Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woawɔ Dzidzɔ Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Me

Alesi Woawɔ Dzidzɔ Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Me

Alesi Woawɔ Dzidzɔ Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Me

‘Ele be ŋutsu naku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.’ —MOSE I, 2:24.

MÍA Wɔla, Yehowa Mawu, ɖo srɔ̃ɖeɖoɖoa anyi be wòanye nubabla si anɔ anyi ɖaa le ŋutsu kple nyɔnu dome. Mose I, 2:18, 22-24 gblɔ be: “Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ. Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe. Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ amesia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe. Eyaŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.”

Le nyateƒe me la, srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le, si anɔ anyi eteƒe nadidi tutu ɖo mele bɔbɔe o, ke hã, kakaɖedzi li be anya wɔ. Elabena srɔ̃tɔ geɖe kpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me ƒe 50, 60, alo esi wu nenema gɔ̃ hã. Aleke wowɔ te ŋu kpɔ dzidzedze? Wodzea agbagba ɣeawokatãɣi léa woƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te eye womedia wo ɖokui tɔ o, ke boŋ alesi ‘woawɔ adze wo nɔewo ŋu’ ye nɔa vevie na wo. (Korintotɔwo I, 7:33, 34) Esia bia kutrikuku geɖe. Ne wò hã èdze agbagba ku kutri hezã ɣeyiɣi geɖe ɖe eŋu la, àte ŋu atu srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le eye wòanɔ anyi eteƒe nadidi la ɖo.

Wɔ Ðe Mɔfiamea Dzi Pɛpɛpɛ

Xɔtula bibi aɖeke madze xɔtutu gɔme ne mezã xɔa tutu ŋuti mɔfiamegbalẽ o. Nenema kee míawo hã míate ŋu akpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le tutu ɖo me o, negbe ɖe míetrɔ ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu ƒe mɔfiamewo ŋu hafi ko. Míakpɔ mɔfiame siawo le Mawu ƒe Nya la me. Elabena apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo . . . na ɖɔɖɔɖo.”—Timoteo II, 3:16.

Srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le srɔ̃ɖeɖe ŋu ne wolé ŋku ɖe alesi Yesu wɔ nu kple eƒe nusrɔ̃lawoe ŋu. Le mɔ ka nu? Le Biblia me la, wotsɔ ƒomedodo si le Yesu kple amesiwo aɖu fia kplii le dziƒo dome la sɔ kple ŋutsu kple srɔ̃a dome ƒomedodo. (Korintotɔwo II, 11:2) Yesu wɔ nuteƒe na eƒe nusrɔ̃lawo ɣeawokatãɣi, le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. “Elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.” (Yohanes 13:1) Esi Yesu nye kplɔla si sea veve ɖe ame nu ta la, ebua eyomedzelawo ƒe ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ɣesiaɣi ne ele nu wɔm kpli wo. Mebiana nusi wu woƒe ŋutete tso wo si gbeɖe o.—Yohanes 16:12.

Esi exɔlɔ̃ kplikplikpliawo gblẽe ɖi gɔ̃ hã la, Yesu yi edzi wɔ nu ɖe wo ŋu le tufafa me. Mehe nya ɖe wo ŋu o, ke boŋ edze agbagba ɖe mawumenɔnɔmewo fia heɖɔ wo ɖo le tufafa kple dɔmekɔkɔ me. (Mateo 11:28-30; Marko 14:34-38; Yohanes 13:5-17) Eyata ne èlé ŋku ɖe alesi Yesu wɔ nu ɖe eyomedzelawo ŋu belélenametɔe kple alesi esia na woawo hã woɖe lɔlɔ̃ fiae ŋu nyuie la, àsrɔ̃ nu vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le tutu ɖo me.—Petro I, 2:21.

Na Gɔmeɖoanyia Nasesẽ

Tetekpɔ siwo le abe ahomya sesẽwo ene ado wò srɔ̃ɖeɖea ƒe kelili kpɔ godoo. Esia ado gɔmeɖokpe si dzi mia kple srɔ̃wò mietu miaƒe ƒomedodoa ɖo akpɔ. Ke hã, gɔmeɖokpe sesẽtɔ kekeake si dzi woatu srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le ɖoe nye kuku ɖe ame nɔewo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi. Yesu te gbe ɖe kuku ɖe ame nɔewo ŋu ƒe vevienyenye dzi esime wògblɔ be: “Mele be ame aɖeke nama ŋutsu kple nyɔnu si Mawu te ƒo ƒu ɖekae la me o.” (Mateo 19:6, Contemporary English Version) Nyagbe “ame aɖeke” lɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ka atam be yewoawɔ nuteƒe na yewo nɔewo hã ɖe eme.

Ame aɖewo abu kuku ɖe ame nɔewo ŋu ƒe ŋugbedodo be enye agba, eye be ebiana ɣeyiɣi geɖe kple nu gbogbo aɖewo tso ame si. Le egbeŋkekea me la, nusi asɔ na ame ŋutɔ nɔa vevie na amewo wu nusiwo kuku ɖe ame nɔewo ŋu abia tso wo si la wɔwɔ.

Nukae ate ŋu ana srɔ̃tɔwo nayi edzi aku ɖe wo nɔewo ŋu? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.” (Efesotɔwo 5:28, 29) Eyata le gɔmesese aɖe nu la, be ‘woate ƒo ƒu ɖekae’ fia be nàtsɔ ɖe le srɔ̃wòa ƒe nyonyo me abe alesi ko nàwɔ na ɖokuiwò ene. Ehiã be srɔ̃tɔwo nasrɔ̃ alesi woatrɔ nyagbɔgblɔ siwo nye, “tɔnye” wòazu “míatɔ,” kple “nye” wòazu “mí.”

Ne ète ŋu nɔ te ɖe srɔ̃ɖeɖe me kuxi siwo nu sẽ abe ahomya ene nu dzidzedzetɔe la, ana nàdze nunya. Nunya ma si asu asiwò ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ. Lododowo 3:13 gblɔ be: “[Dzidzɔtɔe nye] amesi tu nunya.”

Zã Xɔtunu Siwo Dzo Mate Ŋu Afia O

Bene aƒe aɖe nanɔ anyi eteƒe nadidi eye wòanɔ dedie la, ele be woatui nyuie. Eyata ɖoe kplikpaa nàtu wò srɔ̃ɖeɖea kple susu be wòanɔ anyi ɖaa. Zã xɔtunu adodoe, siwo ate ŋu anɔ te ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ siwo nu sẽ abe dzo ene la nu. Nɔnɔme siwo nye mawumenunya, dɔmenyonyo, nugɔmesese, mawuvɔvɔ̃, vividodoɖeameŋu, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe seawo ŋu tso dzi blibo me, kple xɔse vavã nanɔ vevie na wò abe sika ene.

Dzidzɔ kple dzidzeme kpɔkpɔ le srɔ̃ɖeɖe me menɔ te ɖe ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ alo nudzedziname le agbe me dzi o. Nusi le dzia kple susua me dzie wotunɛ ɖo, eye nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nya la me doa ŋusẽ nɔnɔme nyui mawo siwo le dzia kple susua me. Woate ŋu awɔ nuxlɔ̃ame si nye “amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui” la ŋudɔ le srɔ̃ɖeɖe hã me.—Korintotɔwo I, 3:10.

Ne Kuxiwo Do Mo Ða

Bene xɔ aɖe nanɔ anyi eteƒe nadidi la, ele vevie be woawɔ ɖoɖo ɖe beléle nɛ be wòanɔ dedie ŋu. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a yia edzi kpea asi ɖe wo nɔewo ŋu le woƒe taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo me eye wodea bubu kple asixɔxɔ wo nɔewo ŋu la, woƒe srɔ̃ɖeɖea lia ke. Ewɔnɛ be ɖokuitɔdidi medoa mo ɖa o, eye wote ŋu ɖua dziku dodo dzi.

Dziku heliheli si wolé ɖi kple nuteɖeamedzi ate ŋu ana lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ nu natsi le srɔ̃ɖeɖe me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu ŋutsuwo be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.” (Kolosetɔwo 3:19) Gomeɖose ma ke yi na nyɔnuwo hã. Ne srɔ̃tɔwo dzea agbagba ɖea ameŋububu, domenyonyo, kple nugɔmesesename fiana la, woana be woƒe dzidzɔ kple dzidzeme kpɔkpɔ nasɔ gbɔ ɖe edzi. Asa ƒoƒo na dzibibi kabakaba kple asa ƒoƒo na amenuɖiaɖia nuwɔnawo akpe ɖe wo ŋu be woaƒo asa na dzrewɔwɔ ne kuxiwo do mo ɖa. Paulo xlɔ̃ nu be: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo.”—Efesotɔwo 4:32.

Ke ne wɔnavɔleameŋu ƒe seselelãmewo, dziku dodo na ame, alo ame mabumabu ɖe ɖeke me na dzi ku wò ya ɖe? Ðe nusi te ɖe dziwò la me na srɔ̃wòa le tufafa me. Ke hã, anyo wu be míana lɔlɔ̃ natsyɔ nya suesuewo dzi.—Petro I, 4:8.

Srɔ̃ŋutsu aɖe si to tetekpɔ geɖe me ƒe 35 sɔŋ le eƒe srɔ̃ɖeɖe me la gblɔ be, aleke kee nèdo dziku ɖe srɔ̃wò ŋui o, “mele be nàdzudzɔ nu ƒoƒo nɛ gbeɖe o.” Egblɔ kpee nunyatɔe be, “Megadzudzɔ lɔlɔ̃ ɖeɖe fia gbeɖe o.”

Àte Ŋu Atu Srɔ̃ɖeɖe si me Dzidzɔ Le Ðo!

Nyateƒee wònye be ƒome si me dzidzɔ le tutu ɖo mele bɔbɔe o. Ke hã, nenye be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖesiaɖe ɖoe kplikpaa be yewoana Mawu nanɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me la, ana be dzidzɔ nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me eye wòanɔ dedie. Eyata milé ŋku ɖe miaƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenyenye ŋu nyuie; eye miku ɖe mia nɔewo ŋu goŋgoŋ le srɔ̃ɖeɖea me. Eye nenɔ susu me na mi be Yesu ƒe nyawo ɖee fia be, dzidzɔ si anɔ srɔ̃ɖeɖea me ƒe kafukafua katã mayi na srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃a o. Ke boŋ, kafukafua ayi na Yehowa Mawu, Amesi nye srɔ̃ɖeɖea gɔmeɖoanyila la, koŋ. ‘Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.’—Mateo 19:6.—g7/06.

AGBALẼ BUBU SIWO NÀTE ŊU AXLẼ

Agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta, na aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe mia ŋu miakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le tutu ɖo me. Srɔ̃tɔ akpe alafa geɖe le xexeame godoo kpɔe be agbalẽa ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Biblia dzi la kpe ɖe yewo ŋu be yewoƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ganyo ɖe edzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nukae Ate Ŋu Akpe Ðe Ame Ŋu le Srɔ̃ɖeɖe si me Dzidzɔ Le Tutu Ðo Me?

▪ Mia kple srɔ̃wò misrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ɖekae ɣesiaɣi, eye mido gbe ɖa miabia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiame hena kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ.—Lododowo 3:5, 6; Filipitɔwo 4:6, 7; Timoteo II, 3:16, 17.

▪ Gbɔdɔdɔnuwɔnawo nanɔ mia kple srɔ̃wò ɖeɖe dzaa ko dome.—Lododowo 5:15-21; Hebritɔwo 13:4.

▪ Miɖo dze faa tso dzime lɔlɔ̃tɔe tso miaƒe kuxiwo kple masɔmasɔwo ŋu. —Lododowo 15:22; 20:5; 25:11.

▪ Miƒo nu na mia nɔewo le dɔmenyonyo kple ameŋububu me; miƒo asa na dɔmedzoedodo, vodada didi, kple nyahehe ɖe mia nɔewo ŋu.—Lododowo 15:1; 20:3; 21:9; 31:26, 28; Efesotɔwo 4:31, 32.

▪ Ne ewɔ na wò be srɔ̃wò mele nusi wòle be wòawɔ la wɔm o hã la, tsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo de dɔwɔwɔ me ɖokuibɔbɔtɔe.—Romatɔwo 14:12; Petro I, 3:1, 2.

▪ Midze agbagba vevie miatu nɔnɔme nyui siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ɖo.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Kolosetɔwo 3:12-14; Petro I, 3:3-6.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Miwɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu, si dze le Biblia me, dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mina ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nanye miaƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmeɖokpe sesẽ

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Mitu gbɔgbɔmenɔnɔme siwo ate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ siwo nu sẽ abe dzo ene nu ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ehiã agbagbadzedze be woana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖea me