Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Nye Nuvɔ̃ Gbãtɔ La?

Nukae Nye Nuvɔ̃ Gbãtɔ La?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nukae Nye Nuvɔ̃ Gbãtɔ La?

BIABIA sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie na mí. Nukatae? Elabena Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖo Mawu gblẽ nu le ameƒomea katã ŋu vaseɖe egbe. Biblia gblɔ be: “Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Gake aleke atikutsetse aɖe gbegbe le ati aɖe dzi kple eɖuɖu dzaa ko agblẽ nu nenema gbegbe?

Esime Mawu wɔ Adam kple Xawa la, etsɔ wo ɖo abɔ dzeani aɖe si me ati tsekuwo kple amagbe siwo woɖuna yɔ fũ la me. Ati ɖeka ŋu koe wode se ɖo—“ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la.” Esi wònye be ablɔɖe le Adam kple Xawa si be woawɔ tiatia na wo ɖokui ta la, woate ŋu atiae be yewoaɖo to Mawu alo yewomaɖo toe o. Ke hã, woxlɔ̃ nu Adam be, “gbesigbe nàɖu [ati, si na wodzea si nyui kple vɔ ƒe] ɖe, ku ke naku.”—Mose I, 1:29; 2:17.

Sedede si Sɔ

Sedede sia maɖe fu na wo le mɔ aɖeke nu o; Adam kple Xawa ate ŋu aɖu ati bubu siwo katã le abɔa me ƒe tsetse faa. (Mose I, 2:16) Gakpe ɖe eŋu la, sededea mefia be wobu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe wo ŋu, alo be woɖe bubu ɖa le wo ŋu o. Ne ɖee Mawu de se na wo be womagadɔ lãwo gbɔ alo awu ame o la, ame aɖewo ate ŋu agblɔ be dzodzro vɔ̃ aɖe le amegbetɔ deblibowo me si ta wòle be woade se na wo ɖo. Gake nuɖuɖu ya, dzɔdzɔme nue wònye eye esɔ hã.

Gbɔdɔdɔe atikutsetse si ŋuti wode se na wo le la nye abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ enea? Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Nusiwo tae nye be gbã la, esime Mawu de sea la, Adam ɖekae li eye edze ƒã be eya ɖeka koe nɔ anyi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. (Mose I, 2:23) Evelia, Mawu gblɔ na Adam kple Xawa be “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 1:28) Le nyateƒe me la, Mawu mate ŋu abia tso wo si be woada le yeƒe se dzi evɔ wòahatso kufia na wo le esi wowɔ nusi wòbia tso wo si ta o ɖe! (Yohanes I, 4:8) Etɔ̃lia, Xawa ɖu atikutsetsea do ŋgɔ na srɔ̃a eye emegbe hafi wòna ɖe Adam wòɖu. (Mose I, 3:6) Eme kɔ ƒã be, menye gbɔdɔdɔe atikutsetsea tsi tre ɖi na o.

Ðokuisigbenɔnɔ Didi

Ati ŋutɔŋutɔe ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la nye. Gake ati sia tsi tre ɖi na gome si le Mawu si abe Dziɖula ene be wòatso nya me le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu na eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo. Eyata menye fififi—nusi nye Mawu tɔ tsɔtsɔ—koe atia ƒe tsetsea ɖuɖu nye o, ke enye didi dadatɔe be yewoatso nya me na yewo ɖokui le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋuti hã. De dzesii be esi Satana ble Xawa be ne eya kple srɔ̃a woɖu atia ‘womele kuku ge akpɔ o’ megbe la, egblɔ ƒu edzi be: “Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”—Mose I, 3:4, 5.

Gake esi Adam kple Xawa ɖu atia la, woƒe nugɔmesese meva le abe Mawu tɔ ene le nyui kple vɔ̃ ŋu o. Le nyateƒe me la, Xawa gblɔ na Mawu be: “Da lae blem.” (Mose I, 3:13) Ke hã, se si Mawu de le nyanya nɛ, eye eya ŋutɔ hã gblɔe na da si dzi Satana to ƒo nu nɛ. (Nyaɖeɖefia 12:9) Eyata eƒe tomaɖomaɖo nuwɔnaa nye nusi wòɖo koŋ wɔ. (Mose I, 3:1-3) Gake womeble Adam ya o. (Timoteo I, 2:14) Le esi teƒe be wòaɖo to Ewɔla nuteƒewɔwɔtɔe la, eɖo to srɔ̃a hedze eƒe ɖokuisinɔnɔ nuwɔnaa yome.—Mose I, 3:6, 17.

Esi Adam kple Xawa tiae be yewoanɔ yewo ɖokui si ta la, wogblẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodoa me ɖikaa, eye nuvɔ̃ ɖi ɖe lãme na wo wòde woƒe wɔwɔme ƒe agunu ke hegblẽ nu le woƒe domenyiŋusẽfianu ŋu. Wonya nɔ agbe ƒe alafa geɖe ya, gake wodze kuku gɔme tso “gbesigbe” wowɔ nuvɔ̃a abe alesi ko atilɔ si wotso le ati aɖe ŋuti kunae ene. (Mose I, 5:5) Azɔ hã, esiae nye zi gbãtɔ si wose le wo ɖokui me be yewoxaxa. Wose le wo ɖokui me be yewole amama eye wodze agbagba be yewoaɣla yewo ɖokui ɖe Mawu. (Mose I, 3:7, 8) Azɔ hã, wokpɔe be yewodze agɔ, wose le wo ɖokui me be yewomele dedie o, eye ŋukpe lé wo. Woƒe nuvɔ̃a na wotɔtɔ le wo ɖokui me, eye woƒe dzitsinya hã nɔ fɔ bum wo le woƒe nuvɔ̃ si wowɔ ta.

Be Mawu nawɔ nuteƒe na eɖokui ahawɔ eƒe dzidzenu kɔkɔeawo dzi ta la, etso kufia na Adam kple Xawa wòsɔ eye wònya wo do goe le Eden-bɔa me. (Mose I, 3:19, 23, 24) Esia wɔe be Paradiso la, dzidzɔkpɔkpɔ, kple agbe mavɔ nɔnɔ bu ɖe wo, eye nuvɔ̃, fukpekpe, kple ku va xɔ ɖe wo teƒe. Nublanuinya ka gbegbee nye si dzɔ ɖe amegbetɔƒomea dzi! Gake esi Mawu tso kufia na atsu kple asi gbãtɔawo vɔ teti la, edo ŋugbe be yeaɖɔ nugbegblẽ siwo katã do tso woƒe nuvɔ̃a me la ɖo le esime mada le eya ŋutɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi o.

Yehowa ɖo tame be yeana Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo navo tso nuvɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Ewɔ esia to Yesu Kristo dzi. (Mose I, 3:15; Mateo 20:28; Galatiatɔwo 3:16) Mawu ato eyama dzi aɖe nuvɔ̃ kple nusiwo katã do tso eme la ɖa eye wòana anyigba la katã nazu paradiso, abe alesi ko wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.—Luka 23:43; Yohanes 3:16.—g6/06.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

Aleke míewɔ nya be ati si ŋu wode se ɖo la menye gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna o?—Mose I, 1:28.

Nukae ati si ŋu wode se ɖo la ɖuɖu fia?—Mose I, 3:4, 5.

Ðoɖo kae Mawu wɔ be yeatsɔ aɖɔ nuvɔ̃ me tsonuwo ɖo?—Mateo 20:28.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Menye gbɔdɔdɔnuwɔnae ati si ŋu wode se ɖo la tsi tre ɖi na o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Xawa di be yeanɔ abe Mawu ene, awɔ nyametsotso na eɖokui le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu