Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae míetsina kua amegã?

Nukatae míetsina kua amegã?

Nukatae míetsina kua amegã?

“Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.”—HIOB 14:1.

ÐEWOHĨ ewɔna na wò be ŋusẽ ava vɔ le nugbagbewo katã ŋu gbaɖegbe. Ʋu kple mɔ̃ siwo wozãna gbesiagbe la va gbea dɔ mlɔeba. Ele bɔbɔe be míasusui be nenema ke koe lãwo hã tsina hekunae. Gake, lãwo ŋuti nunyalagã Steven Austad gblɔ be: “Nugbagbewo to vovo kura na mɔ̃wo. Ðewohĩ nusi koŋ ɖe dzesi le nugbagbewo ŋue nye be, ŋutete le wo ŋu be woaɖɔ wo ɖokui ɖo.”

Alesi wò ŋutilã ɖɔa eɖokui ɖo ne èxɔ abi la wɔ nuku ŋutɔ, gake nusiwo wòɖɔna ɖo le eɖokui ŋu gbesiagbe ya gawɔ nuku ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, bu wò ƒuwo ŋu kpɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Scientific American gblɔ be: “Togbɔ be ƒu dzena le gotagome abe nusi me agbe mele o ene hã la, nugbagbee wònye, eye tɔtrɔ kple liɖɔɖɔwo yina edzi le ƒu siwo katã le ametia me la me vivivi madzudzɔmadzudzɔe ne míele tsitsim. Tɔtrɔ kple liɖɔɖɔ sia wɔnɛ be ƒuawo ƒe akpa aɖewo nyunyɔna eye teƒe siawo gbugbɔ nyena trena hezua yeye vivivi si wɔnɛ be kaka ƒe 10 nava yi la, ƒu siwo katã le míaƒe lãme la va zuna ƒu yeyewo keŋkeŋ, eye nuwɔna sia yia edzi ƒe 10 ɖesiaɖe.” Wò ŋutilã ƒe akpa bubuwo hã ɖɔa li wo ɖokui edziedzi. Lãmenugbagbevi siwo le wò ŋutigbalẽ, wò aklã, kple wò dɔkaviwo me la dometɔ aɖewo ɖɔa li wo ɖokui gbesiagbe kloe. Lãmenugbagbevi yeye miliɔn 25 kloe ye xɔna ɖe bubuwo teƒe le ametia me le sekɛnd ɖesiaɖe me. Ne menye ɖe wòdzɔna alea o, eye ne menye ɖe wò ametia ɖɔa eƒe akpawo katã ɖo alo ɖɔa li wo edziedzi o la, anye ne àku amegã alo nyagã le ɖevime ke.

Esi nugbagbeŋutinunyalawo te nu sɔsrɔ̃ tso nu vevi siwo ƒo ƒu wɔ lãmenugbagbeviwo ŋu la, wova de dzesii wòwɔ nuku na wo be, togbɔ be míetsina kua amegã hã la, mefia be ɖe wɔna va vɔna le míaƒe lãmenugbagbeviwo ŋu o. Ne lãmenugbagbevi aɖe ɖɔ li bubu la, ele be nyatakaka vevi siwo katã hiã hena ameti bliboa wɔwɔ yeyee ake, si woyɔna be DNA alo domenyiŋusẽfianu la, nanɔ lãmenugbagbevi yeyea me. Bu zi gbɔ zi neni si lãmenugbagbeviwo gbugbɔ DNA wɔna yeyee, menye le wò ŋutilã me le wò agbenɔɣi ko o, ke tso esime amegbetɔwo dze agbenɔnɔ gɔme ke, ŋu kpɔ! Be míase alesi wòwɔ nukui gɔme la, bu nusi adzɔ ne wotsɔ mɔ̃ si wotsɔ wɔna fotokɔpi wɔ agbalẽ aɖe si dzi nuŋɔŋlɔwo ɖe ɖo nyuie ƒe kɔpi, eye wotsɔ kɔpi yeyea wɔ fotokɔpi bubu, eye woyia edzi tsɔa yeyetɔ ɖesiaɖe si wowɔ, si dzi nuŋɔŋlɔawo megale dzedzem le tututu o, gbugbɔ nɔa kɔpi yeye bubu ɖesiaɖe wɔmee ɖaa la ŋu kpɔ. Àkpɔe be nuŋɔŋlɔ siwo le kɔpi yeyetɔ ɖesiaɖe si woawɔ dzi anɔ koklom vaseɖe esime nuŋɔŋlɔ aɖeke magava nɔ dzedzem kura o. Dzidzɔtɔe la, míaƒe DNA la dome megblẽna alo wɔna vɔna le eŋu nenema ne míaƒe lãmenugbagbeviawo le mamam o. Nukatae? Elabena míaƒe lãmenugbagbeviwo toa mɔ geɖe dzi ɖɔa vodada siwo le DNA siwo wogbugbɔ wɔ me la ɖo. Ne menye nenemae wòdzɔna o la, anye ne ameƒomea nu va yi xoxoxo!

Esi wònye míaƒe ŋutilã ɖɔa li eƒe akpa ɖesiaɖe—tso ŋutinu gãwo dzi va ɖo lãmenugbagbevi me nu suetɔwo kekeake dzi—ta la, menye be ɖe wɔna va vɔna le míaƒe lãmenugbagbeviwo ŋu tae míetsina ɖo o. Amegbetɔ ƒe ŋutinuwo ɖɔa wo ɖokui ɖo alo ɖɔa li wo ɖokui ƒe geɖe, eye ɖesiaɖe kple alesi wòwɔnɛ. Ekema, nukatae wo katã ƒe dɔwɔwɔ ŋutete va ɖiɖina le ɣeyiɣi ɖeka me?

Ðe Woɖoe Ði be Míava Tsi Aku Amegã?

Nukata dadi nɔa agbe ƒe 20, evɔ lã aɖe si woyɔna be opossum, si hã ƒe lolome le abe dadi ke ene ya nɔa agbe ƒe 3 pɛ ko? * Nukatae agutɔ nɔa agbe ƒe 20 alo ƒe 30, evɔ ƒe 3 koe afi ya nɔa agbe? Nukatae klo aɖewo nɔa agbe ƒe 150, evɔ ƒe 70 koe atiglinyi ya nɔa agbe? Menye nusi woɖuna, woƒe kpekpeme, ahɔhɔ̃ ƒe lolome, alo alesi wonɔa agbee gbɔe vovototo si le woƒe agbenɔƒewo dome la tso o. Numekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Ƒe agbɔsɔsɔme si nugbagbe ɖesiaɖe ate ŋu anɔ agbe la le eƒe domenyiŋusẽfianu me.” Wode agbenɔƒe ƒe didime aɖe nugbagbe ɖesiaɖe ƒe domenyiŋusẽfianu me. Gake nuka gbɔe wòtsona be ne nugbagbe aɖe gogo eƒe agbenɔƒe ma ƒe nuwuwu ko la, eƒe ŋutinuwo katã ƒe dɔwɔwɔ dzi nɔa ɖiɖim?

Agbeŋusẽŋutinunyala Aƒetɔ John Medina gblɔ be: “Edze abe ne eva ɖo afi aɖe ko la, dzesi trama aɖewo va dzena, siwo nana lãmenugbagbeviawo dzudzɔa woƒe dɔ wɔwɔ ene.” Egblɔ hã be: “Domenyiŋusẽfianu aɖewo li, siwo nana lãmenugbagbeviwo, kple ameti bliboa, tsina hekuna.”

Míate ŋu atsɔ míaƒe ametia asɔ kple dɔwɔƒe aɖe si wɔa dɔ nyuie hena ƒe gbogbo aɖewo. Gake tsɔe be va ɖo ɣeyiɣi aɖe la, dɔdzikpɔlawo dzudzɔ ame yeyewo xɔxɔ kple hehe nana wo, wodzudzɔ mɔ̃ siwo wotsɔ wɔa dɔe la dzadzra ɖo, eye womegaƒlea yeyewo ɖe wo teƒe o, eye wodzudzɔ beléle na dɔwɔƒea kple edzadzraɖo. Eteƒe madidi o, dɔwɔƒea ate gbagbã. Gake nukatae dɔdzikpɔla mawo katã trɔ ɖoɖo nyui si nɔ wo si tsã la? Nyabiase ma ke tɔgbee dze ŋgɔ nugbagbeŋutinunyala siwo srɔ̃a nu tsoa amegãkuku ŋu. Agbalẽ si nye The Clock of Ages (Alesi Ɣeyiɣiawo Va Le Yiyimee) gblɔ be: “Nusiwo koŋ gɔme amegãkuku ŋutinunyalawo mesena o dometɔ ɖekae nye nusitae lãmenugbagbeviwo va dzudzɔa dzidzi ɖe edzi hetea kuku.”

Ðe Woate Ŋu Aɖe Amegãkuku Ða?

Wogblɔ be nusi gbɔ amegãkuku tsona nyanyae nye “nugbagbeŋutinunyalawo ƒe kuxi sesẽtɔ kekeake.” Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ numekuku ƒe gbogbo aɖewo tso amegãkuku ŋu hã la, womenya nusita ame tsina kua amegã, kaka ahanya alesi woawɔ aɖee ɖa o. Le ƒe 2004 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Scientific American gblɔ nuxlɔ̃amenya aɖe si dzɔdzɔmeŋutinunyala 51 aɖewo siwo srɔ̃a nu tsoa amegãkuku ŋu la na. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Atike siwo dzram wole fifia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe amegãkuku dzi kpɔtɔ, tɔ tee, alo na ame tsitsiwo trɔ zu sɔhɛwo haɖe o.” Togbɔ be nu nyui ɖuɖu kple kamedede ate ŋu ana nànɔ lãmesẽ me, eye màku kaba le dɔléle ta o hã la, womeke ɖe naneke ŋu si ana be màku amegã kaba o. Nya siawo na míeɖo ŋku Yesu ƒe nya siwo le Biblia me la dzi be: “Amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?”—Mateo 6:27.

Agbeŋusẽŋutinunyala, Medina, gblɔ tso agbagba siwo wodze be woaɖe amegãkuku ɖa ŋu kpuie ale: “Míenya nusitae míetsina kua amegã ɖo koŋ o. . . . Togbɔ be míeho aʋa ɖe kansa ŋu ƒe geɖe enye esia hã la, míeke ɖe edadatike aɖeke ŋu haɖe o. Eye nusiwo nana ame tsina la gɔme sese sesẽ kura wu nusiwo hea kansa vɛ gɔme sese.”

Numekukuwo Na Nyataƒonya Vevi aɖe Va Dze

Numekuku siwo wowɔ tso alesi nugbagbewo ƒe lãmenugbagbeviwo wɔa dɔe kple nusita nugbagbewo tsina ŋu mena agbe didi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bu ɖe amewo keŋkeŋ o. Ame aɖewo kpɔe be numekuku siwo yewowɔ la na yewova kpɔe be, hafi yewoase nusita ame tsina kua amegã ɖo gɔme la, ele be yewoalɔ̃ ɖe nyataƒonya vevi aɖe dzi. Lãmetsiŋununyala Michael Behe ŋlɔ be: “Nusiwo wosrɔ̃ tso lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu la na míeva se lãmenugbagbeviwo ƒe dɔwɔwɔ gɔme. . . . Nusiwo do tso agbagba geɖe siwo wodze be woasrɔ̃ nu tso lãmenugbagbeviwo ŋu tsitotsito—be woanya alesi wo me nu veviwo wɔa dɔe—la na wòva dze ƒã be ɖe wowɔ wo!” Nunyala aɖee wɔ nugbagbewo. Le nyateƒe me la, menye Behe ye nye ame gbãtɔ si ƒo nya ta nenema o. Esi blema hakpala aɖe de ŋugble tso amegbetɔwo ƒe wɔwɔme ŋu vɔ la, eŋlɔ be: “Wowɔm nukutɔe.”—Psalmo 139:14.

Ne ɖe wowɔ nugbagbewo katã la, ekema nyabiase vevi si fɔ ɖe te lae nye, Ðe Mawu, Wɔla Gã la, wɔ mí be míaƒe agbenɔƒe ƒe didime nasɔ kple ƒe si lã geɖewo tsɔ nɔa agbeea, alo ɖe wòdi be míanɔ agbe wòadidi wu lãwo tɔa?—g5/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Opossum nye lã aɖe si kɔa via ɖe aŋɔ nu, si le Dziehe Amerika.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

‘WOWƆ MÍ NUKUTƆE’

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

WOƑE AGBENƆƑE LE MAMA DEDIE NU

Anyi

ŋkeke 90

Afi

ƒe 3

Avu

ƒe 15

Fie

ƒe 30

Bamelo

ƒe 50

Atiglinyi

ƒe 70

Amegbetɔ

ƒe 80

Ako

ƒe 100

Klo

ƒe 150

Sequoia-ti

ƒe 3,000

Pinus aristata-ti

ƒe 4,700

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Wɔna si vɔna le míaƒe lãmenugbagbeviwo ŋu tae ame kua amegã ɖoa?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 14]

DNA: Foto: www.comstock.com