Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Kaka ɖevi siwo le Brazil naxɔ ƒe etɔ̃ la, wo dometɔ 60 le alafa me ƒe aɖu vona. Nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye be zi geɖe la, wonaa atukpa me nuɖuɖu viviwo ɖeviawo le zã me, evɔ womeklɔa nu me na wo o.—FOLHA ONLINE, BRAZIL.

Le United States (États-Unis) la, wowɔa dɔ na nyɔnu funɔ ɖeka le ene ɖesiaɖe me hafi wòdzia vi. Le eƒe du si nye New York City me la, nyɔnu funɔ siwo wowɔa dɔ na ƒe xexlẽmea dzi ɖe edzi zi gbɔ zi atɔ̃ ne wotsɔe sɔ kple ƒe 1980 me tɔ. Nusiwo gbɔ dzidziɖedzi sia tso dometɔ ɖekae nye be ɖoɖo wɔwɔ kple amekolawo hena viɖeɖeleameŋu le bɔbɔe, ke hã afɔku siwo le dɔ wɔwɔ na amewo alea, evɔ mehiã hafi o me la, me “wu gbɔgblɔ.”—THE NEW YORK TIMES, U.S.A.

Le ƒe 100 siwo va yi me la, yame ƒe dzoxɔxɔ le Mexico City yi dzi dzoxɔxɔ ƒe dzidze Fahrenheit 6 (degree Celsius 4), evɔ le xexeame godoo ya la eyi dzi dzidze 1 (degree Celsius 0.6) pɛ ko. Yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo gblɔ be, avewo tsɔtsrɔ̃ kple dugãwo tsotso gbɔe kuxia tso.—EL UNIVERSAL, MEXICO.

Ne wotsɔ amesiwo katã ɖe srɔ̃ le United States (États-Unis) ƒo ƒu la, wo dometɔ siwo wu afã nye amesiwo nɔ anyi ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene hafi va ɖe wo nɔewo. Amesiwo nɔ anyi abe srɔ̃tɔwo ene hafi va ɖea wo nɔewo ƒe srɔ̃gbegbe nɔa bɔbɔe zi gbɔ zi eve wu amesiwo ɖe wo nɔewo hafi va nɔ anyi ɖekae tɔ.—PSYCHOLOGY TODAY, U.S.A.

Dɔwɔlawo ƒe Nuwɔna Siwo Doa Dziku na Ame Wu

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Washington Post ka nya ta be: “Yewoƒe dɔwɔhatiwo ƒe nuwɔna siwo doa dziku na ame wue nye, ɣli dodo le telefon dzi dzeɖoɖowo me, telefon nyasemɔ̃ siwo ɖina sesĩe [zazã], kple nyatoƒoe toto akpa le dɔ ƒe agbɔsɔsɔ ɖe ame dzi ŋu.” Nu bubu siwo hã doa dziku na dɔwɔhatiwo dometɔ aɖewoe nye, “dɔwɔhati siwo dea ha kplikplikpli ƒe bubu mademade dɔwɔhati bubuwo ŋu, megbetsitsi, nu ƒoƒo ɖe yame, dze ɖoɖo kple dɔwɔhati si le adzɔge, ŋutilã ƒe ya ɖeɖe, kple nu ɖuɖu wòanɔ ɖiɖim sesĩe.” Nɔnɔme gbegblẽ siawo nana hã be dɔwɔwɔ ƒe zɔ ɖeɖe nyuie dzi ɖena kpɔtɔ. Dɔwɔla siwo lɔ̃ ɖo numekulawo ƒe biabiawo ŋu ƒe akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be, yewometsɔ nyaa ɖo ŋkume na amesiwo ƒe nuwɔna doa dziku na yewo kpɔ ya o. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Susu aɖe tae. Anɔ eme be woa ŋutɔwo hã wɔa nusi doa dziku na dɔwɔhati bubuwo.”

Dugãwo me Nɔlawo Le Dzidzim Ðe Edzi

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye CBC News ka nya ta be: “Le ƒe eve me la, xexeamenɔlawo ƒe afã anɔ dugãwo me.” Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe nu la, United States (États-Unis) ye nye dukɔ si me dugãmenɔlawo sɔ gbɔ le wu, elabena ame 9 kloe le 10 ɖesiaɖe me le dukɔ ma me nye dugãmenɔlawo. Ƒe 55 pɛ koe nye sia la, New York kple Tokyo koe nye dugã eve siwo me amewo sɔ gbɔ de miliɔn ewo kple edzivɔwo le. Gake le egbeŋkekeawo me la, xexlẽme ma dzi ɖe edzi va ɖo dugã 20, siwo dometɔ ɖesiaɖe me nɔlawo wu miliɔn 10. Dugã siawo dometɔ aɖewoe nye Jakarta, Mexico City, Mumbai, kple São Paulo. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã, Kofi Annan, gblɔ be: “Dugãmenɔlawo ƒe dzidzi ɖe edzi kabakaba alea abia be woawɔ tɔtrɔ gãwo le ganyawo kple hadome ɖoɖowo me le dukɔ akpa gãtɔ me.”—g7/06.