Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Medi be Masubɔ Mawu Hafi Maku’

‘Medi be Masubɔ Mawu Hafi Maku’

‘Medi be Masubɔ Mawu Hafi Maku’

MAMIE FREE ƑE ŊUTINYA

DUKƆMEVIƲA dzɔ le Liberia le ƒe 1990 me. Esi aʋaa nu nɔ sesẽm la, woxaxa ƒe-12-vi Mamie si nye Krahn-toa me tɔ kpakple eƒe ƒomea me tɔwo ɖo ɖe wo ƒeme le Monrovia, si nye fiadua me. Mamie gblɔ be: “Míese tu ƒe ɖiɖi le aƒe si te ɖe mía tɔ ŋu me. Tukpe aɖe ge dze míaƒe aƒelikaa ƒeme hena aƒea lé dzo. Dzoxiwo hlẽ va míaƒe aƒea me, si na eya hã lé dzo.” Togbɔ be aʋaa nu sẽ hã la, Mamie kple dadaa kpakple nyruia si.

Mamie gblɔ be: “Nane lɔm le vo me.”

“Danye biam be: ‘Nukae dzɔ?’”

“Meɖo ŋu be: ‘Nane lɔm! Ewɔ nam be tukpee.’”

Mamie dze anyi, nɔ veve sem heliheli hedo gbe ɖa be: “Oo Mawu, xɔ nam! Manya le kuku ge, gake medi be masubɔ wò hafi maku.” Esi wògblɔ ema ko la, eyi ɖi me.

Esi ame bubuwo susu be Mamie ku ta la, wodi be yewoaɖii ɖe ƒuta aɖe si te ɖe afima ŋu. Gake dada gbe, hegblɔ be wonekɔe yi kɔdzi boŋ. Gake nublanuitɔea, ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi gbogbo siwo xɔ abi la yɔ kɔa dzi xoxo, si na dɔ sɔ gbɔ akpa ɖe kɔdzidɔwɔlawo dzi. Mamie nyrui si hã xɔ abi ya ku le zã ma me, gake Mamie ya tsi agbe hetu tso ali me yi afɔ gbɔ.

Ʋu nɔ dzadzam ɖe eƒe lãme si na wònɔ veve sem kutɔkutɔe. Ɣleti ene megbe la, ɖɔktawo ɖe fotoe hekpɔ afisi tukpea nɔ. Tukpea xaxa ɖe eƒe dzi kple dzitodzitowo dome. Ne wowɔ dɔ nɛ la, ate ŋu aku; eyata Mamie dada kplɔe yi gbetikewɔla aɖe gbɔ. Mamie gblɔ be: “Etsɔ gelũhɛ aɖe sim, eye emegbe egbugbɔ abia be yeaɖe tukpea. Eɖe tukpe aɖe tso eƒe nu me hegblɔ be: ‘Eyae nye esia meɖe.’ Míexe fe nɛ hetrɔ yi aƒe me.”

Gake ɖe ŋutsua ble mí. Foto bubu siwo wogaɖe ɖee fia be tukpea gakpɔtɔ li. Eyata Mamie kple dadaa gatrɔ yi atikewɔlaa gbɔ, gake ena woxɔe se be le ɣleti asieke megbe, ne wogaɖe foto bubu la, woakpɔe be tukpea megali o. Eyata wotrɔ dzo henɔ lalam. Hafi ɣemaɣi naɖo la, Mamie nɔ atike vovovowo zãm ɖe vevesesea ta. Wogaɖe foto bubuwo le ɣleti asieke megbe. Tukpea gakpɔtɔ li koe. Atikewɔlaa ɖe ke.

Tukpea nɔ Mamie ƒe lãme ƒe ɖeka kple afã sɔŋ. Ƒometɔ aɖe va kplɔe yi bokɔ aɖe gbɔ. Le esi bokɔa nakpe ɖe wo ŋu teƒe la, egblɔ be ne Mamie meku le ŋkeke aɖe dzi o la, ke dadaa aku ɖe eteƒe. Mamie xɔ ƒe 13 ɣemaɣi. Mamie gblɔ be: “Avi dzi koe menɔ. Ke hã, mía dometɔ aɖeke meku le ŋkeke si bokɔa ɖo dzi o.”

Emegbe Mamie nyrui aɖe gakplɔe yi sɔleme nunɔla aɖe gbɔ. Eya gblɔ be yekpɔ ŋutega aɖe si ɖee fia ye be dzoe woɖu Mamie si ta wòtu ɖo, ke menye tukpe aɖekee o. Sɔleme nunɔlaa do ŋugbe be ne Mamie wɔ nusiwo yeɖo nɛ la, ekema azɔ azɔli le kwasiɖa ɖeka megbe. Mamie gblɔ be: “Woyra ɖe atsiaƒumetsi dzi melé zi geɖe, metsi nu dɔ, eye meƒo dablibɛ le anyigba zã sia zã ƒe ga 12 hena ŋkeke geɖe. Gake viɖe aɖeke medo tso agbagbadzedze siawo katã me o, nenema koe mekpɔtɔ nɔ.”

Gake mlɔeba la, kɔdzi geɖe gate dɔwɔwɔ, eyata wote ŋu va ɖe tukpea na Mamie. Enɔ veve sese dzi ƒe eve kple edzivɔ sɔŋ. Egblɔ be: “Esi wowɔ dɔ nam vɔ la, ɖeko nye veveawo katã nu yi zi ɖeka eye nyemegasea veve ne mele gbɔgbɔm o. Togbɔ be nye afɔwo tu hã la, mate ŋu atso ɖe atizɔti ŋu.”

Yehowa Ðasefowo Va Mamie Gbɔ

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le dɔwɔwɔ na Mamie megbe la, dadaa do go Yehowa Ðasefo eve. Esi wònya be Biblia xexlẽ vivia ye via nu ta la, ekpe Ðasefoawo va eƒeme. Enumake Mamie lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Gake le nu sɔsrɔ̃ kwasiɖa aɖewo megbe la, etrɔ yi kɔa dzi eye megado go Ðasefo aɖeke o.

Gake Mamie gadi kokoko be yeasrɔ̃ Biblia. Eyata esi subɔsubɔha aɖe ƒe nunɔla be yeakpe ɖe eŋu la, elɔ̃. Le Kwasiɖagbe suku aɖe me la, sukuvi aɖe bia nufialaa be, “Ðe Yesu kple Mawu wosɔa?”

Nufialaa ɖo eŋu be: “Ẽ, wosɔ. Gake Yesu mesɔ kple Mawu tututu ya o.”

Mamie bia eɖokui be: ‘Womesɔ tututu ya o aleke? Susu mele nya ma me o ɖe. Alakpa dam woanya nɔ le afisia.’ Esi Mamie meka ɖe edzi be Biblia me nyateƒea ŋutɔŋutɔe nye ema o ta la, edzudzɔ sɔlemea dede.

Le ƒe 1996 me la, ʋunyaʋunyawɔwɔa gadze egɔme ake le Monrovia. Mamie ƒe ƒometɔ eve gaku eye woƒe aƒe galé dzo ake. Le ɣleti aɖewo megbe la, Ðasefo eve aɖewo ke ɖe Mamie ŋu esime wonɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme. Mamie gadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ake. Zi gbãtɔ si wòde kpekpe la, ewɔ nuku nɛ be amesiame—hamemetsitsiwo kura gɔ̃ hã—nɔ Fiaɖuƒe Akpataa me dzram ɖo. Le ƒe ma ke me la, dzi dzɔe be yede “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gãtɔ si wòde zi gbãtɔ.

Mamie gblɔ be: “Takpekpea wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Lɔlɔ̃ akuakua ye le Ðasefowo dome togbɔ be to vovovo me tɔwoe wonye hã. Eye nusianu hã le ɖoɖo nu.”

Ewɔ Eƒe Didi be Yeasubɔ Mawu la Dzi

Le ƒe 1998 me la, aʋa gadzɔ ake, si na Mamie kple dadaa si yi Côte d’Ivoire, eye woa kple Liberiatɔ 6,000 bubu aɖewo va nɔ Sitsoƒesaɖa si le Peace Town me. Mamie yi Biblia sɔsrɔ̃ dzi kple Ðasefowo eye wòwɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Eteƒe medidi o, edi be yeagblɔ yeƒe xɔse ŋu nya na ame bubuwo. Nɔvia ŋutsu kple nyɔnu siwo le hamea me la tutunɛ le kekevi me, ale be wòate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Mamie to mɔ sia dzi ɖi ɖase nyui aɖe na sitsoƒedila bubuwo.

Togbɔ be Fiaɖuƒe Akpataa gbɔ didi abe kilometa ade ene tso afisi Mamie le, eye eƒe nɔnɔmea na kpekpeawo dede sesẽna nɛ hã la, edea wo katã. Le May 14, 2000 la, ezɔ mɔ kilometa 190 yi ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ aɖe hexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi. (Mateo 28:19, 20) Aɖatsi nɔ mo na ame geɖe esi wokɔ Mamie yi tɔa me henyrɔe. Dzidzɔ nɔ eƒe mo esi wòdo tso tsia me.

Mamie le sitsoƒesaɖa aɖe me le Ghana fifia, eye eƒe taɖodzinue nye be yeazu gbesiagbe mɔɖela alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela. Dada hã te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo eye eya hã gblɔa nusiwo srɔ̃m wòle la na ame bubuwo. Wo ame evea siaa le mɔ kpɔm be ɣeyiɣi si ŋugbe Mawu ƒe Nyaa do la ava, esime “xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5-7.—g3/06.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Tukpe si woɖe le Mamie ƒe lã me

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Wokɔ Mamie yina tɔa me be woanyrɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ɛlɛ Biblia srɔ̃m kple dadaa, Emma