɔ. Evɔ menye Satana ye wòle be míasubɔ o. Eya ŋutɔe ɖo eɖokui fiae, akpasesẽ nuxɔlae. Ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me woaɖe eya ŋutɔ kple alakpasubɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖa keŋkeŋ. Ne ɣemaɣi ɖo la, ameƒomea me tɔwo katã—ẽ, nuwɔwɔwo katã—alɔ̃ ɖe edzi tso mavɔ me yi mavɔ me be Yehowae nye Mawu vavã gbagbe ɖeka kolia la.—Yeremya 10:10.—g2/06.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Nukae Biblia fia ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu?—Psalmo 135:15-18.

▪ Ðe wòle be míade ta agu na Yesu kple mawudɔlawoa?—Luka 4:8.

▪ Amekae nye Mawu vavã ɖeka kolia la?—Yohanes 17:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nɔnɔmetataawo tso mia me yi ɖusi me: Maria, Italy; Mayatɔwo ƒe blimawu, Mexico kple Titina Amerika; Astarot, Kanaan; legba, Sierra Leone; Buddha, Japan; Chicomecóatl, Aztec, Mexico; aʋako Horus, Egypt; Zeus, Greece

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Blimawu, aʋako Horus, kple Zeus: Photograph taken by courtesy of the British Museum