Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amee Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Nyea?

Amee Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Nyea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Amee Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Nyea?

NUKAE Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nye? Woƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea—si wogayɔna be “Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ”—ŋu le Biblia ƒe gɔmedzedze be ele “agba sam le tsia dzi.” (Mose I, 1:2) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi, esime wogblɔ be Mawu le “dziƒowo” la, wokpɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la “le ɖiɖim abe akpakpa ene” ɖe Yesu dzi. (Mateo 3:16, 17) Azɔ hã, Yesu ƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu be enye “nyaxɔɖakɔla” alo kpeɖeŋutɔ.—Yohanes 14:16.

Ame aɖewo nɔ te ɖe nya siawo kple Biblia me nya bubuwo dzi ƒo nya ta be amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye abe alesi ko Mawu, Yesu, kple mawudɔlawo dometɔ ɖesiaɖe nye gbɔgbɔmeme ene. Enye nyateƒe be, ƒe alafa geɖe enye esia si Kristodukɔa ƒe sɔlemeha xɔŋkɔ dometɔ aɖewo gblɔna be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye ya. Togbɔ be dzixɔse sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖee nye esia hã la, subɔsubɔha geɖe me tɔwo gatɔtɔna kokoko, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã melɔ̃na ɖe woƒe hakplɔlawo ƒe nufiafia sia dzi o. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be, amesiwo wobia gbee dometɔ 61 le alafa me xɔe se be, Mawu ƒe gbɔgbɔa nye “Mawu ƒe teƒe aɖe nɔnɔ alo eƒe ŋusẽ ƒe dzesi ke menye ame wònye le eɖokui si o.” Ke nukae Biblia ya gblɔ?

Nusi Biblia Gblɔ

Amesiame si xlẽa Biblia le anukwareɖiɖi me aƒo nya ta be, gbɔgbɔ kɔkɔea to vovo na nusi subɔsubɔhawo fiana be amee wònye la. Bu Biblia me nudzɔdzɔ siawo ŋu kpɔ.

1. Esime Maria, Yesu dada, yi ɖasrã eƒe ƒometɔ Elisabet kpɔ la, Biblia gblɔ be vi si le Elisabet ƒe dɔ me ti kpo, “eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ.” (Luka 1:41) Ðe susu le eme be woagblɔ be ame aɖe “yɔ” nɔvia me fũa?

2. Esime Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be Yesue ava xɔ ɖe ye teƒe la, Yohanes gblɔ be: “Nye la metsɔ tsi [nyrɔ] mi . . . ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atsɔ [gbɔgbɔ] kɔkɔe . . . [anyrɔ] mi.” (Mateo 3:11) Manye amee Yohanes wɔnɛ, esime wòƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ nyrɔ amewo ŋu o.

3. Esi apostolo Petro yi Romatɔ asrafomegã aɖe kple eƒe ƒomea gbɔ la, egblɔ be Mawu tsɔ “gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ” si ami na Yesu. (Dɔwɔwɔwo 10:38) Ema megbe kpuie la, “gbɔgbɔ kɔkɔe la dze” asrafomegãa kple eƒe aƒemetɔwo katã dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be ewɔ nuku na ame geɖe “bena wotsɔ [gbɔgbɔ] kɔkɔe ƒe nunana kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi.” (Dɔwɔwɔwo 10:44, 45) Le afisia hã, nyagbe si wozã mewɔ ɖeka kple susu si nye be gbɔgbɔ kɔkɔea nye ame o.

Ebɔ le Mawu ƒe Nyaa me be woaƒo nu tso nusiwo menye ame o ŋu abe amee wonye ene. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye nunya, nugɔmesese, nuvɔ̃, ku, kple amenuveve. (Lododowo 8:1–9:6; Romatɔwo 5:14, 17, 21; 6:12) Yesu ŋutɔ hã gblɔ be “nunya la ƒe viwo katã tso afia nɛ,” alo nu nyui siwo dona tsoa nunya me la tsoa afia nɛ. (Luka 7:35) Edze ƒã be, menye ame si si vi ŋutɔŋutɔwo le ye nunya nye o. Nenema kee, womate ŋu agblɔ be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye le esi woƒo nu tso eŋu ɣeaɖewoɣi abe amee wònye ene ta o.

Nukae Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nye?

Woƒo nu tso Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu le Biblia me abe Mawu ƒe ŋusẽ si le dɔ dzi ene. Eyata nya si wozã na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le Hebrigbe si me woŋlɔ Biblia ɖo me la ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔe nye “Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ.” (Mose I, 1:2, NW) Biblia bliboa da asi ɖe edzi be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔea nye.—Mixa 3:8; Luka 1:35; Dɔwɔwɔwo 10:38.

To vovo na alesi ame akpa gãtɔ bunɛ la, Mawu mele afisiafi ɣeawokatãɣi o. Ke boŋ gbɔgbɔmenuto mee wòle, ele ‘enɔƒe koŋ le dziƒo.’ (Fiawo I, 8:39; Kronika II, 6:39) Ŋɔŋlɔawo gblɔ be teƒe aɖe koŋ li Mawu nɔna, afisi eƒe “fiazikpui” le. (Fiawo I, 22:19; Yesaya 6:1; Daniel 7:9; Nyaɖeɖefia 4:1-3) Ke hã, Mawu ate ŋu anɔ ‘enɔƒe’ azã eƒe dɔwɔŋusẽa wòawɔ dɔ aɖo afisiafi, le dziƒo kple anyigba ƒe nutowo katã me.—Psalmo 139:7.

Le keke ƒe 1879 me ke la, Biblia-ŋutinunyala Charles L. Ives wɔ ŋutete si le Mawu si be wòazã eƒe ŋusẽ tso teƒe aɖe koŋ wòade didiƒe la ƒe kpɔɖeŋu si sɔ nyuie. Eŋlɔ bena: “Le kpɔɖeŋu me, míegblɔna be, ‘Ʋu fesreawo, ne ɣe nage ɖe xɔa me.’ Nusi míewɔnɛ ye nye keklẽ si tsoa ɣea gbɔ, ke menye ɣe la ŋutɔ o.” Nenema kee, mehiã be Mawu ŋutɔ nayi teƒe siwo wòdi be yeazã yeƒe dɔwɔŋusẽa le o. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si ate ŋu ade xexe bliboa ƒe seƒe ke, koe wòzãna. Nusi gbɔgbɔ kɔkɔea nye nyanya nyuie—si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ triakɔa—ate ŋu ana nàka ɖe edzi be Yehowa awɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi.—g7/06.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

Ðe Biblia fia nu be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nyea?—Dɔwɔwɔwo 10:44, 45.

▪ Nukae gbɔgbɔ kɔkɔe la nye?—Mose I, 1:2.

▪ Afika gbegbee Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea te ŋu wɔa dɔ dena?—Psalmo 139:7.