Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi didi kae nàte ŋu anɔ agbe ase ɖo?

Ɣeyiɣi didi kae nàte ŋu anɔ agbe ase ɖo?

Ɣeyiɣi didi kae nàte ŋu anɔ agbe ase ɖo?

“Dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.”—HIOB 33:25.

NE AVU aɖe xɔ ƒe 10 alo 20 hafi ku la, ke ɖewohĩ ewɔ nusianu si avu ate ŋu awɔ la vɔ. Ðewohĩ edzi viwo, enyã dadiwo ɖe nu, egbã ƒu, eye wòdzɔ aƒe ŋu. Gake ne ame xɔ ƒe 70 alo 80 hafi ku la, ŋutete si le amegbetɔ ŋu ƒe sue aɖe koe ma wòzã. Ne kamedefefewoe doa dzidzɔ nɛ la, ɖewohĩ ɖeka alo eve me koe wòte ŋu nya nyuie. Ne elɔ̃a hadzidzi la, ke ɖewohĩ haƒonu ɖeka alo eve koe wònya zazã nyuie. Ne gbe geɖe sɔsrɔ̃ doa dzidzɔ nɛ la, ekema ɖewohĩ gbe eve alo etɔ̃ koe wòte ŋu dona nyuie. Agate ŋu awɔ nu geɖe wu hafi—ade ha kple ame geɖe, asrɔ̃ nu yeyewo, ahate ɖe Mawu ŋu wu—ne ɖe wònɔ agbe didi wu ema.

Ðewohĩ àbia be, ‘Nukatae wòanye be Mawu awɔ ame ahanae ŋutete be wòakpɔ dzidzɔ ɖe nu geɖe wɔwɔ ŋu alea, evɔ wòanae agbenɔƒe ʋɛ si awɔe be nu ʋɛ aɖewo koe wòate ŋu awɔ?’ Esi wònye nuwɔwɔwo ɖee fia kɔte be taɖodzinu aɖe tae wowɔ ame ɖo ta la, ewɔ abe agbenɔƒe kpuie si le esi la mesɔ ɖe taɖodzinu ma nu o ene. Ðewohĩ àbia hã be, ‘Nukatae Mawu atsɔ nɔnɔme tɔxɛwo, abe dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ ene, ade ame me, evɔ wòagana nugbegblẽwɔwɔ ƒe didi nanɔ wo me?

Ne èkpɔ ʋu nyui aɖe si ƒe afi aɖe bɔ la, ɖe nàƒo nya ta be nenemae wowɔea? Gbeɖe! Àgblɔ godoo be, ‘Menye aleae wowɔ ʋu siae o. Woanya wɔe nyuie hafi, ame aɖee va gblẽ nu le eŋu emegbe.’ Nenema kee ne míede ŋugble le míaƒe domenyinu wɔnuku si nye agbe ŋu la, míate ŋu aƒo nya ta be menye alesi agbea le fifia lae woɖoe be wòanɔ le gɔmedzedzea me o. Agbenɔƒe kpui si le mía si kple nugbegblẽwɔwɔ ƒe didi si le mía me la le abe nusi gblẽ le ʋu ma ŋu ene. Edze ƒã be ame aɖee gblẽ míaƒe agbenɔnɔ tegbee la me. Amekae wɔ nu ma? Biblia me nyawo tɔ asi ame aɖe koŋ dzi.

Esi wònye be wona ŋutete amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee la, ekema amekae gblẽ domenyinu nyui sia me na ameƒomea katã? Manye ame aɖeke tsɔ wu ame gbãtɔ si me amegbetɔwo katã dzɔ tso o. Ne eƒe dzidzimevi bubu aɖee wònye la, anye ne ameƒomea ƒe akpa sue aɖe—si nye ame ma ƒe dzidzimeviwo—dzaa ŋu ko wòate ŋu agblẽ nu le. Mawu ƒe Nya, Biblia wɔ ɖeka kple nudzɔdzɔ siwo dze gaglã esime wògblɔ be: “To ame ɖeka [ame gbãtɔ, Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Eyata Ŋɔŋlɔawo bu fɔ Adam be eyae gblẽ nu la mía ŋu. Alekee woɖoe be amegbetɔ ƒe agbe nanɔ le gɔmedzedzea me?

Alesi Woɖoe le Gɔmedzedzea me be Amegbetɔ ƒe Agbe Nanɔ la Gɔme Sese

Esi Biblia gblɔ be ku “la va to amewo katã dzi yi” la, efia be le gɔmedzedzea me la, womewɔ ame be wòaku hafi o. Ame gbãtɔ ƒe aglã dzedze ɖe Mawu ŋu ye wɔe be amegbetɔwo tsina kua amegã hekuna. Gake womewɔ lãwo ya be woanɔ agbe tegbee o.—Mose I, 3:21; 4:4; 9:3, 4.

Wowɔ amegbetɔwo woto vovo na lãwo. Míede ŋgɔ wu lãwo, abe alesi ko mawudɔlawo hã de ŋgɔ wu amegbetɔwo ene. (Hebritɔwo 2:7) Womewɔ amegbetɔwo wole abe lãwo ene o, ke boŋ “Mawu ƒe nɔnɔme” nue wowɔ wo ɖo. (Mose I, 1:27) Eye Biblia yɔ Adam be ‘Mawu ƒe vi,’ gake meyɔ lãwo ya nenema o. (Luka 3:38) Eyata susu le eme be míaxɔe ase be womewɔ amegbetɔ be wòatsi aku amegã ahaku o. Mawu mekuna o, eye mewɔ viawo hã be woaku o.—Xabakuk 1:12; Romatɔwo 8:20, 21.

Nuŋlɔɖi siwo li ku ɖe amegbetɔ gbãtɔ siwo nɔ anyigba dzi kpɔ ŋu la na míegase tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu le gɔmedzedzea me la gɔme nyuie wu. Amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi nɔ agbe ƒe alafa geɖe hafi ku amegã. Adam nɔ agbe ƒe 930. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Noa ƒe vi Sem nɔ agbe ƒe 600 ko, eye Noa ƒe tɔgbuiyɔvi Arpaxsad nɔ agbe ƒe 438. * (Mose I, 5:5; 11:10-13) Emegbe Abraham nɔ agbe ƒe 175. (Mose I, 25:7) Ewɔ abe nuvɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔƒewo dzi vivivi ene, si wɔe be amegbetɔ ƒe agbenɔƒewo ƒe didime va nɔ ɖiɖim tso alesi wònɔ le gɔmedzedzea me gbɔ esime ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim. Gake ɖe Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔ nanɔ agbe tegbee hafi. Eyata esɔ be míabia be, ‘Ðe Mawu gadi kokoko be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzia?’

Vovo tso Amegãkuku Kple Nyagãkuku Me

Esi Yehowa Mawu gblɔ be amesiame si maɖo to ye o la aku le eƒe nuvɔ̃ ta ta la, ewɔ abe mɔkpɔkpɔ aɖeke meva nɔ Adam ƒe dzidzimeviwo si o ene. (Mose I, 2:17) Gake Ŋɔŋlɔawo gblɔ be mɔkpɔkpɔ li be ame aɖe ava na míavo tso amegãkuku me. Míexlẽ le Biblia me be: “Ðee, ne magayi yɔdo me o, elabena wolé avum . . . , ekema dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.” (Hiob 33:24, 25; Yesaya 53:4, 12) Mɔkpɔkpɔ nyui aɖe ŋu nyae Biblia gblɔ le afisia—be ame aɖe axe fe ɖe mía ta be míavo tso amegãkuku me!

Amekae ate ŋu axe fe sia? Womate ŋu atsɔ ga axe tafe sia o. Biblia gblɔ tso amegbetɔ madeblibowo ŋu be: “Ame aɖeke mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o, eye mate ŋu axe etafe na Mawu . . . be wòanɔ agbe [tegbee] . . . o.” (Psalmo 49:8-10) Gake nusi xɔ asi wu ga nɔ Yesu Kristo ya si. Enye ame deblibo esime wònɔ anyigba dzi, elabena esi wònye Mawu ƒe Vi ta la, Mawu kpɔ eta, be menyi Adam ƒe nuvɔ̃ dome o. Yesu gblɔ be yeva be “yeatsɔ [yeƒe] agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” Egblɔ ɣebubuɣi be: “Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.”—Mateo 20:28; Yohanes 10:11.

Agbe tegbee nɔnɔ nye nyati vevi siwo ŋu Yesu ɖe gbeƒã le la dometɔ ɖeka. Eyomedzela wɔnuteƒe Petro gblɔ nɛ gbeɖeka be: “Agbe mavɔ nyawo le asiwò.” (Yohanes 6:68) Nukae Biblia wɔnɛ esi wòƒo nu tso agbe mavɔ ŋu?

Agbe Mavɔ

Yesu ƒe apostoloawo nɔ mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo le Yesu ƒe Fiaɖuƒea me. (Luka 22:29; Yohanes 14:3) Ke hã Yesu ƒo nu zi geɖe tso tameɖoɖo si le Mawu si na anyigba la ŋu. (Mateo 5:5; 6:10; Luka 23:43) Eyata Yesu ƒe nukunuwo kple nusiwo wòfia tso agbe mavɔ ŋu la ɖo kpe ŋugbe siwo Mawu do ƒe alafa geɖe do ŋgɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi la dzi, be: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yesaya 25:8) Amegbetɔwo maganɔ sɔhɛ me ƒe ʋɛ aɖewo ko, eye kasia wɔna nava vɔ le wo ŋu o.

Le xexe yeye si Mawu awɔ me la, ne nuteƒewɔlawo de blibo keŋkeŋ la, ekema womagaku amegã azɔ o. Biblia gblɔ be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21) Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Nunya kple sidzedze anɔ amewo si sum ɖaa. Ne ƒe alafa geɖe va yi kura gɔ̃ hã la, ɖekakpui me ŋusẽ mavɔ le wo ŋu o. Ànɔ agbe akpɔ eteƒea?

Ɣeyiɣi Didi Kae Nànɔ Agbe?

Le Yesu ƒe nya nu la, ame ʋɛ aɖewo koe asusɔ ɖe anyigba dzi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ megbe. (Mateo 24:21, 22) Yesu gblɔ be: “Agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.”—Mateo 7:13, 14.

Ne èdi be yeanɔ amesiwo akpɔ agbe mavɔ dome la, ehiã be nàwɔ nusi Mawu di. Sidzedze Mawu ye nye nu gbãtɔ. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Nyateƒee, ehiã agbagbadzedze vevie hafi míadze si Mawu nyuie; gake agbagbadzedze sia mazu dzodzro o. Ele ko abe alesi wòbia agbagbadzedze be míakpɔ ga aƒle nuɖuɖu gbesiagbee ene. Yesu tsɔ sidzedze Mawu sɔ kple nuɖuɖu, eye wòxlɔ̃ nu be: “Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta.” (Yohanes 6:27) Ðe manyo ŋutɔ be nàdze agbagba ɖesiaɖe be nàte ŋu ava nɔ agbe tegbee oa?—Mateo 16:26.

Yesu gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Eyata ne èwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ànɔ agbe tegbee.—g5/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Ame aɖewo gblɔna be menye ƒe ŋutɔŋutɔwoe ƒe siwo woyɔ le Biblia ƒe nuŋlɔɖi sia me la nye o, ke ɣletiwo boŋue. Ke hã, nuŋlɔɖia gblɔ be Arpaxsad dzi Selax esime wòxɔ ƒe 35. Ne míetsɔe be ɣleti 35 ye la, ekema Arpaxsad dzi vi hafi xɔ ƒe etɔ̃—nusi mate ŋu adzɔ o. Hekpe ɖe eŋu la, Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta gbãtɔwo yɔ ƒewo ɖe vovo, eye ɣletiwo hã ɖe vovo.—Mose I, 1:14-16; 7:11.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Ne Ame Nɔ Agbe Ƒe 80 Hã La, Ŋutete Si Le Eŋu La Ƒe Sue Aɖe Koe Ma Wòzã

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

Wowɔ Amegbetɔwo Wode Ŋgɔ Wu Lãwo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðe ʋu sia ƒe akpa aɖe bɔ esime wowɔea?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mawu ƒe Nya la gblɔ be amegbetɔwo agaɖo ‘woƒe ɖekakpui me ŋkekewo me’ ake